< Hezekiel 24 >

1 Le ƒe asiekelia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be,
Again in the ninth year, in the tenth month, in the tenth day of the month, the word of YHWH came unto me, saying,
2 “Ame vi, ŋlɔ ŋkeke sia, ŋkeke sia tututu da ɖi, elabena Babilonia fia ɖe to ɖe Yerusalem le ŋkeke sia tututu dzi.
Son of man, write thee the name of the day, even of this same day: the king of Babylon set himself against Jerusalem this same day.
3 Do lo aɖe na ƒome dzeaglã la me tɔwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.’ “Tsɔ nuɖaze la ɖo dzo dzi, tsɔe ɖo dzo dzi, eye nàku tsi ɖe eme.
And utter a parable unto the rebellious house, and say unto them, Thus saith the Sovereign YHWH; Set on a pot, set it on, and also pour water into it:
4 Tsɔ lã la de ze la me. Tsɔ eƒe akpa xɔasitɔwo, lãkɔ nyuitɔwo katã kpe ɖe ata kple abɔgba ŋuti. Na be ze la nayɔ fũu kple lã la ƒe akpa siawo ƒe ƒu nyuitɔwo.
Gather the pieces thereof into it, even every good piece, the thigh, and the shoulder; fill it with the choice bones.
5 Tsɔ wò lã nyuitɔ tso lãha la me, eye nàde nake ete hena ƒuawo ɖaɖa. Na tsi la nafie, eye nàɖa ƒuawo le eme.
Take the choice of the flock, and burn also the bones under it, and make it boil well, and let them seethe the bones of it therein.
6 “Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Babaa na hlɔ̃dodu la, babaa na nuɖaze si lé ɣebia, eye ɣebialéle maɖe ɖa le eŋu o! Ɖe lãkɔawo ɖeka ɖeka le ze la me, gake mègadzidze nu ɖe wo dzi o.
Wherefore thus saith the Sovereign YHWH; Woe to the bloody city, to the pot whose scum is therein, and whose scum is not gone out of it! bring it out piece by piece; let no lot fall up on it.
7 “Elabena ʋu si wòkɔ ɖi la le edome. Ekɔe ɖe agakpe ƒuƒlu dzi, mekɔe ɖe anyigba dzi, afi si ʋuʋudedi atsyɔ edzi le o.
For her blood is in the midst of her; she set it upon the top of a rock; she poured it not upon the ground, to cover it with dust;
8 Be nye dziku nafla, eye mabia hlɔ̃ ta la, mekɔ eƒe ʋu ɖe agakpe ƒuƒlu dzi, ale be ʋuʋudedi matsyɔ edzi o.
That it might cause fury to come up to take vengeance; I have set her blood upon the top of a rock, that it should not be covered.
9 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, “Babaa na du si me ʋukɔkɔɖi le. Nye hã mali kɔ nake wòakɔ.
Therefore thus saith the Sovereign YHWH; Woe to the bloody city! I will even make the pile for fire great.
10 Eya ta fɔ nake da ɖe nakekɔ la dzi, eye nàdo dzo. Ɖa lã la nyuie, nàde detsiƒonu ʋeʋĩwo eme, eye nàna ƒuawo nafia.
Heap on wood, kindle the fire, consume the flesh, and spice it well, and let the bones be burned.
11 Ekema nàtsɔ ze ƒuƒlu la da ɖe dzokawo dzi va se ɖe esime wòaxɔ dzo nyuie, eye eƒe akɔbli naklẽ, ale be eƒe nu makɔmakɔwo nalolo, eye etenuwo nafia.
Then set it empty upon the coals thereof, that the brass of it may be hot, and may burn, and that the filthiness of it may be molten in it, that the scum of it may be consumed.
12 Ena agbagbadzedzewo katã zu dzodzro; womeɖe nu siwo ɖo aƒa titri ɖe ete la ɖa kple dzo gɔ̃ hã o.
She hath wearied herself with lies, and her great scum went not forth out of her: her scum shall be in the fire.
13 “‘Azɔ la, wò nu makɔmakɔe nye ŋukpenanuwɔwɔ. Esi medze agbagba be makɔ ŋuwò, ke esi mèna be woakɔ ŋuwò le wò makɔmakɔnyenye me o ta la, màgakɔ azɔ o va se ɖe esime nye dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe ŋuwò nu nabɔbɔ.
In thy filthiness is lewdness: because I have purged thee, and thou wast not purged, thou shalt not be purged from thy filthiness any more, till I have caused my fury to rest upon thee.
14 “‘Nye Yehowae ƒo nu. Ɣeyiɣi la ɖo be mawɔ edzi. Nyematɔ o, eye nyemakpɔ nublanui loo alo adzudzɔ nu si meɖo la wɔwɔ o. Woadrɔ̃ ʋɔnu wò le wò nɔnɔme kple wɔnawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’”
I YHWH have spoken it: it shall come to pass, and I will do it; I will not go back, neither will I spare, neither will I repent; according to thy ways, and according to thy doings, shall they judge thee, saith the Sovereign YHWH.
15 Yehowa ƒe nya va nam be,
Also the word of YHWH came unto me, saying,
16 “Ame vi, mele nu si doa dzidzɔ na wò ŋkuwo la ɖe ge ɖa kpata. Ke mègafa konyi alo afa avi loo alo ana wò aɖatsi nado o.
Son of man, behold, I take away from thee the desire of thine eyes with a stroke: yet neither shalt thou mourn nor weep, neither shall thy tears run down.
17 Ɖe hũu ɖɔɖɔɖɔ; mègafa ame kukuwo o. Sa wò tablanu sesĩe, eye nàdo wò tokota; mègatsɔ nu bla wò glã loo alo nàɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.”
Forbear to cry, make no mourning for the dead, bind the tire of thine head upon thee, and put on thy shoes upon thy feet, and cover not thy lips, and eat not the bread of men.
18 Ale meƒo nu na ameawo le ŋdi me, eye le fiẽ me la, srɔ̃nye ku. Esi ŋu ke ŋdi la, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ la.
So I spake unto the people in the morning: and at even my wife died; and I did in the morning as I was commanded.
19 Ameawo biam be, “Màgblɔ nu si nu siawo awɔ kple mí la na mí oa?”
And the people said unto me, Wilt thou not tell us what these things are to us, that thou doest so?
20 Ale megblɔ na wo be, “Yehowa ƒe nya va nam be,
Then I answered them, The word of YHWH came unto me, saying,
21 Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu
Speak unto the house of Israel, Thus saith the Sovereign YHWH; Behold, I will profane my sanctuary, the excellency of your strength, the desire of your eyes, and that which your soul pitieth; and your sons and your daughters whom ye have left shall fall by the sword.
22 Miawɔ nu si mewɔ. Miatsɔ nu abla glã loo alo aɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.
And ye shall do as I have done: ye shall not cover your lips, nor eat the bread of men.
23 Mina miaƒe tablanu nanɔ ta na mi, eye miaƒe tokota nanɔ afɔ na mi; miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye miaɖe hũu le mia ɖokuiwo dome.
And your tires shall be upon your heads, and your shoes upon your feet: ye shall not mourn nor weep; but ye shall pine away for your iniquities, and mourn one toward another.
24 Hezekiel anye kpɔɖeŋu na mi. Miawɔ nu abe ale si wòwɔ tututu la ene. Ne esia va eme la, mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’
Thus Ezekiel is unto you a sign: according to all that he hath done shall ye do: and when this cometh, ye shall know that I am the Sovereign YHWH.
25 “Eye wò, Ame vi, gbe si gbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe, nu si nya kpɔna na woƒe ŋkuwo, woƒe dzi ƒe didi, wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo ɖa la,
Also, thou son of man, shall it not be in the day when I take from them their strength, the joy of their glory, the desire of their eyes, and that whereupon they set their minds, their sons and their daughters,
26 gbe ma gbe la, sisila aɖe ava be yeaka nyadzɔdzɔ la ta na wò.
That he that escapeth in that day shall come unto thee, to cause thee to hear it with thine ears?
27 Ɣe ma ɣi me la, woaʋu nu na wò, wò kple sisila la miaƒo nu, màgazi ɖoɖoe o. Ale ànye kpɔɖeŋu na wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.”
In that day shall thy mouth be opened to him which is escaped, and thou shalt speak, and be no more dumb: and thou shalt be a sign unto them; and they shall know that I am YHWH.

< Hezekiel 24 >