< Hezekiel 23 >
1 Yehowa ƒe nya va nam be,
A message from the Lord came to me, saying,
2 “Ame vi, nyɔnu eve aɖewo, dada ɖeka ƒe vinyɔnuviwo nɔ anyi.
“Son of man, there were once two women. They were daughters of the same mother.
3 Wozu gbolowo le Egipte, eye wowɔ gbolo tso keke woƒe ɖetugbime ke. Le anyigba ma dzi la, wolé no na wo, eye woli asi woƒe akɔnu.
They became prostitutes in Egypt. In fact, they were prostitutes from the time they were young. They allowed their virgin breasts to be fondled and their nipples squeezed.
4 Tsitsitɔ ŋkɔe nye Ohola, eye nɔvia tɔe nye Oholiba. Wonye tɔnyewo, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nam. Oholae nye Samaria, eye Oholiba nye Yerusalem.
The older girl was called Oholah, and her sister Oholibah. I married them both and they had sons and daughters. Oholah represents Samaria, and Oholibah represents Jerusalem.
5 “Ohola nɔ gbolo wɔm le esime wòganye tɔnye ko, eye wòtiaa eƒe ahiãviwo yome vevie. Ame siawo nye aʋawɔlawo tso Asiria,
Oholah prostituted herself while she was still married to me. She wanted to have sex with her lovers, the Assyrians.
6 wodoa awu blɔtɔwo, wonye mɔmefiawo kple amegãwo, wonye nye ɖekakpui dzeɖekɛwo kple sɔdolawo.
They were soldiers dressed in blue, leaders and commanders, all of them handsome young men in the cavalry.
7 Etsɔ eɖokui abe gbolo ene na Asiriatɔwo ƒe ame ŋkutawo katã, eye wòtsɔ ame sia ame si yome wòtina vevie la ƒe legbawo do gu eɖokui.
She gave away herself sexually to all the important men of Assyria. She made herself unclean by her worship of all the idols of those men she wanted to have sex with.
8 Meɖe asi le gbolowɔwɔ si gɔme wòdze le Egipte la ŋu o. Le eƒe ɖetugbime la, ŋutsuwo dɔna kplii, lia asi eƒe akɔnu hewɔa ahasi kplii vivivo.
She didn't stop her prostitution that she started in Egypt—men sleeping with her when she was young, squeezing her virgin breasts and using her to satisfy their sexual appetite.
9 “Eya ta metsɔe na eƒe ahiãviwo, Asiriatɔwo, ame siwo yome wòtina vevie.
So I handed her over to her lovers, the Assyrians she wanted to have sex with.
10 Woɖe amamae, kplɔ via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo dzoe, eye wowui kple yi. Ezu lodonya le nyɔnuwo dome, eye wohe to nɛ.
They stripped her naked, took away her sons and daughters, and killed her with the sword. She became infamous among women, and they punished her.
11 “Nɔvia nyɔnu Oholiba kpɔ nu sia, gake ede ŋgɔ le eƒe ŋutsuwo yometiti kple gbolowɔwɔ me wu nɔvia nyɔnu.
Oholibah saw what happened to her sister, but she became even worse than her in her wanting sex and practicing prostitution.
12 Eya hã ti Asiriatɔwo, mɔmefiawo kple aʋafia gãwo, aʋawɔla, siwo le asrafowu me, sɔdolawo; ame siwo katã nye ɖekakpui dzeɖekɛwo yome.
She also wanted to have sex with the Assyrians: their leaders and commanders, their splendidly-dressed soldiers—all of them handsome young men in the cavalry.
13 Mekpɔe be eya hã do gu eɖokui, eye wo ame eve la siaa to mɔ ɖeka ma.
I saw that she had also made herself unclean—both sisters were doing the same thing.
14 “Gake eya gatsɔ gbolowɔwɔ yi ŋgɔe wu. Ekpɔ wota ŋutsuwo ɖe gli aɖe ŋu. Wota Babiloniatɔwo kple aŋɔ dzĩ,
However, Oholibah's prostitution was even worse. She saw pictures of Babylonian soldiers wearing bright red uniforms painted on the wall.
15 alidziblanu le ali dzi na wo, eye tablanu gã le ta na wo. Wo katã woɖi Babiloniatɔwo ƒe tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo, eye wonye Babiloniatɔwo.
They were wearing belts on their waists and large turbans on their heads. They all looked like Babylonian officers in Chaldea, the country where they were born.
16 Esi wòkpɔ wo ko la, wodzroe, eye wòdɔ amewo ɖe wo le Babilonia.
When she saw the paintings of them, she wanted to have sex with them and sent messengers to them in Chaldea.
17 Babiloniatɔwo do gui. Esi wodo gui vɔ la, etrɔ le wo yome kple dɔmedzoe.
The Babylonians came to her and her love bed, and made her unclean with their sexual desire. However, after she had been dishonored by them, she rejected them in disgust.
18 Esi wòyi eƒe gbolowɔwɔ dzi le gaglãgbe, eye wòɖe amama fia amewo ta la, meɖe asi le eŋu kple dɔmedzoe abe ale si meɖe asi le nɔvia nyɔnu ŋu kple dɔmedzoe ene.
When Oholibah so blatantly prostituted herself, exposing herself naked, I turned away from her in disgust, just as I had done to her sister.
19 Ke egayi gbolowɔwɔ dzi wu esi wòɖo ŋku eƒe ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime wònye gbolo le Egipte.
But she practiced even more prostitution, remembering how she'd been a prostitute in Egypt when she was young.
20 Le afi ma la, eti eƒe ahiãviwo yome. Woƒe ŋutsu le abe tedzitsuwo tɔ ene, eye woƒe ŋutsunu le abe sɔtsuwo tɔ ene.
She wanted to have sex with her lovers who had genitals like donkeys and who ejaculated like stallions.
21 Ale ŋukpenanu siwo nèwɔ le wò ɖetugbime gadzro wò esime nènɔ Egipte, woli asi wò akɔnu, eye wolé wò ɖetugbimeno.
You went back to the indecent acts when you were young, when the Egyptians squeezed your nipples and fondled your young breasts.
22 “Eya ta Oholiba, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Made ada ta me na wò ahiãviwo, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe, eye makplɔ wo vɛ woatso ɖe ŋuwò tso axa ɖe sia ɖe dzi.
So Oholibah, this is what the Lord God says: I'm going to encourage your lovers to attack you, those you rejected in disgust. I will bring them to attack you from every direction:
23 Babiloniatɔwo, ame siwo katã tso Babilonianyigba dzi, ŋutsuwo tso Pekod kple Soa kple Koa kple Asiriatɔwo katã, kpe ɖe wo ŋu. Wonye ɖekakpui dzeɖekɛwo. Wo katã wonye mɔmefiawo, dumegãwo, tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kple ame ŋkutawo, eye wo katã woganye sɔdolawo.
the Babylonians and all the Chaldeans, the men of Pekod, Shoa, and Koa, and all the Assyrians along with them—all handsome young men, leaders and commanders, chariot captains and important officers, all riding horses.
24 Woatsɔ aʋawɔnuwo ɖe ŋuwò ava tu wò kple tasiaɖamwo, kekewo kple ameha gã aɖe. Woanɔ axa ɖe sia ɖe dzi, atsi tsitre ɖe ŋuwò kple akpoxɔnu gãwo kple suewo kple gakukuwo. Matsɔ wò ade asi na wo hena tohehe, eye woahe to na wò le woƒe sewo nu.
They will attack you from the north, invading with a great army, chariots, and wagons. They will come with their shields and helmets and surround you. I will hand you over to them for punishment, and they will judge and punish you following their own laws.
25 Matrɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatu nu kpli wò kple dɔmedzoe. Woakpa ŋɔti kple towo na wò, eye mia dometɔ siwo atsi anyi la, atsi yinu. Woakplɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo adzoe, eye dzo afia mi ame siwo asusɔ.
I feel so strongly about what you've done that I will oppose you, and they will treat you very badly. They will cut off your noses and ears, and they will kill those of you who are left. They will take away your sons and daughters as prisoners, and those of you who are left will be destroyed by fire.
26 Woaɖe wò avɔwu ɖa le ŋuwò, eye woatsɔ wò sikanuwo adzoe.
They will tear off your clothes and take your beautiful jewelry.
27 Ale matɔ te ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ si gɔme nèdze le Egipte. Nu siawo magadzro wò o, eye màgaɖo ŋku Egipte dzi azɔ o.’
I'm going to put a stop to your immorality and prostitution, which started in Egypt. You won't think longingly about those times, and you'll forget all about Egypt.
28 “Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esusɔ vie matsɔ wò ade asi na ame siwo nèlé fui, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe.
For this is what the Lord God says: Believe it when I say that I'm going to hand you over to the people you hate, the ones you rejected in disgust.
29 Woatu nu kpli wò kple fuléle, eye woatsɔ wò nu siwo katã nèwɔ dɔ hekpɔ la adzoe. Woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu, eye woahe wò gbolowɔwɔ ƒe ŋukpe ɖe go. Wò ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ woe
They will treat you with hatred. They will take away everything you've worked for, leaving you stark naked with nothing, so that so that the indecent acts of your prostitution will be exposed. Your immorality and prostitution
30 he nu siawo va dziwò, elabena èdze dukɔwo yome, eye nèdo gu ɖokuiwò kple woƒe legbawo.
is why all this has happened to you, because you acted as a prostitute with the nations and made yourself unclean by worshiping their idols.
31 Èdze nɔviwò nyɔnu yome, eya ta matsɔ eƒe kplu ade asi na wò.’
Because you did what your sister did, I will give you her cup to drink.
32 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, “Àno nɔviwò nyɔnu ƒe kplu, kplu si lolo, eye wòde eme, ahe vlododo kple koko vɛ, elabena nu geɖewo le eme.
This is what the Lord God says: You will drink from your sister's cup—a large, deep cup. You will be laughed at and insulted. You'll have to endure much of this.
33 Ahamumu kple nuxaxa ayɔ mewò. Nɔviwò nyɔnu, Samaria, ƒe kplu nye tsɔtsrɔ̃ kple aƒedozuzu ƒe kplu.
It will make you drunk and full of grief because it's a cup of that brings horror and destruction, the cup your sister Samaria drank from.
34 Ànoe wòavɔ le eme ƒiaƒiaƒia, aɖuɖɔ eƒe gbagbãwo eye nàde abi wò nowo ŋu. Aƒetɔ Yehowa be, yee gblɔe.
You will drink it all down, smash it to pieces on the ground, and tear at your breasts. This is what I have spoken, declares the Lord God.
35 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esi nèŋlɔm be, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe megbe ta la, ele na wò be nàtsɔ wò ŋukpenanuwɔwɔwo kple wò gbolowɔwɔ ƒe yomedzenuwo.”
In summary this is what the Lord God says: Because you have forgotten about me and have ignored me, you will have to experience the consequences of your immorality and prostitution.”
36 Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ɖe nàdrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholiba mahã? Ekema tsɔ woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ɖo woƒe ŋkume,
Then the Lord said to me: “Son of man, are you going to condemn Oholah and Oholibah? Expose the disgusting things they've done!
37 elabena wowɔ ahasi, eye ʋu ƒo asi na wo. Wowɔ ahasi kple woƒe legbawo; wotsɔ wo vi siwo wodzi nam la sa vɔe gɔ̃ hã abe nuɖuɖu na woƒe legbawo ene.
For they have committed adultery, and they are guilty of murder. They have committed adultery with their idols, and have even offered their children, whom they had for me, as sacrifices to their idols.
38 Wogawɔ esia ɖe ŋunye. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wodo gu nye kɔkɔeƒe la, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo.
They also did this to me: On the very same day they both made my sanctuary unclean and violated my Sabbaths.
39 Le ŋkeke si dzi wotsɔ wo viwo sa vɔe na woƒe legbawo la, gbe ma gbe tututue woge ɖe nye kɔkɔeƒe la, eye wodo gui. Nu mae wowɔ le nye aƒe me.
On very day that they killed their children for their idols, they went my sanctuary and made it unclean. Look at what they did right inside my Temple!
40 “Gawu la, woɖo du ɖe ŋutsuwo, ame siwo va tso didiƒe, eye esi wova ɖo la, miele tsi na mia ɖokuiwo, miesi nu yibɔ ɖe miaƒe aɖaba te, eye miede miaƒe sikanuwo.
They even kept on sending messengers for men to come from far away. When the men arrived, you would get yourselves ready for them by bathing, doing your eye makeup, and putting in your jewelry.
41 Mienɔ anyi ɖe nye abati nyuitɔ dzi, kplɔ̃ le eŋgɔ, kplɔ̃ si dzi míetsɔ dzudzɔdonu kple ami siwo nye tɔnye la da ɖo.
You sat on an expensive couch, with my incense and my oil on a table placed in front of it.
42 “Ameha aɖe ƒe howɔwɔ ƒo xlãe. Wokplɔ Sabeatɔwo tso gbegbe kpli wo vɛ, eye wotsɔ abɔgɛwo de abɔwo na nyɔnu la kple nɔvia nyɔnu, eye woɖɔ fiakuku dzeaniwo na wo.
The room was full of the noise of people partying. Drunk men were brought in from the desert along with some common people and they put bracelets on your wrists and beautiful crowns on your head.
43 Megblɔ tso ame si ŋu wɔna vɔ le le ahasiwɔwɔ ta be, ‘Azɔ la, mina woazãe abe gbolo ene, elabena eya koe nye nu si wònye.’
Then I said about the old worn-out woman, ‘Now they can have her as a prostitute because that's what she is!’
44 Eye wodɔ egbɔ. Abe ale si ŋutsuwo dɔa gbolo gbɔ ene la, nenema wodɔ nyɔnu ŋukpenanuwɔla, Ohola kple Oholiba gbɔe.
So they had sex with her like a prostitute. They had sex with Oholah and Oholibah, those immoral women.
45 Ke ŋutsu dzɔdzɔewo ada nyɔnu ahasitɔwo kple ʋukɔɖilawo ƒe tohehe ɖe wo dzi, elabena wonye ahasitɔwo, eye ʋu ƒo asi na wo.
But men who believe in what's right will judge them and impose the punishment for committing commit adultery and murder, because they are adulterers and murderers.
46 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kplɔ ameha aɖe vɛ ɖe wo ŋu, eye nàtsɔ wo ade asi na ŋɔdzinuhaha.’
This is what the Lord God says: Have a mob attack them! Make them terrified and rob them.
47 Ameha la aƒu kpe wo, eye woadza wo kple woƒe yiwo, woawu wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo, eye woatɔ dzo woƒe xɔwo.
The mob will stone them and kill them with their swords, slaughtering their sons and daughters and burning down their houses.
48 “Ale matsi ŋukpenanuwɔwɔ nu le anyigba la dzi, ale be nyɔnuwo katã nakpɔ nuxɔxlɔ̃, eye womaganɔ agbe abe woawo ene o.
This is how I will put an end to immorality in the country, and all the women will be warned not to do what you have done.
49 Miaxɔ miaƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ƒe tohehe, eye miatsɔ miaƒe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu. Ekema mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.”
They will punish you for your immorality, and you will have to experience the consequences of your idol worship. Then you will know that I am the Lord God.”