< Hezekiel 21 >

1 Yehowa ƒe nya va nam be,
Then came the word of Jehovah to me, saying:
2 “Trɔ wò mo ɖe Yerusalem ŋu, eye nàgblɔ nya atsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la ŋu. Gblɔ nya ɖi ɖe Israelnyigba ŋu,
Son of man, set thy face toward Jerusalem, and drop thy word toward the holy places, and prophesy against the land of Israel,
3 eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. Maɖe nye yi le eƒe aku me, eye matsrɔ̃ wò ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa.
and say to the land of Israel, Thus saith Jehovah: Behold, I am against thee, and I will draw forth my sword out of its sheath, and will cut off from thee the righteous and the wicked.
4 Esi mele ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa tsrɔ̃ ge le dziwò ta la, nye yi aɖe le aku me ɖe ame sia ame ŋu, tso dziehe yi anyiehe.
Seeing then that I cut off from thee the righteous and the wicked, therefore shall my sword go forth out of its sheath against all flesh from the south to the north.
5 Ekema amewo katã anya be nye Yehowae ɖe nye yi le aku me; magatrɔ yi aku me azɔ o.’
And all flesh shall know that I, Jehovah, have drawn forth my sword out of its sheath; it shall not return any more.
6 “Eya ta, nɔ ŋeŋem, Ame vi, ŋe le wo ŋkume kple dzigbagbã kple vevesese helĩhelĩ.
Thou, therefore, O son of man, sigh! With the breaking of thy loins, and with bitterness, sigh before their eyes!
7 Eye ne wobia wò be, ‘Nu ka ta nèle ŋeŋem ɖo?’ la, àɖo eŋu be, ‘Le nyadzɔdzɔ si gbɔna la ta. Dzi ɖe sia ɖe alolõ, asi ɖe sia ɖe adze ti, gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ayi to, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.’ Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
And when they shall say to thee, “Wherefore sighest thou?” thou shalt say, “For the rumor, because it cometh; and every heart shall melt, and all hands shall be feeble, and every spirit shall fail, and all knees shall flow with water. Behold it cometh, it shall be brought to pass, saith the Lord Jehovah.”
8 Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam,
Also the word of Jehovah came to me, saying:
9 “Ame vi, gblɔ nya ɖi be ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Yi, yi, wonyree eye wotutu eŋuti wòle dzo dam.
Son of man, prophesy, and say, Thus saith Jehovah: Say, The sword, the sword is sharpened and furbished.
10 Wonyree hena amewuwu wotutu eŋu be wòada dzo abe dzikedzo ene! “‘Ɖe míatso aseye le vinye Yuda ƒe fiatikplɔ ŋua? Yi doa vlo ati ma tɔgbi ɖe sia ɖe.
It is sharpened, that it may make sore slaughter; it is furbished that it may glitter. Or shall we make mirth? The staff of my son despiseth every rod.
11 “‘Woɖo na yi be woatutu eŋu, woake dzo, woalée ɖe asi, woanyree, asiae, eye woawɔe wòasu te na amewula la ƒe zazã.
And he gave it to be furbished that it might be handled. The sword is sharpened and furbished, to be given into the hand of the slayer.
12 Do ɣli eye nàfa avi, Ame vi, elabena egbɔna dzɔdzɔ ge ɖe nye amewo dzi, ɖe Israel ƒe dziɖulawo katã dzi. Woda wo kple nye amewo ɖe yinu, eya ta ƒo wò akɔta.
Cry and howl, son of man! for it cometh upon my people, upon all the princes of Israel. They are given up to the sword with my people. Therefore smite upon thy thigh.
13 “‘Dodokpɔɣi ava godoo. Ekema nya kae adzɔ ne Yuda ƒe fiatikplɔ, si yi doa vloe la, megayi edzi o? Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’
The trial is made. And what if even the contemning staff should be no more? saith the Lord Jehovah.
14 “Ekema, Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàƒo asikpe. Na yi nadze ame dzi zi eve alo zi etɔ̃ gɔ̃ hã. Amewuyie, yi na ame geɖewo wuwu, yi si amimi wo ɖo to axa ɖe sia ɖe dzi.
Thou, therefore, son of man, prophesy, and smite thine hands together! for twice, yea thrice, cometh the sword, a sword of slaughter, a sword of great slaughter, that besetteth them on every side.
15 Ale be dziwo nalolo banaa, eye ame kukuawo nasɔ gbɔ. Meda amewuyi la ɖe woƒe agbowo katã nu. O! Wowɔe be woake dzo abe dzikedzo ene, wolée na amewuwu.
That their hearts may faint, and their overthrown may be multiplied, I have set the terror of the sword against all their gates. Ah, how is it made to glitter, polished for slaughter!
16 O! Yi, lã nu yi ɖusime, emegbe yi miame, afi sia afi si wo yi la nu trɔ ɖo.
Unite thyself, smite to the right, prepare thyself, smite to the left, whithersoever thine edge is turned!
17 Nye hã maƒo asikpe, eye nye dziku nu abɔbɔ. Nye Yehowae gblɔe.”
I also will smite my hands together, and cause mine anger to cease. I, Jehovah, have spoken it.
18 Yehowa ƒe nya va nam.
The word of Jehovah came to me again, saying:
19 “Ame vi, de dzesi mɔ eve be Babilonia fia ƒe yi nato; mɔ eve siawo nadze egɔme tso anyigba ɖeka ma ke dzi. Tu mɔfiati aɖe ɖe afi si mɔa dze le ɖo ta du la me.
Do thou, son of man, appoint thee two ways by which the sword of the king of Babylon may come; from one land shall both of them come; and choose thou a place, choose it at the head of the way to the city.
20 De dzesi mɔ ɖeka wòato ayi ɖe Amonitɔwo ƒe Raba ŋu, eye bubu nayi Yuda kple Yerusalem, du si woglã la ŋu,
Appoint a way, that the sword may come towards Rabbath of the sons of Ammon, and towards Judah, to Jerusalem, the fenced city.
21 elabena Babilonia fia atɔ ɖe mɔdzeƒe la, le mɔ eveawo dzeƒe, be yeaka afa. Aka nu kple aŋutrɔwo, abia gbe eƒe legbawo, eye wòalé ŋku ɖe eƒe aklã ŋuti.
For the king of Babylon shall stand at the parting of the way, at the head of the two ways, to use divination; he shall shake together his arrows, he shall consult the teraphim, he shall look at the liver.
22 Nu si adzɔ ɖe Yerusalem dzi la, woatsɔe ade eƒe nuɖusime, afia afi si woatu gligbãnuwo ɖo, woaɖe gbe be woawu amewo woado aʋaɣli, wòatu gligbãnu ɖe agboawo nu, woaƒo kpo, eye woawɔ atsrɔewo ɖe gliawo ŋu.
In his right hand shall be the lot: Jerusalem, to set battering-rams, to open the mouth with the war-cry, to lift up the voice in shouting, to set battering-rams against the gates, to cast up a mound, to build a tower.
23 Adze abe aʋatsoɖeɖefia ene na ame siwo do ŋugbe be yewoanɔ edzi, ke aɖo ŋku woƒe dzidadawo dzi na wo, eye woaɖe aboyo wo.
And this shall appear a false divination in their sight, because they swore oaths to them. But he shall call to remembrance their iniquity, that they may be taken.
24 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. ‘Esi mi ame siawo mieɖo ŋku miaƒe vodada dzi to miaƒe aglãdzedze me, eye mieɖe miaƒe nu vɔ̃wo fia le nu siwo katã miewɔ me, esi miewɔ esia ta la, woaɖe aboyo mi.’
Therefore thus saith the Lord Jehovah: Because ye make your iniquity to be remembered, in that your transgressions are discovered, so that in all your doings your sins do appear, —because, I say, ye bring yourselves into remembrance, ye shall be taken with that hand.
25 “‘O! Wò Israel dziɖula vɔ̃ɖi, ame si gblɔa nya tovowo, ame si ƒe ŋkeke de, ame si ƒe ɣeyiɣi na tohehe ɖo eƒe kɔkɔƒe,
And thou, profane, wicked prince of Israel, whose day cometh in the time when iniquity bringeth destruction!
26 ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Ɖe wò tablanu, eye nàɖe wò fiakuku. Maganɔ abe ale si wònɔ tsã la ene o: woado ame tsɛwo ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegãwo ɖe anyi.
Thus saith the Lord Jehovah: I will remove the diadem, and take away the crown! This shall no more be this. I exalt him that is low, and abase him that is high.
27 Gbegblẽ! Gbegblẽ! Mawɔe wòazu gbegblẽ. Womagbugbɔe aɖo te o va se ɖe esime wòava aɖo ame si tɔ wònye la ƒe asi me; eyae matsɔe ana.’
I will destroy, destroy, destroy it; and it shall be no more until he come to whom the right belongeth, and to whom I will give it.
28 “Eye wò, Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Alea Yehowa gblɔ tso Amonitɔwo kple woƒe amedzudzuwo ŋue nye esi: “‘Yi, yi, woɖee le aku me na amewuwu, wotutu eŋu wòle dzo dam abe dzikedzo ene hena nugbegblẽ.
And thou, son of man, prophesy, and say: Thus saith the Lord Jehovah concerning the sons of Ammon and their scorn; even say thou, The sword, the sword is drawn; to slay, to consume, is it furbished, so that it glittereth;
29 Togbɔ be aʋatsoŋutegawo ƒe alakpaɖeɖefiawo le ŋuwò hã la, woatsɔe ada ɖe kɔ dzi na ame vɔ̃ɖi siwo wole wuwu ge, ame siwo ƒe ŋkeke de, eye woƒe tohehe ƒe ɣeyiɣi ɖo eƒe kɔkɔƒe.
while they see deceit for thee, and prophesy falsehood, that it may bring thee to the necks of the wicked that are slain, whose day cometh in the time when iniquity bringeth destruction.
30 Tsɔ yi la de eƒe aku me. Madrɔ̃ ʋɔnu wò le teƒe si wowɔ wò le, le fofowòwo ƒe anyigba dzi.
Return the sword into its sheath! In the place where thou wast created, in the land of thy nativity, I will judge thee,
31 Matrɔ nye dziku akɔ ɖe dziwò, eye magbɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe dzo ƒe ya ɖe ŋuwò. Matsɔ wò ade asi na ŋutasẽlawo, ame siwo bi ɖe nu gbegblẽ ƒe aɖaŋu me.
and I will pour upon thee my indignation, I will blow upon thee in the fire of my wrath, and deliver thee into the hands of brutal men, skilful to destroy.
32 Ànye nake na dzo, woakɔ wò ʋu ɖi le wò anyigba dzi, womagaɖo ŋku dziwò o, elabena nye Yehowae gblɔe.’”
Thou shalt be fuel for the fire; thy blood shall be in the midst of the land; men shall no more remember thee. I, Jehovah, have spoken it.

< Hezekiel 21 >