< Hezekiel 20 >
1 Le ƒe adrelia ƒe ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbe bia ge Yehowa, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume.
In the seventh year, on the tenth day of the fifth month, some of the elders of Israel came to inquire of the LORD, and they sat down before me.
2 Tete Yehowa ƒe nya va nam be,
Then the word of the LORD came to me, saying,
3 “Ame vi, ƒo nu na Israel ƒe ametsitsiwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ. Nyee mieva gbe bia gea? Meta nye agbe be nyemana miabia gbem o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’
“Son of man, speak to the elders of Israel and tell them that this is what the Lord GOD says: Have you come to inquire of Me? As surely as I live, I will not be consulted by you, declares the Lord GOD.
4 “Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Ekema tsɔ wo fofowo ƒe ŋunyɔnuwɔnawo ɖo woƒe ŋkume,
Will you judge them, will you judge them, son of man? Confront them with the abominations of their fathers
5 eye nàgblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye gbe si gbe metia Israel la, mekɔ nye asi dzi, meka atam na Yakob ƒe aƒe ƒe dzidzimeviwo, eye meɖe ɖokuinye fia wo le Egipte. Mekɔ nye asi dzi hegblɔ na wo be, “Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.”
and tell them that this is what the Lord GOD says: On the day I chose Israel, I swore an oath to the descendants of the house of Jacob and made Myself known to them in the land of Egypt. With an uplifted hand I said to them, ‘I am the LORD your God.’
6 Gbe ma gbe la, meka atam na wo be makplɔ wo ado goe le Egipte ayi anyigba aɖe si medi da ɖi na wo la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi tsana le. Anyigba sia nyo wu bubuawo katã.
On that day I swore to bring them out of the land of Egypt into a land that I had searched out for them, a land flowing with milk and honey, the glory of all lands.
7 Megblɔ na wo be, “Mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi mieda ŋku ɖo la ŋu, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple Egipte legbawo o. Nyee nye Aƒetɔ Yehowa, miaƒe Mawu la.”
And I said to them: ‘Each of you must throw away the abominations before his eyes, and you must not defile yourselves with the idols of Egypt. I am the LORD your God.’
8 “‘Ke wodze aglã ɖe ŋutinye, eye womeɖo tom o; womeɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi woda ŋku ɖo la ŋu o, eye womeɖe asi le woƒe Egipte legbawo hã ŋu o. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu le Egipte.
But they rebelled against Me and refused to listen. None of them cast away the abominations before their eyes, and they did not forsake the idols of Egypt. So I resolved to pour out My wrath upon them and vent My anger against them in the land of Egypt.
9 Ke le nye ŋkɔ ta, mekplɔ wo do goe tso Egipte dukɔ la me. Mewɔ nu sia be womagado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo dome wonɔ, ame siwo dome meɖe ɖokuinye fia Israel le.
But I acted for the sake of My name, that it should not be profaned in the eyes of the nations among whom they were living, in whose sight I had revealed Myself to Israel by bringing them out of the land of Egypt.
10 Eya ta mekplɔ wo dzoe le Egipte yi gbegbe la.
So I brought them out of the land of Egypt and led them into the wilderness.
11 Metsɔ nye ɖoɖowo na wo, eye mena wonya wo to nye seawo me, elabena ame si awɔ nye seawo dzi la, anɔ agbe.
And I gave them My statutes and made known to them My ordinances—for the man who does these things will live by them.
12 Kpe ɖe esia ŋu la, metsɔ nye Dzudzɔgbewo na wo abe dzesi si le mía dome ene, ale be woanya be, Yehowae wɔ wo wozu kɔkɔe.
I also gave them My Sabbaths as a sign between us, so that they would know that I am the LORD who sanctifies them.
13 “‘Ke Israelviwo dze aglã ɖe ŋunye le gbegbe la. Womelé nye ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wogbe nye seawo, togbɔ be ame si wɔa nye seawo dzi la, anɔ agbe. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, eye matsrɔ̃ wo le gbegbe la.
Yet the house of Israel rebelled against Me in the wilderness. They did not follow My statutes and they rejected My ordinances—though the man who does these things will live by them—and they utterly profaned My Sabbaths. Then I resolved to pour out My wrath upon them and put an end to them in the wilderness.
14 Ke le nye ŋkɔ ta, mewɔ nu si aɖe nye ŋkɔ tso gudodoe me le dukɔ siwo ŋkume meɖe wo tso Egipte le.
But I acted for the sake of My name, so that it would not be profaned in the eyes of the nations in whose sight I had brought them out.
15 Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi heka atam na wo le gbea dzi be nyemakplɔ wo ayi anyigba si mena wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, anyigba si nya kpɔna wu bubuawo katã la dzi o;
Moreover, with an uplifted hand I swore to them in the wilderness that I would not bring them into the land that I had given them—a land flowing with milk and honey, the glory of all lands—
16 elabena wogbe nye seawo, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe dzi ku ɖe woƒe legbawo ŋu.
because they kept rejecting My ordinances, refusing to walk in My statutes, and profaning My Sabbaths; for their hearts continually went after their idols.
17 Ke mekpɔ nublanui na wo, eye nyemetsrɔ̃ wo le gbea dzi o.
Yet I looked on them with pity and did not destroy them or bring them to an end in the wilderness.
18 Megblɔ na wo viwo le gbea dzi be, “Migazɔ ɖe mia fofowo ƒe ɖoɖowo nu o, migawɔ woƒe sewo dzi o, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple woƒe legbawo o.
In the wilderness I said to their children: ‘Do not walk in the statutes of your fathers or keep their ordinances or defile yourselves with their idols.
19 Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ ɖe nye seawo dzi.
I am the LORD your God; walk in My statutes, keep My ordinances, and practice them.
20 Miwɔ nye Dzudzɔgbewo kɔkɔe be woanye dzesi anɔ mia dome. Ekema mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.”
Keep My Sabbaths holy, that they may be a sign between us, so that you may know that I am the LORD your God.’
21 “‘Ke ɖeviawo dze aglã ɖe ŋunye. Womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye womekpɔ egbɔ be yewoawɔ ɖe nye seawo dzi o, togbɔ be mena wonya be, ame siwo wɔ ɖe wo dzi la anɔ agbe hafi. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe wo dzi le gbea dzi.
But the children rebelled against Me. They did not walk in My statutes or carefully observe My ordinances—though the man who does these things will live by them—and they profaned My Sabbaths. So I resolved to pour out My wrath upon them and vent My anger against them in the wilderness.
22 Gake megbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye le nye ŋkɔ ta la, mewɔ nu si mado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo ŋkume mekplɔ wo dzoe le la gbɔ o.
But I withheld My hand and acted for the sake of My name, so that it would not be profaned in the eyes of the nations in whose sight I had brought them out.
23 Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi, eye meka atam na wo le gbea dzi be mama wo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ɖe anyigbawo dzi,
However, with an uplifted hand I swore to them in the wilderness that I would scatter them among the nations and disperse them throughout the lands.
24 elabena womewɔ ɖe nye sewo dzi o, ke wogbe nye ɖoɖowo, wodo gu nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe ŋkuwo biã ɖe wo fofowo ƒe legbawo ŋu.
For they did not practice My ordinances, but they rejected My statutes and profaned My Sabbaths, fixing their eyes on the idols of their fathers.
25 Metsɔ ɖoɖo siwo menyo o kple se siwo nu womate ŋu anɔ agbe ɖo o la hã na wo.
I also gave them over to statutes that were not good and ordinances by which they could not live.
26 Mena woto woƒe nunana si nye woƒe ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe tsɔtsɔ sa vɔe la me gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, ale be mana be vɔvɔ̃ naɖo wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.’
And I pronounced them unclean through their gifts—the sacrifice of every firstborn in the fire—so that I might devastate them, in order that they would know that I am the LORD.
27 “Eya ta Ame vi, ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: le esia me hã la, mia fofowo gblɔ busunyawo ɖe ŋunye esi wotrɔ le yonyeme.
Therefore, son of man, speak to the house of Israel, and tell them that this is what the Lord GOD says: In this way also your fathers blasphemed Me by their unfaithfulness against Me.
28 Esi mekplɔ wo va anyigba si meka atam be mana wo dzi, eye wokpɔ to kɔkɔ aɖe alo ati aɖe si do wusuu la, afi ma wowɔa vɔsawo kple vɔsanunanawo le, eye wodoa dziku nam. Wodoa dzudzɔʋeʋĩwo, eye wowɔa woƒe nunovɔsawo.’
When I brought them into the land that I swore to give them and they saw any high hill or leafy tree, there they offered their sacrifices, presented offerings that provoked Me, sent up their fragrant incense, and poured out their drink offerings.
29 Ale mebia wo be, ‘Nuxeƒe kae nye esi mieyi?’” (Woyɔa teƒe sia be “Bama” si gɔmee nye nuxeƒe va se ɖe egbe.)
So I asked them: ‘What is this high place to which you go?’ (And to this day it is called Bamah.)
30 “Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe miado gu mia ɖokuiwo abe ale si mia fofowo wɔ, biã ŋku ɖe aklamakpakpɛ dzodzrowo ŋua?
Therefore tell the house of Israel that this is what the Lord GOD says: Will you defile yourselves the way your fathers did, prostituting yourselves with their abominations?
31 Ne mietsɔ mia viwo sa vɔe le dzo me abe nunana ene la, mieyi gudodo mia ɖokuiwo dzi kple miaƒe legbawo va se ɖe egbe. Ɖe mana miabia gbem mahã, O! Israel ƒe aƒe? Meta nye agbe be nyemaɖe mɔ miabia gbem o’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
When you offer your gifts, sacrificing your sons in the fire, you continue to defile yourselves with all your idols to this day. So should I be consulted by you, O house of Israel? As surely as I live, declares the Lord GOD, I will not be consulted by you!
32 “‘Miebe míedi be míanɔ abe dukɔ bubuwo ene, abe xexemetɔwo ene, ame siwo subɔa ati kple kpe! Ke nu si le ta me na mi la, mava eme gbeɖe o.’
When you say, ‘Let us be like the nations, like the peoples of the lands, serving wood and stone,’ what you have in mind will never come to pass.
33 Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta nye agbe be maɖu mia dzi kple asi sesẽ kple abɔ si medo ɖe dzi kple dɔmedzoe si matrɔ akɔ ɖi la.
As surely as I live, declares the Lord GOD, with a strong hand, an outstretched arm, and outpoured wrath I will rule over you.
34 Makplɔ mi vɛ tso dukɔwo dome, eye maƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi miekaka ɖo la kple asi sesẽ kpakple dɔmedzoe si matrɔ akɔ ɖi la.
With a strong hand, an outstretched arm, and outpoured wrath I will bring you out from the peoples and gather you from the lands to which you have been scattered.
35 Makplɔ mi ayi dukɔwo ƒe gbedzi, eye le ŋkume kple ŋkume, le afi ma la, mabu fɔ mi.
And I will bring you into the wilderness of the nations, where I will enter into judgment with you face to face.
36 Mahe to na mi abe ale si mehe to na mia fofowo le Egipte gbegbe la ene.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Just as I entered into judgment with your fathers in the wilderness of the land of Egypt, so I will enter into judgment with you, declares the Lord GOD.
37 ‘Malé ŋku ɖe mia ŋu, mianɔ nye ameƒoti te, eye makplɔ mi ade nubabla ƒe sewo te.
I will make you pass under the rod and will bring you into the bond of the covenant.
38 Maɖe ame siwo dze aglã ɖe ŋutinye la ɖa le mia dome. Togbɔ be makplɔ wo adzoe le anyigba si dzi wole hã la, womaɖo afɔ Israelnyigba dzi o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’
And I will purge you of those who rebel and transgress against Me. I will bring them out of the land in which they dwell, but they will not enter the land of Israel. Then you will know that I am the LORD.
39 “Miawo ya la, O! Israel ƒe aƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Miyi, eye miasubɔ miaƒe legbawo, mia dometɔ ɖe sia ɖe. Ke emegbe la, miaɖo tom kokoko, eye miagado vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la kple miaƒe vɔsawo kple legbawo o.
And as for you, O house of Israel, this is what the Lord GOD says: Go and serve your idols, every one of you. But afterward, you will surely listen to Me, and you will no longer defile My holy name with your gifts and idols.
40 Elabena le nye to kɔkɔe si nye Israel ƒe to kɔkɔ la dzi la, Israel ƒe aƒe blibo la asubɔm le anyigba ma dzi, eye le afi ma la, maxɔ wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. ‘Le afi ma la, mahiã miaƒe nunana xɔasiwo kple miaƒe vɔsa kɔkɔewo.
For on My holy mountain, the high mountain of Israel, declares the Lord GOD, there the whole house of Israel, all of them, will serve Me in the land. There I will accept them and will require your offerings and choice gifts, along with all your holy sacrifices.
41 Maxɔ mi abe dzudzɔdodo ʋeʋĩwo ene ne meɖe mi tso dukɔwo dome, eye meƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo la.
When I bring you from the peoples and gather you from the lands to which you have been scattered, I will accept you as a pleasing aroma. And I will show My holiness through you in the sight of the nations.
42 Ekema mianya be nyee nye Yehowa, ne mekplɔ mi va ɖo Israelnyigba si mekɔ asi dzi heka atam be matsɔ ana mia fofowo la dzi.
Then you will know that I am the LORD, when I bring you into the land of Israel, the land that I swore to give your fathers.
43 Le afi ma la, miaɖo ŋku miaƒe nɔnɔme kple nu siwo katã miewɔ hegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo la dzi, eye ŋukpe alé mi ɖe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ta.
There you will remember your ways and all the deeds with which you have defiled yourselves, and you will loathe yourselves for all the evils you have done.
44 Mianya be nyee nye Yehowa, ne mehe to na mi le nye ŋkɔ ta, eye menye le miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe nu gbegblẽwo wɔwɔ nu o.’ O! Israel ƒe aƒe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
Then you will know, O house of Israel, that I am the LORD, when I have dealt with you for the sake of My name and not according to your wicked ways and corrupt acts, declares the Lord GOD.”
45 Yehowa ƒe nya va nam be,
Now the word of the LORD came to me, saying,
46 “Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe dziehe lɔƒo, gblɔ nya tsi tsitre ɖe dziehenyigba ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe Negebnyigba ƒe avewo ŋuti.
“Son of man, set your face toward the south, preach against it, and prophesy against the forest of the Negev.
47 Gblɔ na ave si le Negeb la be, ‘Se Yehowa ƒe nya. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matɔ dzo wò, eye dzo la afia wò atiwo katã, ati mumuwo kple ƒuƒuawo siaa. Womatsi dzo la o, eye wòafia ŋkume ɖe sia ɖe tso dziehe yi anyiehe.
Say to the forest of the Negev: Hear the word of the LORD! This is what the Lord GOD says: I am about to ignite in you a fire, and it will devour all your trees, both green and dry. The blazing flame will not be quenched, and by it every face from south to north will be scorched.
48 Ame sia ame akpɔe be nye Yehowae do dzo la, eya ta womatsii o.’”
Then all people will see that I, the LORD, have kindled it; it will not be quenched.”
49 Eye megblɔ be, “Aa, Aƒetɔ Yehowa! Wole gbɔgblɔm tso ŋunye be, ‘Menye lo ko dom wòle oa?’”
Then I said, “Ah, Lord GOD, they are saying of me, ‘Is he not just telling parables?’”