< Hezekiel 2 >

1 Egblɔ nam be, “Ame vi, tso, nànɔ tsitre, eye maƒo nu na wò.”
He said to me, "Son of man, stand on your feet, and I will speak with you."
2 Esi wòƒo nu la, Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, fɔm ɖe tsitre, eye mesee wònɔ nu ƒom nam.
The Spirit entered into me when he spoke to me, and set me on my feet; and I heard him who spoke to me.
3 Egblɔ be, “Ame vi, mele ɖowòm ɖe Israelviwo gbɔ, ɖe dukɔ dzeaglã aɖe si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ. Woawo kple wo fofowo dze aglã ɖe ŋunye va se ɖe egbeŋkeke sia dzi.
He said to me, "Son of man, I send you to the house of Israel, to a nation of rebels who have rebelled against me. They and their fathers have transgressed against me even to this very day.
4 Ame siwo gbɔ mele ɖowòm ɖo la nye kɔlialiatɔwo kple tosesẽtɔwo. Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ la nye esi.
The children are obstinate and hardhearted. I am sending you to them, and you shall tell them, 'Thus says Jehovah.'
5 Ne woɖo to wò alo womeɖo to wò o hã la, ame dzeaglãwo wonye, ke woanya be nyagblɔɖila nɔ yewo dome.
They, whether they will hear, or whether they will forbear, (for they are a rebellious house), yet shall know that there has been a prophet among them.
6 Eye wò la, ame vi, mègavɔ̃ woawo ŋutɔ loo alo woƒe nyawo o, togbɔ be dza kple aŋɔkawo ƒo xlã wò kpe ɖo, eye nèle ahɔ̃wo dome hã. Mègavɔ̃ nya si woagblɔ, eye mègana woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wonye aglãdzelawo hã.
You, son of man, do not be afraid of them, neither be afraid of their words, though briers and thorns are with you, and you do dwell among scorpions: do not be afraid of their words, nor be dismayed at their looks, though they are a rebellious house.
7 Ele be nàgblɔ nye nyawo na wo ne woɖo to loo alo gbe toɖoɖo, elabena aglãdzelawo wonye.
You shall speak my words to them, whether they will hear, or whether they will forbear; for they are most rebellious.
8 Ke wò la, ame vi, lé to ɖe nya si gblɔm mele na wò la ŋu. Mègadze aglã abe ame dzeaglã mawo ene o; ke nu me, eye nàɖu nu si matsɔ na wò.’”
But you, son of man, hear what I tell you; do not be rebellious like that rebellious house: open your mouth, and eat that which I give you."
9 Mekpɔ nu, eye mekpɔ wodo asi aɖe ɖe gbɔnye. Agbalẽ aɖe le asi la me.
When I looked, look, a hand was put forth to me; and, look, a written scroll was in it.
10 Wokekee ɖe nye ŋkume. Woŋlɔ konyifanyawo, vevesenyawo kple nublanuinyawo ɖe agbalẽ la ƒe akpa eveawo.
He spread it before me: and it was written within and without; and there were written in it lamentations, and mourning, and woe.

< Hezekiel 2 >