< Hezekiel 19 >

1 “Dze konyifaha aɖe gɔme, eye nàgblɔ be,
ואתה שא קינה אל נשיאי ישראל
2 “‘Dzatanɔ kae dawò nye le dzatawo dome? Emlɔ dzataviwo dome, eye wònye viawo.
ואמרת מה אמך לביא בין אריות רבצה בתוך כפרים רבתה גוריה
3 Ehe viawo dometɔ ɖeka wòtsi hezu dzata sesẽ aɖe. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna.
ותעל אחד מגריה כפיר היה וילמד לטרף טרף אדם אכל
4 Dukɔwo se eŋkɔ ɖe do nɛ, wòge ɖe eme, wolée, de ga ŋɔtime nɛ, eye wokplɔe yi Egiptenyigba dzi.
וישמעו אליו גוים בשחתם נתפש ויבאהו בחחים אל ארץ מצרים
5 “‘Esi dzatanɔ la kpɔ be yeƒe mɔkpɔkpɔ medze edzi o la, ebu mɔkpɔkpɔ, tsɔ eƒe dzataviwo dometɔ bubu, wɔe wòzu dzata sesẽ aɖe.
ותרא כי נוחלה אבדה תקותה ותקח אחד מגריה כפיר שמתהו
6 Enɔ dzatawo dome, elabena ezu dzata sesẽ aɖe azɔ. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna.
ויתהלך בתוך אריות כפיר היה וילמד לטרף טרף אדם אכל
7 Egbã woƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi, eye wòwɔ woƒe duwo wozu aƒedo. Eƒe gbetete do ŋɔdzi na anyigba la kple ame siwo katã nɔ edzi
וידע אלמנותיו ועריהם החריב ותשם ארץ ומלאה מקול שאגתו
8 Tete dukɔ siwo tso nuto ma me godoo la tso ɖe eŋu. Woɖo ɖɔ nɛ, eye woɖee le woƒe asɔʋe me.
ויתנו עליו גוים סביב ממדינות ויפרשו עליו רשתם בשחתם נתפש
9 Wode ga ŋɔtime nɛ, hee ɖade gaxadza me, eye wokɔe yi na Babilonia fia. Ale womegase eƒe gbetete kpɔ le Israel ƒe towo dzi o.
ויתנהו בסוגר בחחים ויבאהו אל מלך בבל יבאהו במצדות למען לא ישמע קולו עוד אל הרי ישראל
10 “‘Dawò nɔ abe wainti ene le wò wainbɔ me. Wodoe ɖe tsi gbɔ. Etsea ku, eye wòɖe alɔwo fũu le tsi ƒe agbɔsɔsɔ le afi ma ta.
אמך כגפן בדמך על מים שתולה פריה וענפה היתה ממים רבים
11 Eƒe alɔwo sẽ, eye wonyo woatsɔ awɔ fiatikplɔ. Ekɔ gbɔ avemeti bubuawo katã ta, edzena le eƒe kɔkɔ kple eƒe alɔ geɖewo ta.
ויהיו לה מטות עז אל שבטי משלים ותגבה קומתו על בין עבתים וירא בגבהו ברב דליתיו
12 Ke wotsoe ƒu anyi le dɔmedzoe me. Ɣedzeƒeya na wòyrɔ, eye woɖe eƒe kutsetsewo ɖa le eŋu. Eƒe alɔ sesẽawo ku, eye dzo fia wo.
ותתש בחמה לארץ השלכה ורוח הקדים הוביש פריה התפרקו ויבשו מטה עזה אש אכלתהו
13 Azɔ la, wodoe ɖe gbegbe, anyigba ƒuƒu aɖe dzi, afi si tsi menɔ o.
ועתה שתולה במדבר בארץ ציה וצמא
14 Dzo bi, kaka tso eƒe alɔ gã ɖeka me, eye wòbi eƒe tsetseawo. Alɔ sesẽ aɖeke megatsi eŋu woatsɔ akpa dziɖula ƒe fiatikplɔe o. Esia nye konyifaha, eye woawɔ eŋu dɔ abe konyifaha ene.’”
ותצא אש ממטה בדיה פריה אכלה ולא היה בה מטה עז שבט למשול קינה היא ותהי לקינה

< Hezekiel 19 >