< Hezekiel 15 >

1 Yehowa ƒe nya va nam be,
Og Herrens ord kom til meg; han sagde:
2 “Ame vi, aleke wainka nyo wu avemeti ƒe alɔe?
Menneskjeson! Kva fyremun hev vintreet framfor alle andre tre, den vintre-renningen som er millom trei i skogen?
3 Ɖe wokpɔa ati si woatsɔ awɔ nu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖe le la le emea? Ɖe wowɔa tsyoti tso eme ne woate ŋu atsɔ nane aku ɖe eŋua?
Brukar ein det til noko slag gagnved? eller lagar ein av det ein nabb til å hengja noko slag bunad på?
4 Eye ne wotsɔe de dzo me abe nake ene la, dzo la bina tso eƒe nugbɔ eve, eye wofiaa eƒe domedome, ekema ɖe ŋudɔwɔnu aɖe gale eŋua?
Sjå, ein nører elden med det, og elden brenner båe endarne, og midluten vert sviden. Kann det då duga til noko yrke?
5 Ne womete ŋu wɔ eŋu dɔ na naneke esime wònɔ blibo o la, aleke woate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ awɔ nane si ŋu ŋudɔwɔnu le esime dzo bii, eye wòzu aka?
Sjå, medan det var heilt, var det ikkje brukande til noko yrke: kor mykje minder når elden hev brent på det, og det er svide! Skulde det då vera brukande til yrke?
6 “Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ale si metsɔ wainti de avemetiwo dome abe nake ene la, nenema kee mawɔ ame siwo le Yerusalem.
Difor, so segjer Herren, Herren: Likeins som med veden av vintreet millom trei i skogen, som eg nører elden med, soleis gjer eg og med Jerusalems-buarne.
7 Mana nye mo nanyra ɖe wo ŋu. Togbɔ be wodo le dzoa me hã la, dzo la agabi wo kokoko. Eye ne mena nye mo nyra ɖe wo ŋu hã la, mianya be, nyee nye Yehowa.
Og eg vil setja mi åsyn mot deim; utor elden gjekk dei, men elden skal endå øyda deim ut. Og de skal sanna at eg er Herren, når eg set mi åsyn mot deim.
8 Mana anyigba la nazu gbegbe, elabena wogbugbɔ le yonyeme.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
Og eg vil gjera landet til ei øydemark, for di dei hev svike meg, segjer Herren, Herren.

< Hezekiel 15 >