< Hezekiel 14 >

1 Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbɔnye, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume.
Then came certain of the elders of Israel to me, and sat before me.
2 Tete Yehowa ƒe nya va nam be,
The word of the LORD came to me, saying,
3 “Ame vi, ame siawo li legbawo ɖe woƒe dzi me, eye woɖi afɔklinu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe ŋkume. Ɖe mana woabia gbem mahã?
"Son of man, these men have taken their idols into their heart, and put the stumbling block of their iniquity before their face: should I be inquired of at all by them?
4 Eya ta gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne Israelvi aɖe li legbawo ɖe eƒe dzi me, tsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi da ɖe eƒe ŋkume, eye wòyi nyagblɔɖila aɖe gbɔ la, nye, Yehowa, ŋutɔ maɖo nya la ŋu nɛ le eya ŋutɔ ƒe legbawo ƒe agbɔsɔsɔ nu.
Therefore speak to them, and tell them, 'Thus says the LORD: "Every man of the house of Israel who takes his idols into his heart, and puts the stumbling block of his iniquity before his face, and comes to the prophet; I the LORD will answer him in it according to the multitude of his idols;
5 Mawɔ alea ale be magbugbɔ Israel ƒe ame siwo katã gblẽm ɖi le woƒe legbawo ta la ƒe dziwo axɔ.’
that I may take the house of Israel in their own heart, because they are all estranged from me through their idols."'
6 “Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi; mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe legbawo ŋu, eye miagbe nu le miaƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ gbɔ!’
"Therefore tell the house of Israel, 'Thus says the LORD: "Return, and turn yourselves from your idols; and turn away your faces from all your abominations.
7 “‘Ne Israelvi alo amedzro aɖe si le Israel gbe nu le gbɔnye, eye wòɖo legbawo ɖe eƒe dzi me hetsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi aɖe ɖo eƒe ŋkume hafi yi nyagblɔɖila aɖe gbɔ be yeabia nyae tso ŋunye la, nye Yehowa ŋutɔ, maɖo nya la ŋu nɛ.
For everyone of the house of Israel, or of the strangers who live in Israel, who separates himself from me, and takes his idols into his heart, and puts the stumbling block of his iniquity before his face, and comes to the prophet to inquire for himself of me; I the LORD will answer him by myself:
8 Matɔ ŋku ame ma, mawɔe wòanye kpɔɖeŋu kple nyatoto, eye maɖee ɖa le nye amewo dome. Ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.’
and I will set my face against that man, and will make him an astonishment, for a sign and a proverb, and I will cut him off from the midst of my people; and you shall know that I am the LORD.
9 “‘Eye ne woflu nyagblɔɖila la be wòagblɔ nya ɖi la, nye Yehowae aflu nyagblɔɖila ma, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu, eye matsrɔ̃e le nye amewo dome le Israel.
"'"If the prophet is deceived and speaks a word, I, the LORD, have deceived that prophet, and I will stretch out my hand on him, and will destroy him from the midst of my people Israel.
10 Ame sia ame atsɔ eƒe vodada, nyagblɔɖila la kple ame siwo bia gbee siaa, woanye vodalawo.
They shall bear their iniquity: the iniquity of the prophet shall be even as the iniquity of him who seeks him;
11 Ekema Israelviwo magatra mɔ tso gbɔnye o, eye womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe nu vɔ̃wo katã o. Woanye nye amewo eye nye hã manye woƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’”
that the house of Israel may go no more astray from me, neither defile themselves any more with all their transgressions; but that they may be my people, and I may be their God," says the LORD.'"
12 Yehowa ƒe nya va nam be,
The word of the LORD came to me, saying,
13 “Ame vi, ne dukɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutinye, eye meto nyateƒe nam o la, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu be maɖo asi eƒe nuɖuɖukpɔtsoƒe dzi; ekema dɔwuame ava edzi, eye mawu eƒe amewo kple eƒe lãwo,
"Son of man, when a land sins against me by committing a trespass, and I stretch out my hand on it, and break the staff of its bread, and send famine on it, and cut off from it man and animal;
14 nenye be ame etɔ̃ siawo, Noa, Daniel kple Hiob gɔ̃ hã anɔ wo dome. Woatsɔ woƒe dzɔdzɔenyenye aɖe woawo ŋutɔ ɖeɖe ko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
though these three men, Noah, Daniel, and Job, were in it, they should deliver but their own souls by their righteousness, says the LORD."
15 “Alo ne meɖo lã wɔadãwo ɖa be woato anyigba ma dzi, eye wowu wo viwo katã, eye anyigba la zu gbegbe, ale be ame aɖeke magate ŋu ato edzi ayi o le lã wɔadãawo ta la,
"If I cause evil animals to pass through the land, and they ravage it, and it be made desolate, so that no man may pass through because of the animals;
16 Aƒetɔ Yehowa be yeta yeƒe agbe be ne ame etɔ̃ siawo anɔ wo dome gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ɖeɖe koe akpɔ ɖeɖe, ke anyigba la ya azu gbegbe.
though these three men were in it, as I live," says the LORD, "they should deliver neither sons nor daughters; they only should be delivered, but the land should be desolate.
17 “Alo ne meɖo yi ɖe anyigba ma dzi hegblɔ be, ‘Yi la nato anyigba la dzi,’ eye mewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la,
"Or if I bring a sword on that land, and say, 'Sword, go through the land'; so that I cut off from it man and animal;
18 Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ ƒe agbe be, ne ame etɔ̃ siawo nɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ko woaɖe.
though these three men were in it, as I live, says the LORD, they should deliver neither sons nor daughters, but they only should be delivered themselves.
19 “Alo ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe anyigba ma dzi, eye meɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe edzi to ʋukɔkɔɖi me hewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la,
"Or if I send a pestilence into that land, and pour out my wrath on it in blood, to cut off from it man and animal;
20 Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ yeƒe agbe be, ne Noa, Daniel kple Hiob anɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ɖokui ko woate ŋu aɖe kple woƒe dzɔdzɔenyenye.
though Noah, Daniel, and Job, were in it, as I live, says the LORD, they could not save either son nor daughter; they would save only their own souls by their righteousness.
21 “Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Aleke gbegbe wòagasẽ wu ne medɔ nye ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔ ene siawo, yi, dɔwuame, lã wɔadãwo kple dɔvɔ̃ ɖa ɖe Yerusalem ŋu be woawu eƒe amewo kple eƒe lãwo siaa!
"For thus says the LORD: 'How much more when I send my four severe judgments on Jerusalem, the sword, and the famine, and the evil animals, and the pestilence, to cut off from it man and animal.
22 Ke agbetsila aɖewo anɔ anyi anye viŋutsu kple vinyɔnu siwo woaɖe tso eme. Woaʋu le mia gbɔ, eye ne mekpɔ woƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo la, miaƒe akɔ afa le dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe si mehe va Yerusalem dzi la ta.
Yet, look, there shall be left a remnant that shall be carried forth, both sons and daughters: look, they shall come forth to you, and you shall see their way and their doings; and you shall be comforted concerning the evil that I have brought on Jerusalem, even concerning all that I have brought on it.
23 Woafa akɔ na mi ne miekpɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo, elabena mianya be nyemewɔ naneke dzodzro o.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
They shall comfort you, when you see their way and their doings; and you shall know that I have not done without cause all that I have done in it,' says the LORD."

< Hezekiel 14 >