< Hezekiel 13 >

1 Yehowa ƒe nya va nam be,
And the word of Jehovah came to me, saying:
2 “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi fifia la ŋu. Gblɔe na wo dometɔ siwo gblɔa nya ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe susu me be, ‘Mise Yehowa ƒe nya!’”
Son of man, prophesy against the prophets of Israel that prophesy, and say to them that prophesy out of their own hearts, Hear ye the word of Jehovah!
3 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Baba na nyagblɔɖila siwo nye abunɛtɔwo, ame siwo dzea woawo ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ yome, eye womekpɔa naneke o!
Thus saith the Lord Jehovah: Woe to the foolish prophets, that follow their own spirit, and have seen nothing!
4 O Israel, wò nyagblɔɖilawo le abe abei siwo le gli gbagbãwo dome ene.
Thy prophets, O Israel, are like the foxes in the deserts.
5 Mieyi glia ƒe gbagbãƒewo ne miadzrae ɖo na Israel ƒe aƒe la, ale be wòate ŋu anɔ te sesĩe le aʋa me le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o.
Ye have not gone up into the breaches, nor built a wall around the house of Israel, to stand in battle in the day of Jehovah.
6 Woƒe ŋutegawo nye aʋatso, eye woƒe nukakawo nye alakpa; wogblɔna be, “Yehowae gblɔe,” le esime Yehowa medɔ wo o, ke wokpɔa mɔ be, yewoƒe nyawo nava eme.
They see falsehood, and lying divination. They say, “Jehovah hath spoken,” when Jehovah hath not sent them; and they cause men to hope for the fulfilment of the word.
7 Ɖe miekpɔa aʋatsoŋutegawo, eye miekaa alakpanu esi miegblɔ be, “Yehowae gblɔe” evɔ nyemegblɔ nenema oa?
Have ye not seen a false vision, and have ye not spoken a lying divination, and said, “Jehovah hath spoken,” when I have not spoken?
8 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Le miaƒe nya dzodzrowo kple miaƒe alakpaŋutegawo ta la, metso ɖe mia ŋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Therefore thus saith the Lord Jehovah: Because ye have spoken falsehood and have seen a lie, therefore, behold, I am against you, saith the Lord Jehovah.
9 Makɔ nye asi dzi ɖe nyagblɔɖila siwo kpɔa alakpaŋutegawo ŋu, eye womanɔ nye amewo ƒe aɖaŋudelawo dome o. Wokaa aʋatsonukakawo, womaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe Israel ƒe aƒemetɔwo dome o, eye womage ɖe Israel ƒe anyigba dzi hã o. Ekema mianya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’”
My hand shall be against the prophets that see falsehood and divine lies. They shall not be in the assembly of my people, neither shall they be written in the register of the house of Israel, neither shall they enter into the land of Israel: and ye shall know that I am the Lord Jehovah.
10 “Le esime wokplɔ nye amewo trae to gbɔgblɔ me be, ‘Ŋutifafa’ li, esime ŋutifafa menɔ anyi o, eye ne wotu gli masemasẽ aɖe la, wosiaa akalo nɛ la,
Because, yea, because they seduce my people, and say, “Peace!” when there is no peace; and one buildeth up a wall, and, behold, they daub it with untempered mortar;
11 eya ta gblɔ na akalosilawo be, gli la le mumu ge. Tsi adza bababa, maɖo tsikpe ɖa, eye mana ahom sesẽwo natu.
say to them which daub it with untempered mortar, that it shall fall; there shall be an overflowing shower, and ye, O great hailstones, shall fall, and a stormy wind shall rend it.
12 Ne gli la mu la, ɖe amewo mabia mi be, ‘Afi ka akalo si miesi nɛ la le o’ mahã?”
So when the wall is fallen, shall not men say to you, “Where is the daubing wherewith ye have daubed it?”
13 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Eya ta le nye dɔmedzoe me la, mana ya sesẽ aɖe naƒo, eye le nye dziku me la, mana tsikpe kple tsi nadza bababa, eye woagblẽ nu.
Therefore thus saith the Lord Jehovah: I will even rend it with a stormy wind in my fury, and there shall be an overflowing shower in mine anger, and great hailstones in my fury to consume it.
14 Mamu gli si miesi akalo na, magbãe wòasɔ kple anyigba, ale be eƒe gɔmeɖoɖo natsi gota. Ne emu la, atsrɔ̃ mi, ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.
Thus I will break down the wall which ye have daubed with untempered mortar, and will bring it down to the ground, so that the foundation thereof shall be discovered; it shall fall, and ye shall be consumed in the midst thereof, that ye may know that I am Jehovah.
15 Ale maɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe gli la kple ame siwo si akalo nɛ la ŋu. Magblɔ na mi be, “Gli la megali o, eya ta ame siwo si akalo nɛ la hã maganɔ anyi o.
Thus will I accomplish my fury upon the wall, and upon them that daubed it with untempered mortar; and I will say to you, The wall is no more, nor they that daubed it;
16 Israel ƒe nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi le Yerusalem la, kpɔ ŋutifafa ƒe ŋutega, le esime ŋutifafa aɖeke menɔ anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”’
even the prophets of Israel, who prophesy concerning Jerusalem, and see visions of peace for her when there is no peace, saith the Lord Jehovah.
17 “Azɔ, ame vi, trɔ wò mo ɖe wò amewo ƒe vinyɔnuvi siwo gblɔ nya ɖi le woawo ŋutɔ ƒe susu nu la ŋu. Gblɔ nya ɖi tsi tsitre ɖe wo ŋu,
Likewise, son of man, set thou thy face against the daughters of thy people, who prophesy out of their own heart; and prophesy thou against them.
18 nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Baba na nyɔnu siwo doa dzokawo ɖe woƒe alɔnuwo katã, eye wowɔa motsyɔnu didime vovovowo ɖe ta, ale be woatre mɔ na amewo. Ɖe miatre mɔ na nye amewo ƒe agbe, ke miaɖe miawo ŋutɔ tɔa?
And say, Thus saith the Lord Jehovah: Woe to the women that sew cushions for all elbows, and make pillows for heads of every stature, to ensnare men to destruction! Will ye hunt the lives of my people, and shall ye save your own?
19 Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋunye le nye amewo dome ɖe lu asiʋlo ʋɛ aɖewo kple abolo kakɛwo ta. To miaƒe aʋatsokaka na nye ame siwo ɖoa to miaƒe alakpanyawo me la, miewu ame siwo maku hafi o, eye mieɖe ame siwo matsi agbe hafi o la ƒe agbe.’
And will ye pollute me among my people for handfuls of barley, and for pieces of bread, slaying them that should not die, and saving them alive that should not live, by lying to my people, who hearken to your lies?
20 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Metsi tsitre ɖe miaƒe dzoka siwo mietsɔna ɖea amewo abe xeviwo ene la ŋuti, eye maɖe wo ɖa le miaƒe abɔwo ŋu. Mana ablɔɖe ame siwo mietre mɔ na abe xeviwo ene.
Therefore thus saith the Lord Jehovah: Behold, I will set myself against the cushions with which ye ensnare men to destruction, so that they shall escape you; and I will tear them from your arms, and make them free whom ye would ensnare, so that they shall escape you.
21 Mavuvu miaƒe motsyɔnuwo, maɖe nye amewo tso miaƒe asi me, eye womaganɔ miaƒe ŋusẽ te o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.
Your pillows also will I tear, and deliver my people out of your hand, and they shall no more be in your hand to be ensnared, and ye shall know that I am Jehovah.
22 Esi mietsɔ alakpa ɖe dzi le ame dzɔdzɔewo ƒo le esime nyemeda nuxaxa ɖe wo dzi o, eye esi miedo ŋusẽ ame vɔ̃ɖiwo be womagaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu o, ale be woaɖe woƒe agbe o ta la,
Because with lies ye have made sad the heart of the righteous, whom I have not made sad, and have strengthened the hands of the wicked, that he should not return from his wicked way, by promising him life;
23 miagakpɔ alakpaŋutegawo o, eye miagagblɔ alakpanyawo ɖi o. Maɖe nye amewo tso miaƒe asi me. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’”
therefore shall ye no more see falsehood, nor divine divinations; but I will deliver my people out of your hand, and ye shall know that I am Jehovah.

< Hezekiel 13 >