< Mose 2 9 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Trɔ nàyi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la be nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye.
上主對梅瑟說:「你去見法朗,向他說:上主希伯來人的天主這樣說:你應放走我的百姓,叫他們去崇拜我。
2 Ne miegbe asiɖeɖe le wo ŋu, eye miezi wo dzi la,
你若拒絕不放,仍然扣留他們,
3 ekema Yehowa ƒe asi ahe dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe ava miaƒe lãha siwo le gbedzi la dzi, ava miaƒe sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo kple gbɔ̃wo siaa dzi.
看,上主的手必用一種嚴厲的瘟疫加在你田野間的一切牲畜:就是馬、驢、駱駝、牛、羊身上。
4 Gake Yehowa ade vovo Israelviwo kple Egiptetɔwo ƒe lãhawo dome, ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’”
上主要分清以色列子民的牲畜和埃及人的牲畜,凡是以色列子民的,一個也不死。
5 Yehowa ɖo ɣeyiɣi, eye wògblɔ be, “Etsɔ si gbɔna la, Yehowa awɔ nu sia le anyigba sia dzi.”
上主規定了時間說:明天上主要在此地實行這事。」
6 Eye Yehowa na wòva eme. Esi ŋu ke ŋdi la, Egiptetɔwo ƒe lãwo katã de asi kuku me, ke Israelviwo tɔwo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meku o.
第二天上主便作了這事。埃及人的牲畜完全死了,但以色列子民的,一個也沒有死。
7 Farao dɔ ame ɖa be woakpɔe be Israelviwo ƒe lãwo ya tsi agbe mahã. Togbɔ be woɖi ɖase nɛ be nyateƒee hã la, metrɔ eƒe tameɖoɖo la o. Egagbe asiɖeɖe le ameawo ŋu kokoko!
法朗打發人去看,果然以色列子民的牲畜,連一個也沒有死。但是法朗仍然心硬,不肯放走百姓。第六災、膿瘡
8 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Milɔ dzowɔ asiʋlo aɖewo tso kpo me, eye Mose nawui ɖe yame le Farao ŋkume.
上主又對梅瑟和法郎說:「你們滿手抓把爐灰,梅瑟要在法朗眼前向天揚起。
9 Dzowɔ la akaka abe ʋuʋudedi ene ɖe Egiptenyigba blibo la dzi, eye wòana ƒoƒoe nate amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi.”
這灰要在埃及全國變成塵土,使全埃及國的人和牲畜身上生出紅疹和膿瘡。」
10 Ale woɖe dzowɔ tso kpo me, eye woyi Farao gbɔ. Esi Farao nɔ wo kpɔm la, Mose wu dzowɔ la ɖe yame, eye wòzu ƒoƒoe te amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi.
他們就取了爐灰站在法朗面前;梅瑟將灰向天揚起,人和牲畜身上便起了紅疹和膿瘡。
11 Akunyawɔlawo mete ŋu tɔ ɖe Mose ŋkume o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te Egiptetɔwo katã.
巫士們因為生了瘡,不能站在梅瑟面前,因為巫士和一切埃及人身上都生了瘡。
12 Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, ale wògagbe nusese abe ale si Yehowa gblɔe na Mose da ɖi ene.
上主使法朗心硬,法朗仍不肯聽梅瑟和法郎的話,正如上主向梅瑟說過。第七災、冰雹
13 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ ŋdi kanya, nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye si, Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm.
上主對梅瑟說:「明天早晨你去見法朗,向他說:上主,希伯來人的天主這樣說:你要放走我的百姓,使他們去崇拜我。
14 Ne menye nenema o la, fifia ya la, maɖo nye dɔvɔ̃ ɖe mia dome kple ŋusẽ blibo, wòagblẽ nu le wò ŋutɔ, wò dumegãwo kple wò amewo ŋuti ale be mianyae be ame aɖeke megale anyigba blibo la dzi abe nye ene o.
因為這一次我要使我的一切災禍降到你、你的臣僕和你的人民身上,為叫你知道全世界上沒有相似我的。
15 Anye ne le ɣeyiɣi sia me la, medo nye asi ɖa, gblẽ nu le wò kple wò amewo ŋu kple dɔvɔ̃ aɖe si ate ŋu atsrɔ̃ mi katã ɖa le anyigba la dzi hafi.
現在如果我伸手用瘟疫打擊你和你的人民,你早已從地上消滅了。
16 Gake meɖe miaƒe agbe le susu sia ta be maɖe nye ŋusẽ afia mi, eye woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi.
我所以保留你的原故,是為叫你看見我的能力,向全世界傳揚我的名。
17 Ke ègatsi tsitre ɖe nye ameawo ŋu kokoko, eye nègbe be yemaɖe asi le wo ŋu woadzo o,
你若仍然固執壓迫我的百姓,不放走他們,
18 eya ta le etsɔ ɣeyiɣi sia tututu la, maɖo kpetsi vɔ̃ɖitɔ ɖa wòadza ɖe dukɔ blibo la dzi. Kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ tso esime woɖo Egipte gɔme anyi o.
看我明天此時要降下可怕的冰雹,是埃及建國以來直到現在所未有過的。
19 Ɖe gbe na ameawo azɔ be, woakplɔ wò lãhawo kple nu siwo katã le asiwò le gbedzi la ava de kpo me, elabena kpetsi la adza ɖe amewo kple lã siwo womekplɔ va aƒe me o la siaa dzi, eye wo katã woaku.’”
所以你快派人把你的牲畜和田野間的一切,帶到安全地方,因為凡在田野間的人和牲畜而不聚到屋內的,冰雹必降在他們身上,將他們砸死。」
20 Yehowa ƒe nya siawo do ŋɔdzi na Egiptetɔ aɖewo ale gbegbe be wokplɔ woƒe lãwo kple kluviwo de xɔ me.
法朗臣僕中凡害怕上主的話的,就叫自己的奴僕和牲畜逃避到家中;
21 Ke ame siwo mebu Yehowa ƒe nya nanekee o la gblẽ woƒe lãwo ɖe gbedzi.
那不把上主的話放在心上的,就將奴僕和牲畜捨在田間。
22 Yehowa gagblɔ na Mose be, “Fia asi dziƒo, eye nàna kpetsi la nadza le Egiptenyigba blibo la dzi, ɖe amewo, atiwo kple lãwo siaa dzi.”
上主對梅瑟說:「向天伸開你的手,使冰雹降在埃及全國,降在人和牲畜身上,降在埃及國內田野間的植物上。」
23 Ale Mose do asi ɖe dzi, eye Yehowa ɖo dziɖegbe kple kpetsi kple dzikedzo ɖa.
梅瑟把他的棍杖向天一伸,上主便叫打雷,下雹,閃電打在地上。上主使冰雹降在埃及地時,
24 Nu sia dzi ŋɔ wu gbɔgblɔ, kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ le Egiptenyigba blibo la dzi esi wòzu dukɔ o.
冰雹和冰雹中夾雜著不停的閃電,情形極其可怕,是全埃及國自從有人民以來所沒有過的。
25 Nu geɖewo gblẽ le Egipte. Nu sia nu si tsi gbedzi, amewo kple lãwo siaa woku; atiwo ta ŋe, eye agblemenuwo katã gblẽ.
冰雹把埃及全境,田野間所有的一切,連人和生畜都打死了,打壞了田野間的一切蔬菜,打斷了郊野間的一切樹木;
26 Teƒe ɖeka pɛ si ko dzi kpetsi la medza ɖo o, le Egiptenyigba blibo la dzie nye Gosen, afi si Israelviwo nɔ.
只有以色列子民所居住的歌笙地沒有冰雹。
27 Farao ɖo du ɖe Mose kple Aron, eye wòʋu eme na wo be, “Medze si nye vodada azɔ, Yehowa tɔ dzɔ. Nye kple nye amewo míeda vo tso gɔmedzedzea va se ɖe fifia.
法朗打發人召梅瑟和亞郎來,對他們說:「這次我犯了罪,上主是正義的,我和我的人民都有罪過。
28 Miɖe kuku na Yehowa be, wòatsi dziɖegbe kple kpetsi dziŋɔ sia nu, ekema mana miadzo enumake.”
請你祈求上主! 天主的雷和冰雹已夠受了;我決放走你們,你們不要再留在這裏。」
29 Mose ɖo eŋu be, “Enyo, ne medo le dua me teti ko la, make nye abɔwo me do ɖe Yehowa gbɔ, ekema dziɖegbe la kple kpetsi la nu atso. Esia afia wò be Yehowae le xexea me dzi ɖum.
梅瑟回答他說「我出城後,就向上主伸手,雷必會停止,冰雹也不再降下,為叫你知道,大地是屬於上主的。
30 Ke le wò ŋutɔ kple ŋuwòmewo gome la, menya be fifia gɔ̃ hã la, mieɖoa to Yehowa Mawu o.”
但是我知道,你和你的臣僕,仍不敬畏上主天主。」
31 (Kpetsi la gblẽ ɖetifu kple lu o, elabena lu la ɖi, eye ɖetifu la hã ƒo se xoxo hafi,
麻和大麥都被打壞,因為大麥已經吐穗,麻也開花,
32 ke lu kple bli ya megblẽ o, elabena woawo metse haɖe o.)
只是小麥和粗麥,因為長的遲些,沒有被打壞。
33 Ale Mose dzo le Farao gbɔ. Esi wòdo go le dua me la, edo eƒe asiwo ɖe dziƒo na Yehowa. Dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi hã dzudzɔ dzadza.
梅瑟離開法朗出了城,向上主伸手,雷和雹就停止了,雨也不往地上下了。
34 Esi Farao kpɔ be tsidzadza, kpetsi kple dziɖegbe la tɔ la, egawɔ nu vɔ̃; eya kple eƒe dumegãwo sẽ woƒe dzi me.
法朗見雨、雹、雷都停止了,又再犯罪,他和他的臣僕又心硬了。
35 Ale Farao ƒe dzi me gasẽ, eye wògbe asiɖeɖe le Israelviwo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe to Mose dzi ene.
法朗更加心硬,不肯放走以色列子民,正如上主藉梅瑟所說的。

< Mose 2 9 >