< Mose 2 8 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si. Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm.
The LORD spoke to Moses, Go in to Pharaoh, and tell him, "This is what the LORD says, 'Let my people go, that they may serve me.
2 Ne ègbe la, maɖo akpɔkplɔwo ƒe hatsotso gãwo ɖa woava xɔ wò anyigba la dzi tso liƒo ɖeka dzi yi bubu dzi.
If you refuse to let them go, look, I will plague all your borders with frogs:
3 Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe wò fiasã la me, age ɖe wò xɔdɔme me, woage ɖe wò abati dzi, woage ɖe wò dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me.
and the river shall swarm with frogs, which shall go up and come into your house, and into your bedchamber, and on your bed, and into the house of your servants, and on your people, and into your ovens, and into your kneading troughs:
4 Akpɔkplɔawo ata le wò ŋutɔ, wò amewo kple ŋuwòmewo katã dzi.’”
and the frogs shall come up both on you, and on your people, and on all your servants.'"
5 Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be wòado eƒe atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo katã dzi le Egipte.”
The LORD said to Moses, "Tell Aaron your brother, 'Stretch forth your hand with your staff over the rivers, over the streams, and over the pools, and cause frogs to come up on the land of Egypt.'"
6 Aron wɔ nu sia, eye akpɔkplɔwo xɔ anyigba blibo la dzi.
Aaron stretched out his hand over the waters of Egypt; and the frogs came up, and covered the land of Egypt.
7 Ke akunyawɔlawo hã tsɔ woƒe ayemenuwɔwɔwo wɔ nenema, eye woawo hã na akpɔkplɔwo do ɖe anyigba la dzi.
The magicians did in like manner with their secret arts, and brought up frogs on the land of Egypt.
8 Tete Farao yɔ Mose kple Aron, heƒo koko na wo be, “Miɖe kuku na Yehowa be wòaɖe akpɔkplɔawo ɖa, ekema maɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasa vɔ nɛ.”
Then Pharaoh called for Moses and Aaron, and said, "Pray to the LORD, that he take away the frogs from me, and from my people; and I will let the people go, that they may sacrifice to the LORD."
9 Mose gblɔ be, “Ve nunye, eye nàgblɔ ɣeyiɣi si nàna woayi la nam ekema mado gbe ɖa be akpɔkplɔawo naku le ɣeyiɣi si dzi tututu nàtɔ asii la dzi. Akpɔkplɔawo aku le afi sia afi negbe le tɔsisi la me ko.”
Moses said to Pharaoh, "I give you the honor of setting the time that I should pray for you, and for your servants, and for your people, that the frogs be destroyed from you and your houses, and remain in the river only."
10 Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.” Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o.
He said, "Tomorrow." He said, "Be it according to your word, that you may know that there is none like the LORD our God.
11 Akpɔkplɔawo katã atsrɔ̃ negbe esiwo le tɔsisi la me ko.”
The frogs shall depart from you, and from your houses, and from your servants, and from your people. They shall remain in the river only."
12 Ale Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ. Mose ɖe kuku na Yehowa le akpɔkplɔ siwo wòɖo ɖa la ŋu.
Moses and Aaron went out from Pharaoh, and Moses cried to the LORD concerning the frogs which he had brought on Pharaoh.
13 Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si Mose do na Farao la dzi. Akpɔkplɔ kukuwo yɔ duwo godo kple aƒewo me siaa.
The LORD did according to the word of Moses, and the frogs died out of the houses, out of the courts, and out of the fields.
14 Woli kɔ wo gleglegle, eye wohe ʋeʋẽ sẽŋu aɖe va anyigba blibo la dzi.
They gathered them together in heaps, and the land stank.
15 Ke esi Farao kpɔ be woɖe akpɔkplɔawo ɖa ko la, egasẽ dzi me, eye wògbe asiɖeɖe le ameawo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.
But when Pharaoh saw that there was a respite, he hardened his heart, and did not listen to them, as the LORD had spoken.
16 Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ ƒo anyigba, eye ke siwo katã le Egiptenyigba dzi la atrɔ azu muwo.’”
The LORD said to Moses, "Tell Aaron, 'Stretch out your hand with your staff, and strike the dust of the earth, that it may become lice throughout all the land of Egypt.'"
17 Mose kple Aron wowɔ nu si Mawu ɖo na wo la. Tete muwo xɔ Egiptenyigba blibo la dzi enumake, eye woƒo kɔ ɖe amewo kple woƒe lãwo katã dzi.
They did so; and Aaron stretched out his hand with his staff, and struck the dust of the earth, and there were lice on man, and on animal; all the dust of the earth became lice throughout all the land of Egypt.
18 Akunyawɔlawo dze agbagba be yewo hã yewoawɔ nu ma ke kple woƒe nunya ɣaɣlawo, gake azɔ ya la, womete ŋui o, eye muawo ɖu amewo kple lãwo siaa.
The magicians tried with their secret arts to bring forth lice, but they couldn't. There were lice on man, and on animal.
19 Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, “Esia nye Mawu ƒe asinudɔ.” Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.
Then the magicians said to Pharaoh, "This is the finger of God:" and Pharaoh's heart was hardened, and he did not listen to them; as the LORD had spoken.
20 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm.
The LORD said to Moses, "Rise up early in the morning, and stand before Pharaoh; look, he comes forth to the water; and tell him, 'This is what the LORD says, "Let my people go, that they may serve me.
21 Ne ègbe la, maɖo togbatowo ƒe ha gã aɖe ɖa woava Egiptenyigba blibo la dzi, axɔ wò kple wò dumegãwo kple wò amewo ƒe aƒewo me. Ale Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbatowo, eye woayɔ anyigba la ƒe afi sia afi.
Else, if you will not let my people go, look, I will send swarms of flies on you, and on your servants, and on your people, and into your houses: and the houses of the Egyptians shall be full of swarms of flies, and also the ground whereon they are.
22 “‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi,
I will set apart in that day the land of Goshen, in which my people dwell, that no swarms of flies shall be there; to the end you may know that I am the LORD in the midst of the earth.
23 elabena made vovototo wò amewo kple nye amewo dome. Dzesidede siawo katã ava eme etsɔ.’”
I will put a division between my people and your people: by tomorrow shall this sign be."'"
24 Yehowa wɔ abe ale si wògblɔ ene. Togbatowo ƒe ha gã aɖe nye zi ge ɖe Farao ƒe fiasã la me kple eƒe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye togbatoawo gblẽ nu le Egiptenyigba blibo la dzi.
The LORD did so; and there came grievous swarms of flies into the house of Pharaoh, and into his servants' houses: and in all the land of Egypt the land was corrupted by reason of the swarms of flies.
25 Farao yɔ Mose kple Aron enumake hegblɔ na wo be, “Enyo; miyi miasa vɔ na miaƒe Mawu la, gake misa vɔ la le afii, le anyigba sia dzi, migayi gbedzi o.”
Pharaoh called for Moses and for Aaron, and said, "Go, sacrifice to your God in the land."
26 Ke Mose ɖo eŋu be, “Eya masɔ o! Egiptetɔwo lé fu míaƒe vɔsawo. Ne míasa vɔ na Yehowa míaƒe Mawu le woƒe ŋkuta la, woawu mí.
Moses said, "It isn't appropriate to do so; for we shall sacrifice the abomination of the Egyptians to the LORD our God. Look, shall we sacrifice the abomination of the Egyptians before their eyes, and won't they stone us?
27 Ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, asa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma, abe ale si wòɖo na mí ene.”
We will go three days' journey into the wilderness, and sacrifice to the LORD our God, as he shall command us."
28 Farao ɖo eŋu be, “Enyo, maɖe mɔ na mi be miayi aɖasa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la, gake migayi didiƒe sãa o. Azɔ la, miɖe abla miaɖe kuku na miaƒe Mawu la ɖe tanye.”
Pharaoh said, "I will let you go, that you may sacrifice to the LORD your God in the wilderness, only you shall not go very far away. Pray for me."
29 Mose lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Ne medzo le gbɔwò la, mabia Yehowa be wòana togbatoawo katã nabu. Ke mele nya gbem na wò be mègable mí azɔ, ado ŋugbe na mí be yeaɖe asi le ameawo ŋu, eye emegbe nàgatrɔ susu o.”
Moses said, "Look, I go out from you, and I will pray to God that the swarms of flies may depart from Pharaoh, from his servants, and from his people, tomorrow; only do not let Pharaoh deal deceitfully any more in not letting the people go to sacrifice to the LORD."
30 Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa be wòaɖe togbatoawo ɖa.
Moses went out from Pharaoh, and prayed to God.
31 Eye Yehowa wɔ nu si Mose bia. Togbatoawo dzo le Farao kple eŋumewo kple eƒe amewo gbɔ; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meganɔ anyi o.
The LORD did according to the word of Moses, and he removed the swarms of flies from Pharaoh, from his servants, and from his people. There remained not one.
32 Ke fifia gɔ̃ hã la, Farao gasẽ dzi me, eye melɔ̃ be yeaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o.
Pharaoh hardened his heart this time also, and he did not let the people go.

< Mose 2 8 >