< Mose 2 6 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, àkpɔ nu si mawɔ Farao. Le nye alɔ sesẽ la ta, anya wo ado goe, eye le nye asi sesẽ la ta, ado mɔ wo.”
The LORD said to Moses, "Now you shall see what I will do to Pharaoh, for by a strong hand he shall let them go, and by a strong hand he shall drive them out of his land."
2 Mawu gagblɔ na Mose be, “Nyee nye Yehowa.
Then God spoke to Moses, and said to him, "I am the LORD.
3 Meɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ene, ke nye ŋkɔ, Yehowa la, nyemeyɔe na wo o.
And I appeared to Abraham, to Isaac, and to Jacob as El Shaddai, but I did not make myself known to them by my name 'the LORD.'
4 Mewɔ nubabla tɔxɛ aɖe kpli wo. Le nubabla sia ƒe ɖoɖowo nu la, medo ŋugbe be matsɔ Kanaanyigba, afi si wonɔ abe amedzrowo ene la na wo.
And I have also established my covenant with them, to give them the land of Canaan, the land of their sojournings, in which they were foreigners.
5 “Gawu la, mese Israelviwo ƒe konyifafa esi wonye kluviwo fifia le Egipte. Meɖo ŋku nye nubabla la dzi.
Moreover I have heard the groaning of the children of Israel, whom the Egyptians keep in bondage, and I have remembered my covenant.
6 “Eya ta gblɔ na Israel ƒe dzidzimeviwo be, ‘Nyee nye Yehowa, maɖe mi le Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te, mana ablɔɖe mi tso kluvinyenye na wo me, eye maɖe mi kple alɔ sesẽ kple nukunu triakɔwo.
Therefore tell the children of Israel, 'I am the LORD, and I will bring you out from under the burdens of the Egyptians, and I will rid you out of their bondage, and I will redeem you with an outstretched arm, and with great judgments:
7 Maxɔ mi abe nye amewo ene, manye miaƒe Mawu, mianyae be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe asi me,
and I will take you to me for a people, and I will be to you a God; and you shall know that I am the LORD your God, who brings you out from under the burdens of the Egyptians.
8 eye makplɔ mi ayi anyigba si mekɔ asi dzi ka atam be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa.’”
I will bring you into the land which I swore to give to Abraham, to Isaac, and to Jacob; and I will give it to you as a possession. I am the LORD.'"
9 Mose gblɔ nya siawo na Israelviwo, ke womeɖo toe o, le woƒe dziɖeleameƒo kple ŋutasesẽ kple kluvimenɔnɔ ta.
Moses spoke so to the children of Israel, but they did not listen to Moses for anguish of spirit, and for cruel bondage.
10 Yehowa gaƒo nu na Mose, gblɔ nɛ bena,
The LORD spoke to Moses, saying,
11 “Gayi Farao, Egipte fia gbɔ eye nàgblɔ nɛ be, ele be wòaɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le eƒe anyigba dzi.”
"Go in, speak to Pharaoh king of Egypt, that he let the children of Israel go out of his land."
12 Ke Mose ɖe ɖeklemi Yehowa hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, ne Israelviwo maɖo tom o la, aleke Farao ya aɖo tom, elabena nyemenye nuƒola nyui hã o.”
Moses spoke before the LORD, saying, "Look, the children of Israel haven't listened to me. How then shall Pharaoh listen to me, who am of uncircumcised lips?"
13 Tete Yehowa ɖe gbe na Mose kple Aron tso Israelviwo kple Farao, Egipte fia ŋu gblɔ na wo be woakplɔ Israelviwo ado goe tso Egipte.
The LORD spoke to Moses and to Aaron, and gave them a command to the children of Israel, and to Pharaoh king of Egypt, to bring the children of Israel out of the land of Egypt.
14 Ame siwo nye ƒometatɔ na Israel ƒe to vovovoawoe nye: Ruben, Israel ƒe viŋutsu tsitsitɔ ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron, Karmi. Esiawoe nye Reuben ƒe towo.
These are the heads of their fathers' houses. The sons of Reuben the firstborn of Israel: Hanoch, and Pallu, Hezron, and Carmi; these are the families of Reuben.
15 Simeon ƒe viwoe nye: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar, Saul, ame si dada nye Kanaan nyɔnu. Esiawoe nye Simeon ƒe towo.
The sons of Simeon: Jemuel, and Jamin, and Ohad, and Jakin, and Zohar, and Shaul the son of a Canaanite woman; these are the families of Simeon.
16 Ame siwo nye ƒometatɔ na Levi ƒe ƒome la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe tsitsi nu. Gerson, Kohat kple Merari. Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre.
These are the names of the sons of Levi according to their generations: Gershon, and Kohath, and Merari; and the years of the life of Levi were one hundred thirty-seven years.
17 Gerson ƒe viwoe nye: Libni, Simei kple woƒe hlɔ̃wo.
The sons of Gershon: Libni and Shimei, according to their families.
18 Kohat ƒe viwo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Kohat nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.
The sons of Kohath: Amram, and Izhar, and Hebron, and Uzziel; and the years of the life of Kohath were one hundred thirty-three years.
19 Merari ƒe viwo: Mahli kple Musi. Ame siwo ŋkɔ woyɔ va yi la tso Levi ƒe ƒome me, eye woɖo wo ɖe tsitsi nu.
The sons of Merari: Mahli and Mushi. These are the families of the Levites according to their generations.
20 Amram ɖe Yoxebed, fofoa nɔvinyɔnu; wo viwoe nye Mose kple Aron. Amram nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre.
Amram took Jochebed his father's sister to himself as wife; and she bore him Aaron and Moses: and the years of the life of Amram were a hundred and thirty-seven years.
21 Izhar ƒe viwo: Korah, Nefeg kple Zikri.
The sons of Izhar: Korah, and Nepheg, and Zikri.
22 Uziel ƒe viwo: Misael, Elzafan kple Sitri.
The sons of Uzziel: Mishael, and Elzaphan, and Sithri.
23 Aron ɖe Eliseba, Aminadab ƒe vinyɔnu kple Nahson nɔvinyɔnu. Wo viwoe nye, Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar.
Aaron took Elisheba, the daughter of Amminadab, the sister of Nahshon, as his wife; and she bore him Nadab and Abihu, Eleazar and Ithamar.
24 Korah ƒe viwoe nye: Asir, Elkana kple Abiasaf. Ame siawoe wɔ ƒome siwo tso Korah ƒe hlɔ̃ me.
The sons of Korah: Assir, and Elkanah, and Abiasaph; these are the families of the Korahites.
25 Aron ƒe viŋutsu, Eleaza, ɖe Pituel ƒe vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, eye Finehas nye viawo dometɔ ɖeka. Esiawoe nye Levitɔwo ƒe ƒomewo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo katã kple ƒome siwo nɔ hlɔ̃awo me.
Eleazar Aaron's son took one of the daughters of Putiel as his wife; and she bore him Phinehas. These are the heads of ancestral houses of the Levites according to their families.
26 Aron kple Mose, siwo ƒe ŋkɔwo woyɔ ɖe dzidzimegbalẽ sia me la nye: Aron kple Mose, ame siwo Yehowa gblɔ na be, “Mikplɔ Israelviwo katã dzoe le Egiptenyigba dzi.”
These are the Aaron and Moses to whom God said, "Bring out the children of Israel from the land of Egypt according to their regiments."
27 Woawoe yi Egipte fia Farao gbɔ be yewoabia mɔ hena Israelviwo kpɔkplɔ dzoe le Egiptenyigba la dzi, wonye Mose kple Aron.
These are those who spoke to Pharaoh king of Egypt, to bring out the children of Israel from Egypt. These are that Moses and Aaron.
28 Azɔ esi Yehowa ƒo nu na Mose le Egipte la,
It happened on the day when the LORD spoke to Moses in the land of Egypt,
29 egblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa. Gblɔ nya sia nya si megblɔ na wò la na Egipte fia Farao.”
that the LORD spoke to Moses, saying, "I am the LORD. Speak to Pharaoh king of Egypt all that I speak to you."
30 Ke Mose gblɔ na Yehowa be, “Aleke Farao aɖo tom esi nyemenya nuƒoƒo o?”
Moses said before the LORD, "Look, I am of uncircumcised lips, and how shall Pharaoh listen to me?"

< Mose 2 6 >