< Mose 2 5 >

1 Le takpekpe wɔwɔ kple Israel ƒe dumegãwo vɔ megbe la, Mose kple Aron woyi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi gbedzi aɖaɖu ŋkekenyui nam.’”
后来摩西、亚伦去对法老说:“耶和华—以色列的 神这样说:‘容我的百姓去,在旷野向我守节。’”
2 Farao bia be, “Ame kae nye Yehowa be maɖo toe, eye maɖe asi le Israel ŋu? Nyemenya Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋu o.”
法老说:“耶和华是谁,使我听他的话,容以色列人去呢?我不认识耶和华,也不容以色列人去!”
3 Mose kple Aron woƒoe ɖe Farao nu be, “Hebritɔwo ƒe Mawu la do go mí, ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, eye míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma. Ne míeɖo to eƒe gbe o la, dɔvɔ̃ awu mí alo míatsi futɔwo ƒe yi nu.”
他们说:“希伯来人的 神遇见了我们。求你容我们往旷野去,走三天的路程,祭祀耶和华—我们的 神,免得他用瘟疫、刀兵攻击我们。”
4 Ke Egipte fia gblɔ be, “Mose kple Aron, nu ka ta miele ameawo ɖem ɖa tso woƒe dɔ gbɔ? Mitrɔ yi miaƒe dɔ gbɔ!”
埃及王对他们说:“摩西、亚伦!你们为什么叫百姓旷工呢?你们去担你们的担子吧!”
5 Farao gagblɔ be, “Kpɔ ɖa, amewo sɔ gbɔ le anyigba la dzi, eye miele wo ɖem ɖa le woƒe dɔwo gbɔ.”
又说:“看哪,这地的以色列人如今众多,你们竟叫他们歇下担子!”
6 Gbe ma gbe la, Farao ɖe gbe na dɔdzikpɔla kple dɔnunɔla siwo le ameawo nu be,
当天,法老吩咐督工的和官长说:
7 “Migana gbe ƒuƒu Israelviwo azɔ na anyikpeawo meme o; mina woayi aɖadi woawo ŋutɔ ƒe gbe ƒuƒu.
“你们不可照常把草给百姓做砖,叫他们自己去捡草。
8 Ke mina woagame anyikpe xexlẽme si womena tsã la; migaɖe edzi na wo o. Kuviatɔwo wonye, eya ta wole ɣli dom be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na míaƒe Mawu’
他们素常做砖的数目,你们仍旧向他们要,一点不可减少;因为他们是懒惰的,所以呼求说:‘容我们去祭祀我们的 神。’
9 Mina woƒe dɔ nagasẽ na wo wu tsã ale be woagayi dɔwɔwɔ dzi. Migaɖo to woƒe alakpanyawo o.”
你们要把更重的工夫加在这些人身上,叫他们劳碌,不听虚谎的言语。”
10 Ale dɔdzikpɔlawo kple dɔnunɔlawo yi ɖagblɔ na ameawo be, “Nya si Farao gblɔe nye, ‘Nyemagana gbe ƒuƒu mi azɔ o.
督工的和官长出来对百姓说:“法老这样说:‘我不给你们草。
11 Miyi ne miawo ŋutɔ miadi gbe ƒuƒu le afi sia afi si miakpɔe le, ke womaɖe miaƒe dɔ dzi kpɔtɔ le go aɖeke me o.’”
你们自己在哪里能找草,就往那里去找吧!但你们的工一点不可减少。’”
12 Ale Israelviwo kaka ɖe Egiptenyigba la katã dzi henɔ gbe ƒuƒu dim.
于是百姓散在埃及遍地,捡碎秸当作草。
13 Dɔdzikpɔlawo sẽa ŋuta le wo ŋu, woɖea gbe na wo be, “Mime anyikpewo woasɔ gbɔ gbe sia gbe abe tsã ene.”
督工的催着说:“你们一天当完一天的工,与先前有草一样。”
14 Woƒoa Israelviwo ƒe dɔnunɔla siwo Farao ɖo wo nu, eye wobluna ɖe wo ta be, “Nu ka ta mieme anyikpe xexlẽme si wòle be miame etsɔ alo egbe abe tsã ene o?”
法老督工的,责打他所派以色列人的官长,说:“你们昨天今天为什么没有照向来的数目做砖、完你们的工作呢?”
15 Ale Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo yi Farao gbɔ heƒo koko nɛ be, “Nu ka ŋuti nèle wò dɔlawo wɔm alea?
以色列人的官长就来哀求法老说:“为什么这样待你的仆人?
16 Womeganaa gbe ƒuƒu wò dɔlawo o, ke wobia tso mía si be, ‘Mime anyikpewo!’ Woƒoa wò dɔlawo le esime vodada la tso wò ŋutɔ wò amewo gbɔ, wònye miaƒe dɔdzikpɔlawoe le dɔ manyatanu ɖom na mí.”
督工的不把草给仆人,并且对我们说:‘做砖吧!’看哪,你仆人挨了打,其实是你百姓的错。”
17 Farao ɖo eŋu be, “Kuviatɔwo mienye, eya ta miele gbɔgblɔm be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na Yehowa.’
但法老说:“你们是懒惰的!你们是懒惰的!所以说:‘容我们去祭祀耶和华。’
18 Mitrɔ yi miaƒe dɔwo gbɔ, womana gbe ƒuƒu aɖeke mi o, gake ele be miame anyikpe xexlẽme si miemena gbe sia gbe tsã la kokoko!”
现在你们去做工吧!草是不给你们的,砖却要如数交纳。”
19 Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo kpɔe be nu sesẽwo ɖi kpe yewo nyateƒe be womaɖe yewoƒe gbe sia gbe kpememe la dzi na yewo o.
以色列人的官长听说“你们每天做砖的工作一点不可减少”,就知道是遭遇祸患了。
20 Mose kple Aron wonɔ wo lalam le fiasã la godo esi me wodzo le Farao gbɔ. Esi wodo go wo la,
他们离了法老出来,正遇见摩西、亚伦站在对面,
21 wogblɔ na Mose kple Aron be, “Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu mi be miena míeɖi nu ʋeʋĩwo le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye be miena mɔnukpɔkpɔ wo be woawu mí.”
就向他们说:“愿耶和华鉴察你们,施行判断;因你们使我们在法老和他臣仆面前有了臭名,把刀递在他们手中杀我们。”
22 Tete Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ be, “O, Yehowa, nu ka ta nèhe fukpekpe sia va ame siawo dzii? Esia tae nèdɔm ɖoa?
摩西回到耶和华那里,说:“主啊,你为什么苦待这百姓呢?为什么打发我去呢?
23 Tso esime megblɔ wò gbedeasi la na Farao ko la, ɖeko wògale ŋuta sẽm le ameawo ŋu wu tsã; mèɖe wo tso woƒe fukpekpewo me kura o!”
自从我去见法老,奉你的名说话,他就苦待这百姓,你一点也没有拯救他们。”

< Mose 2 5 >