< Mose 2 40 >

1 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be,
Yahvé parla à Moïse, et dit:
2 “Tu agbadɔ la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.
Le premier jour du premier mois, tu relèveras le tabernacle de la tente de la Rencontre.
3 Tsɔ nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la de eme, eye nàtsi xɔmetsovɔ la ale be wòaɣla nubablaɖaka la ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la.
Tu y placeras l'arche de l'alliance, et tu protégeras l'arche avec le voile.
4 Emegbe la, kɔ kplɔ̃ la da ɖe eme, nàkɔ kplɔ̃a ŋutinuwo da ɖe kplɔ̃ la dzi, nàtsɔ akaɖiti la de eme, eye nàsi akaɖiawo.
Tu feras entrer la table et tu mettras en ordre les objets qui s'y trouvent. Tu feras entrer le chandelier et tu allumeras ses lampes.
5 “Kɔ sikavɔsamlekpui si dzi woado dzudzɔ ɖo la da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Tsi xɔmemɔnuvɔawo ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu,
Tu placeras l'autel d'or pour les parfums devant l'arche de l'alliance, et tu mettras le rideau de l'entrée du tabernacle.
6 eye nàkɔ numevɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu.
« Tu placeras l'autel des holocaustes devant l'entrée de la tente de la Rencontre.
7 Kɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàku tsi ɖe eme.
Tu placeras le bassin entre la tente d'assignation et l'autel, et tu y mettras de l'eau.
8 Le esia megbe la, wɔ xɔxɔnu la ƒo xlã agbadɔ la godoo, eye nàtsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe xɔxɔnu la ƒe mɔnu.
Tu dresseras le parvis tout autour, et tu accrocheras le rideau de la porte du parvis.
9 “Tsɔ ami sisi la, eye nàhlẽe ɖe agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋuti, ɖe nu siwo ŋu dɔ woawɔ kple agbadɔ la ƒe akpawo kple xɔmenuawo ŋuti be nàkɔ wo ŋuti, eye wo ŋuti nakɔ.
« Tu prendras l'huile d'onction, tu oindras le tabernacle et tout ce qui s'y trouve, et tu le sanctifieras, ainsi que tout son mobilier, et il sera saint.
10 Hlẽ ami sisi la ɖe numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo ŋuti, eye nàkɔ wo ŋu; ekema vɔsamlekpui la ŋuti akɔ nyuie.
Tu oindras l'autel des holocaustes et tous ses ustensiles, tu sanctifieras l'autel, et l'autel sera très saint.
11 Si ami na tsileze la kple eƒe zɔ, eye nàwɔe kɔkɔe.
Tu oindras le bassin et sa base, et tu le sanctifieras.
12 “Azɔ la, kplɔ Aron kple via ŋutsuwo va agbadɔ la ƒe mɔnu eye nàle tsi na wo.
« Tu feras venir Aaron et ses fils à l'entrée de la tente de la Rencontre, et tu les laveras avec de l'eau.
13 Do awu kɔkɔewo na Aron eye nàsi ami nɛ, akɔ eŋu be wòasubɔm abe nunɔla ene.
Tu revêtiras Aaron des vêtements sacrés, tu l'oindras et tu le sanctifieras, afin qu'il soit à mon service dans la fonction de prêtre.
14 Emegbe la, nàkplɔ via ŋutsuwo vɛ, nàdo woƒe awuwo na wo,
Tu feras venir ses fils, et tu les revêtiras de tuniques.
15 eye nàsi ami na wo abe ale si nàsii na wo fofo ene, ale be woasubɔm abe nunɔlawo ene. Ami sisi sia atsi wo ŋu tegbetegbe, tso mavɔ me yi mavɔ me: wo viwo katã kple wo viwo ƒe viwo azu nunɔlawo nam tegbetegbe.”
Tu les oindras, comme tu as oint leur père, afin qu'ils soient à mon service dans le sacerdoce. Leur onction leur servira de sacerdoce pour l'éternité, de génération en génération. »
16 Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la wɔwɔ me.
Moïse fit ainsi. Il fit tout ce que Yahvé lui avait ordonné.
17 Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wotu agbadɔ la.
Le premier mois de la seconde année, le premier jour du mois, on éleva le tabernacle.
18 Mose kɔ zɔwo de sɔtiawo te, eye wòklã ʋuƒowo ɖe sɔtiawo ŋu.
Moïse éleva le tabernacle, en posa les bases, en dressa les planches, en plaça les barres et en dressa les colonnes.
19 Ekeke avɔ la ɖe atixɔ la ŋu, eye wòda tamenuwo ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene.
Il étendit la couverture sur la tente et posa dessus le toit du tabernacle, comme l'Yahvé l'avait ordonné à Moïse.
20 Etsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la da ɖe nubablaɖaka la me, etsi aɖakatsɔtiawo ɖe eŋu, eye wòtsɔ sikanutunu, amenuveveteƒe la tu enu.
Il prit l'alliance et la mit dans l'arche, il plaça les poteaux sur l'arche, et il plaça le propitiatoire au-dessus de l'arche.
21 Emegbe la, ekɔ nubablaɖaka la va agbadɔ la me, eye wòtsɔ xɔmetsovɔ la xe eŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene.
Il fit entrer l'arche dans la tente, plaça le voile du rideau et protégea l'arche de l'alliance, comme l'Éternel l'avait ordonné à Moïse.
22 Azɔ la, ekɔ Kplɔ̃ la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me le anyiehe lɔƒo, le xɔmetsovɔ la godo,
Il plaça la table dans la tente d'assignation, au nord de la tente, en dehors du voile.
23 eye wòtsɔ ŋkumeɖobolo la da ɖe kplɔ̃ la dzi le Yehowa ŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.
Il y déposa le pain en ordre devant l'Éternel, comme l'Éternel l'avait ordonné à Moïse.
24 Mose kɔ akaɖiti la da ɖe kplɔ̃ la kasa le agbadɔ la me le dziehe lɔƒo.
Il plaça le chandelier dans la tente d'assignation, en face de la table, du côté sud de la tente.
25 Esi akaɖiawo le Yehowa ŋkume le ɖoɖoawo nu,
Il alluma les lampes devant l'Éternel, comme l'Éternel l'avait ordonné à Moïse.
26 eye wòkɔ sikavɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la me te ɖe xɔmetsovɔ la ŋu.
Il plaça l'autel d'or dans la tente d'assignation, devant le voile,
27 Etsɔ atike ʋeʋĩwo do dzudzɔ ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.
et il y brûla des parfums d'aromates, comme l'Éternel l'avait ordonné à Moïse.
28 Etsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu,
Il dressa le rideau de l'entrée de la tente d'assignation.
29 ekɔ numevɔsamlekpui la da ɖe gota te ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu ŋu, eye wòme numevɔsa kple nuɖuvɔsa le vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene.
Il plaça l'autel des holocaustes à l'entrée du tabernacle, dans la tente d'assignation, et il y offrit l'holocauste et l'offrande, comme Yahvé l'avait ordonné à Moïse.
30 Emegbe la, ekɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome. Eku tsi ɖe eme wòyɔ ale be nunɔlawo ate ŋu awɔ eŋu dɔ le asikɔklɔ kple afɔkɔklɔ me.
Il plaça le bassin entre la tente d'assignation et l'autel, et y mit de l'eau pour se laver.
31 Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo klɔ woƒe asiwo kple afɔwo le afi sia.
Moïse, Aaron et ses fils y lavèrent leurs mains et leurs pieds.
32 Ɣe sia ɣi si woato vɔsamlekpui la ŋu be yewoage ɖe agbadɔ la me la, wotɔna, klɔa asi kple afɔ, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
Lorsqu'ils entraient dans la tente de la Rencontre et qu'ils s'approchaient de l'autel, ils se lavaient, comme l'avait ordonné l'Éternel à Moïse.
33 Azɔ la, Mose tɔ kpɔ ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la, eye wòtsi xɔmemɔnuvɔ ɖe nɔƒe la ƒe mɔnu. Ale Mose wu eƒe dɔ la nu mlɔeba.
Il releva le parvis autour de la tente et de l'autel, et dressa le rideau de la porte du parvis. Moïse acheva ainsi l'ouvrage.
34 Tete lilikpo la tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ eme.
Alors la nuée couvrit la Tente de la Rencontre, et la gloire de Yahvé remplit la Tente.
35 Mose mete ŋu ge ɖe eme o, elabena lilikpo la nɔ afi ma, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ agbadɔ la me fũu.
Moïse ne pouvait pas entrer dans la Tente de la Rencontre, car la nuée restait dessus, et la gloire de Yahvé remplissait la Tente.
36 Ne lilikpo la ho, eye wòɖe zɔ la, Israelviwo yia mɔzɔzɔ la dzi, dzea eyome.
Lorsque la nuée s'élevait au-dessus de la Tente, les enfants d'Israël continuaient à marcher dans tous leurs déplacements.
37 Ke ne lilikpo la tɔ la, woawo hã wotɔna va se ɖe esime lilikpo la gaɖe zɔ.
Mais si la nuée ne s'élevait pas, ils ne voyageaient pas jusqu'au jour où elle s'élevait.
38 Yehowa ƒe lilikpo la tɔna ɖe agbadɔ la dzi le ŋkeke me. Ke le zã me la, dzo klẽna le lilikpo la me, ale be Israelviwo katã nate ŋu akpɔe. Nu sia yi edzi le woƒe mɔzɔzɔwo katã me.
Car la nuée de Yahvé était sur le tabernacle pendant le jour, et il y avait du feu dans la nuée pendant la nuit, aux yeux de toute la maison d'Israël, pendant tous leurs voyages.

< Mose 2 40 >