< Mose 2 4 >

1 Ke Mose gblɔ be, “Womaxɔ dzinye ase o! Womawɔ nu si magblɔ na wo be woawɔ o. Woagblɔ be, ‘Yehowa meɖe eɖokui fia wò o!’”
And Moses answered and said, But, behold, they will not believe me, nor hearken unto my voice; for they will say, The Lord hath not appeared unto thee.
2 Yehowa biae be, “Nu kae nye ema le asiwò?” Mose ɖo eŋu be, “Alẽkplɔla ƒe atikplɔe.”
And the Lord said unto him, What is that in thy hand? and he said, A staff.
3 Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba.” Mose ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba, eye wòtrɔ zu da; tete Mose si le egbɔ.
And he said, Cast it on the ground; and he cast it on the ground, and it became a serpent; and Moses fled from before it.
4 Yehowa gblɔ nɛ be, “Lé eƒe asike!” Mose lé da la ƒe asike, eye wògazu atikplɔ ɖe esi!
And the Lord said unto Moses, Put forth thy hand, and grasp it by the tail; and he put forth his hand, and laid hold of it, and it became a staff in his hand.
5 Yehowa gblɔ nɛ be, “Wɔ esia ekema woaxɔ dziwò ase, ekema woadze sii be Yehowa, wo fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawue ɖe eɖokui fia wò nyateƒe.”
In order that they may believe that there hath appeared unto thee the Everlasting One, the God of their fathers, the God of Abraham, the God of Isaac, and the God of Jacob.
6 Azɔ Yehowa gblɔ be, “Tsɔ wò asi de wò axatome.” Eye Mose tsɔ eƒe asi de axatome. Esi wòɖe asi ɖa la, eƒe asi dze kpodɔ hefu kpĩi.
And the Lord said farthermore unto him, Do put thy hand into thy bosom: and he put his hand into his bosom; and when he took it out, behold, his hand was leprous, white as snow.
7 Yehowa gagblɔ nɛ be, “Gatsɔ wò asi de wò axatome.” Esi wògawɔ esia, eye wògaɖe asi ɖa la, dɔvɔ̃ɖi la bu le eŋu; eƒe asi ganɔ abe tsã ene!
And he said, Put thy hand again into thy bosom: and he put his hand again into his bosom; and when he pulled it out of his bosom, behold, it was turned again as his other flesh.
8 Yehowa gblɔ be, “Ne womexɔ nukunu gbãtɔ dzi se o la, woaxɔ evelia dzi ase.
And it shall come to pass, if they will not believe thee, neither hearken to the voice of the first sign, that they will believe the voice of the latter sign.
9 Ne womeɖo to wò le dzesi eve siawo megbe o la, ekema ku tsi tso Nil tɔsisi la me kɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi, eye wòatrɔ azu ʋu.”
And it shall come to pass, if they will not believe also these two signs, and will not hearken unto thy voice, that thou shalt take of the water of the river, and pour it upon the dry land: and the water which thou shalt take out of the river shall become blood upon the dry land.
10 Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, “O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia hã o, togbɔ be èƒo nu nam gɔ̃ hã, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o.”
And Moses said unto the Lord, Pardon, O Lord, I am not a man of words, neither yesterday, nor the day before, nor since thou hast spoken unto thy servant; for I am heavy of speech, and heavy of tongue.
11 Yehowa biae be, “Ame kae wɔ nuwo na amewo? Menye nye, Yehowae oa? Ame kae wɔ aɖetututɔ alo tokunɔ, alo nukpɔla, alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowae oa?
And the Lord said unto him, Who hath given a mouth to man? or who maketh him dumb, or deaf, or seeing, or blind? is it not I the Lord?
12 Azɔ la, yii, elabena makpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si nàgblɔ la na wò.”
Now therefore go, and I will be with thy mouth, and I will teach thee what thou shalt speak.
13 Ke Mose gagblɔ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ame bubu aɖe ɖa.”
And he said, Pardon, O Lord, send, I pray thee, by the hand of him whom thou wouldst send.
14 Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, nɔviwò Aron, Levitɔ la, ƒoa nu nyuie, egbɔna ava di wò le afi sia. Akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔ wò,
And the anger of the Lord was kindled against Moses, and he said, Is there not Aaron, thy brother, the Levite? I know that he can speak well; and also, behold, he cometh forth to meet thee; and when he seeth thee, he will be glad in his heart.
15 eya ta magblɔ nu si nàgblɔ nɛ la na wò. Makpe ɖe mi ame evea ŋu be miaƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si miagblɔ la na mi.
And thou shalt speak unto him, and put the words in his mouth: and I will be with thy mouth, and with his mouth, and I will teach you what ye shall do.
16 Eyae anɔ tewòƒe, eye wòaƒo nu na ameawo. Wò la, ànɔ nɛ abe Mawu ene,
And he shall speak for thee unto the people; and he shall be, yea he shall be to thee as a mouth, and thou shalt be to him as a God.
17 gake tsɔ wò atikplɔ la ɖe asi ale be nàte ŋu awɔ nukunu siwo mefia wò la kplii.”
And this staff shalt thou take in thy hand, wherewith thou shalt do the signs.
18 Mose trɔ yi aƒe me; edzro nya la me kple toa, Yetro, hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, ɖe mɔ nam matrɔ ayi nye ƒometɔwo gbɔ le Egipte ne makpɔe ɖa be wogale agbe mahã?” Yetro ɖo eŋu be, “Yi faa, nye yayrawo le yowòme.”
And Moses went and returned to Jether his father-in-law, and said unto him, Let me go, I pray thee, and return unto my brethren that are in Egypt, and see whether they be yet alive; and Jithro said to Moses, Go in peace.
19 Hafi Mose nadzo le Midian la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi Egipte, elabena ame siwo katã di be yewoawu wò la, ku xoxo.”
And the Lord said unto Moses in Midian, Go, return into Egypt; for all the men are dead who sought thy life.
20 Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ!
And Moses took his wife and his sons, and set them upon an ass, and he returned to the land of Egypt; and Moses took the staff of God in his hand.
21 Yehowa gblɔ nɛ be, “Ne èɖo Egipte la, ele na wò be nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàwɔ nukunu siwo mena ŋusẽ wò be nàwɔ. Ke mana wòasẽ dzi me: maɖe asi le ameawo ŋu be woadzo o.
And the Lord said unto Moses, When thou goest to return into Egypt, regard well all the wonders which I have put in thy hand, and do them before Pharaoh; but I will harden his heart, and he will not let the people go.
22 Ekema, ele na wò be nàgblɔ na Farao be, ‘Yehowa be, Israel dukɔ lae nye nye ŋutsu ŋgɔgbevi.
And thou shalt say unto Pharaoh, Thus hath said the Lord, My son, my first-born, is Israel.
23 Meɖoe na wò be nàna wòadzo aɖasubɔm, ke ègbe toɖoɖo. Kpɔ ɖa, mawu wò ŋgɔgbevi.’”
And I said unto thee, Let my son go, that he may serve me; and thou refusest to let him go; so, behold, I will slay thy son, thy first-born.
24 Esi Mose kple srɔ̃a kpakple wo viwo nɔ mɔa zɔm la, wotsi teƒe aɖe dɔ. Yehowa ɖe eɖokui fia Mose, eye wòdo ŋɔdzi nɛ be yeawui.
And as he was on the journey in the inn, the Lord met him, and sought to kill him.
25 Ke Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛ aɖe lã via ƒe aʋanuyi, eye wòtsɔe ka Mose ƒe afɔwo ŋu hegblɔ be, “Nyateƒee, ènye ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nam.”
Then took Zipporah a sharp instrument, and cut off the foreskin of her son, and cast it at his feet, and said, Surely a bloody relative art thou to me.
26 Ale Yehowa ɖe asi le eŋu. (Ɣe ma ɣie Zipora gblɔ be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃,” eye nu si gblɔm wòle lae nye aʋatsotso.)
And then he withdrew from him; when she said, A bloody relative, but only in respect of the circumcision.
27 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Aron be, “Yi gbedzi ne nàkpe Mose.” Ale Aron zɔ mɔ yi Mawu ƒe to, Horeb gbɔ ɖado go Mose le afi ma, eye wògbugbɔ nu nɛ.
And the Lord said to Aaron, Go to meet Moses, into the wilderness; and he went and met him by the mount of God, and kissed him.
28 Mose gblɔ nu siwo Yehowa ɖo na wo be woawɔ kple nya siwo woagblɔ la na Aron. Eƒo nu tso nukunu siwo woawɔ le Farao ŋkume la hã ŋu nɛ.
And Moses told Aaron all the words of the Lord wherewith he had sent him, and all the signs which he had commanded him.
29 Ale Mose kple Aron wotrɔ va Egipte. Wowɔ takpekpe kple Israel ƒe dumegãwo.
And Moses and Aaron went and assembled all the elders of the children of Israel:
30 Aron gblɔ nu siwo Yehowa gblɔ na Mose la na wo, eye Mose wɔ nukunuawo wokpɔ.
And Aaron spoke all the words which the Lord had spoken unto Moses; and he did the signs before the eyes of the people.
31 Dumegãwo xɔe se be Yehowae ɖo wo ɖa nyateƒe. Esi wose be Yehowa va kpɔ wo ɖa, kpɔ woƒe nublanuitɔnyenye, eye wòɖo ta me be yeaɖe wo la, wode ta agu, eye wosubɔe.
And the people believed: and when they heard that the Lord had visited the children of Israel, and that he had looked upon their affliction, then they bowed their heads and worshipped.

< Mose 2 4 >