< Mose 2 39 >

1 Le esiawo megbe la, ameawo tsɔ avɔ siwo wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la tɔ awu nyuiwo na nunɔlawo be woado hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ Aron ƒe awu kɔkɔewo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
They made woven clothing from blue, purple, and crimson thread for serving in the sanctuary. They also made holy clothing garments for Aaron, as the Lord had ordered Moses to do.
2 Wotsɔ avɔ sia ke si wolɔ̃ kple sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple ɖetika ɣitɔ tɔ kɔmewu la hã.
They made the ephod of finely-woven linen embroidered with gold, and with blue, purple, and crimson thread.
3 Bezalel tu sika wòzu falɛe, eye wòfe eme wòzu sikaka suesuewo. Etsɔ wo na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo be woalɔ̃ nu ɖe avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la me. Enye aɖaŋu nyui aɖe si nya kpɔ ŋutɔ.
They hammered out thin sheets of gold and cut threads from them to weave in with the blue, purple, and scarlet thread, together with fine linen, all skillfully worked.
4 Wode ka abɔta na kɔmewu la, eye woku wo ɖe kɔmewu la ƒe dzogoe eve ŋuti ale be woate ŋu asae.
Two shoulder pieces were attached to the front and back pieces.
5 Alidziblanu si wolɔ̃ kple aɖaŋu la sɔ kplii, wotsɔ sika, ɖetika ɣi, blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ lɔ̃ wo kple kɔmewu la ɖekae abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene la tututu.
The waistband of the ephod was one piece made in the same way, using gold thread, with blue, purple, and crimson thread, and with finely-woven linen, as the Lord had ordered Moses to do.
6 Wotsɔ sika wɔ kae, eye wotsɔ sikaka la lé onikskpe eve siwo wotɔ ɖe abɔtaka si le kɔmewu la ŋu lae. Woŋlɔ Israelviwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi,
They placed the onyx stones in ornamental gold settings, engraved with the names of the Israelite tribes in the same way a jeweler engraves a personal seal.
7 eye wotɔ wo ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
They attached both stones to the shoulder pieces of the ephod as reminders for the Israelite tribes, as the Lord had ordered Moses to do.
8 Akɔtawu la hã nyo abe kɔmewu la ene. Wowɔ eya hã kple sika nyuitɔ, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe kawo, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe kawo abe kɔmewu la ke ene.
They also made a breastpiece for decisions in the same skilful way as the ephod, to be used in determining the Lord's will. They made it using gold thread, with blue, purple, and crimson thread, and with finely-woven linen.
9 Edidi sentimita blaeve-vɔ-eve, eye wòkeke nenema ke. Woŋee ɖe akpa eve ale wòzu kotoku aɖe tɔgbi.
It was square when folded, measuring around nine inches in length and width.
10 Woɖo kpe xɔasiwo ɖe fli ene me ɖe edzi. Kanelian, krisolit kple beril nɔ fli gbãtɔ me.
They attached an arrangement of precious stones in four rows as follows. In the first row carnelian, peridot, and emerald.
11 Tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nɔ fli evelia me.
In the second row turquoise, lapis lazuli, and sardonyx.
12 Yasint, agate kple ametist nɔ fli etɔ̃lia me.
In the third row jacinth, agate, and amethyst.
13 Topaz, oniks kple yaspa nɔ fli enelia me. Wotsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti.
In the fourth row topaz, beryl, and jasper. They were all placed in ornamental gold settings.
14 Woŋlɔ Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe xɔasiawo dzi.
Each of the twelve stones were engraved like a personal seal with the name of one of the twelve Israelites tribes and represented them.
15 Wotsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu.
They made cords of braided chains from pure gold to attach the breastpiece.
16 Sikaka eve tsi ɖe sikanulénu eve ŋu le abɔtawu la ƒe dzogoe eveawo tame;
They made two gold settings and two gold rings and fastened the rings to the two top corners of the breastpiece.
17 wosa sikaka eveawo ɖe asigɛ eveawo ŋu
They attached the two gold chains to the two gold rings on the corners of the breastpiece,
18 eye wotɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe.
and then fastened the opposite ends of the two chains to the ornamental gold settings on the shoulder pieces of the front side of the ephod.
19 Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe abɔtaka eveawo ŋu ɖe Akɔtawu la te, wote ɖe afi si wokpe alidziblanu la le la ŋu.
They made two more gold rings and attached them to the two lower corners of the breastpiece, on the inside edge next to the ephod.
20 Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtaka la te, wote ɖe afi si wotsi kɔmewu la ɖe alidziblanu la ŋu la ŋu.
They made two more gold rings and attached them to the bottom of the two shoulder pieces of the front side of the ephod, near where it joins its woven waistband.
21 Wotsi Akɔtawu la ɖe Kɔmewu la ŋu sesĩe esi wotsɔ ka blɔtɔ sa ɖe Akɔtawu la ƒe sikasigɛ kple Kɔmewu la ƒe sikasigɛ ŋu. Yehowae ɖo esiawo katã na Mose.
They tied the rings of the breastpiece to the rings of the ephod with a cord of blue thread, so that the breastpiece wouldn't come loose from the ephod, as the Lord had ordered Moses to do.
22 Wotsɔ avɔ blɔtɔ tɔ Kɔmewu lae.
They made the robe that goes with the ephod exclusively from woven blue cloth,
23 Woɖe teƒe ɖe kɔmewu la titina, afi si ame ƒe ta nato. Woƒo to na teƒe sia ale be mavuvu o.
with an opening in the middle at the top. They stitched a woven collar around the opening to strengthen it so it wouldn't tear.
24 Wotsɔ avɔ si me wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka lɔ̃ nu ɖo la wɔ yevuboɖawo ɖe awu la to le ete godoo.
They made pomegranates using blue, purple, and crimson thread and finely-woven linen and attached them all the way around its hem.
25 Wotsi nyawowoe siwo wotu kple sika nyuitɔ la ɖe yevuboɖa eve ɖe sia ɖe dome le awu la to.
They made pure gold bells and attached them between the pomegranates all the way around its hem,
26 Nyawowoe ɖeka nɔ yevuboɖa eve dome; aleae wòle awu ʋlaya la to kpe ɖo. Awu siae woado hena subɔsubɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
having the bells and the pomegranates alternate. The robe was to be used for priestly service, as the Lord had ordered Moses to do.
27 Azɔ la, wotsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi la tɔ awu ʋlayawo na Aron kple via ŋutsuwo.
They made tunics with finely-spun linen made by a weaver for Aaron and his sons.
28 Wotsɔ avɔ sia ke tɔ akɔtawuwo, tablanuwo, kukuwo kple awutewuiwo kple alidziblakawoe.
They also made turbans, headdresses, and headbands of fine linen, and finely-woven linen undershorts,
29 Ke wotsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ lɔ̃ nuwo ɖe alidziblanuawo me abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene.
as well as sashes of finely-woven linen embroidered with blue, purple, and crimson thread, as the Lord had ordered Moses to do.
30 Le esiawo katã megbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu. Woŋlɔ ɖe ganu sia dzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa.
They made the plate of the holy crown of pure gold and wrote on it, engraved like a seal, “Holy to the Lord.”
31 Wotsɔ ka blɔtɔ lé ganu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene.
They tied a blue cord to it to attach it to the front of the turban, as the Lord had ordered Moses to do.
32 Wozɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa na Mose la nu. Ale wowu agbadɔ la nu mlɔeba.
So all the work for the Tabernacle, the Tent of Meeting, was finished. The Israelites did everything as the Lord had ordered Moses to do.
33 Azɔ la, wokɔ agbadɔ blibo la ŋunuwo yi Mose gbɔ: xɔmenuwo, ganuviawo, ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo, afɔwo;
Then they presented the Tabernacle to Moses: the tent with all its furniture, its clips, its frames, its crossbars, and its posts and stands;
34 agbogbalẽ siwo wode ama dzĩi hena agbadɔ la tame kple eƒe axawo kple xɔmenuwo;
the covering of tanned ram skins, the covering of fine leather, and the veil;
35 nubablaɖaka la, Se Ewoawo le eme; atiawo hena nubablaɖaka la kɔkɔ, amenuveteƒe la;
the Ark of the Testimony with its poles and the atonement cover;
36 kplɔ̃ la kple eŋunuwo katã; ŋkumeɖobolo la;
the table with all its equipment and the Bread of the Presence;
37 sikakaɖiti la, akaɖigbɛawo, wo ŋunuwo kple ami;
the pure gold lampstand with its lamps placed in a row, and all its equipment, as well as the olive oil for the lamps;
38 Sikavɔsamlekpui la, ami sisi la, Dzudzɔdonu ʋeʋĩ la, agbadɔnuvɔ la;
the gold altar, the anointing oil, the aromatic incense, and the screen for the tent's entrance;
39 Akɔblivɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ;
the bronze altar with its bronze grate, its poles, and all its utensils; the basin plus its stand;
40 Xɔxɔnu la ŋu ƒe avɔwo kple woƒe tsyotiwo, xɔxɔnu la ƒe agbonuvɔwo, kpɔtiawo; woƒe zɔwo, woƒe kawo kple gatagbadzɛawo; nu siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu me.
the curtains of the courtyard and its posts and stands; the curtain for the courtyard entrance, its ropes and tent pegs, and all the equipment for the services of Tabernacle, the Tent of Meeting;
41 Emegbe la, wotsɔ awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.
and the woven garments for serving in the sanctuary, the holy clothes for Aaron the priest and for his sons to serve as priests.
42 Ale Israelviwo wɔ dɔ blibo la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
The Israelites did all the work that the Lord had ordered Moses to do.
43 Mose lé ŋku ɖe dɔ blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ dɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo nɛ la nu pɛpɛpɛ.
Moses inspected all the work and made sure they had done it as the Lord had ordered. Then Moses blessed them.

< Mose 2 39 >