< Mose 2 38 >
1 Bezalel kpa numevɔsamlekpui la hã kple akasiati. Etame ƒe didime kple eƒe kekeme siaa nye mita eve kple desimita eve. Eƒe kɔkɔme nye mita ɖeka kple desimita etɔ̃.
他用皂荚木做燔祭坛,是四方的,长五肘,宽五肘,高三肘,
2 Dzo ene nɔ dzogoe eneawo dzi; wokpa wo kpe ɖe numevɔsamlekpui la ŋu wonye nu blibo ɖeka. Wofa akɔbli ɖe numevɔsamlekpui la ŋu.
在坛的四拐角上做四个角,与坛接连一块,用铜把坛包裹。
3 Etsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo.
他做坛上的盆、铲子、盘子、肉锸子、火鼎;这一切器具都是用铜做的。
4 Emegbe la, egatsɔ akɔbli wɔ adzrala, eye wòlée ɖe vɔsamlekpui la te godoo, le titina na anyigba kple vɔsamlekpui la te, le teƒe si woado dzo ɖo.
又为坛做一个铜网,安在坛四面的围腰板以下,从下达到坛的半腰。
5 Wotu akɔblisigɛ ene ɖe adzrala la ƒe akpa eveawo ŋu be woatsɔ atiawo aƒo ɖe wo me hena ekɔkɔ.
为铜网的四角铸四个环子,作为穿杠的用处。
6 Wotsɔ akasiati wɔ ekɔtiawo hãe, eye wofa akɔbli ɖe wo ŋu.
用皂荚木做杠,用铜包裹,
7 Wotsɔ atiawo ƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi. Wotsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui lae, eye do le eme.
把杠穿在坛两旁的环子内,用以抬坛,并用板做坛;坛是空的。
8 Etsɔ akɔblihuhɔ̃e wɔ tsileze la kple eƒe zɔ. Nyɔnu siwo subɔna le agbadɔ la nu lae na ahuhɔ̃eawo wotsɔ wɔ woe.
他用铜做洗濯盆和盆座,是用会幕门前伺候的妇人之镜子做的。
9 Le esia megbe la, ewɔ xɔxɔnu ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe akpa si le dziehe la didi mita blaene-vɔ-ene. Woxee kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi,
他做帐幕的院子。院子的南面用捻的细麻做帷子,宽一百肘。
10 ɖe kpɔti blaeve ŋu. Ke kpɔti blaeveawo ƒe afɔtiwo nye akɔbliga, eye wotsɔ klosaloga tu gatagbadzɛ siwo wotsɔ avɔawo kui la ɖe kpɔtiawo ŋu.
帷子的柱子二十根,带卯的铜座二十个;柱子上的钩子和杆子都是用银子做的。
11 Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu.
北面也有帷子,宽一百肘。帷子的柱子二十根,带卯的铜座二十个;柱子上的钩子和杆子都是用银子做的。
12 Agbadɔ la keke mita blaeve-vɔ-ene le ɣetoɖoƒe gome. Wotsi avɔ la ɖe kpɔti ewo siwo te zɔ ɖekaɖeka le kple klosalogatagbadzɛawo kple klosalohelétiawo ŋu.
院子的西面有帷子,宽五十肘。帷子的柱子十根,带卯的座十个;柱子的钩子和杆子都是用银子做的。
13 Ɣedzeƒe gome hã keke mita blaeve-vɔ-eve.
院子的东面,宽五十肘。
14 Avɔ la keke mita ade, desimita ade kple afã le agbadɔ la ƒe mɔnu ƒe akpa ɖeka.
门这边的帷子十五肘,那边也是一样。帷子的柱子三根,带卯的座三个。在门的左右各有帷子十五肘,帷子的柱子三根,带卯的座三个。
15 Nenema ke wotsi avɔ si keke mita ade, desimita ade kple afã la ɖe mɔnu la ƒe akpa evelia si te ɖe xɔxɔnu la ŋu, ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te zɔ ɖekaɖeka le la ŋu.
16 Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ siwo wotsi ƒo xlã agbadɔ lae.
院子四面的帷子都是用捻的细麻做的。
17 Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo katã. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ klosalo wɔ heléti siwo ŋu wotsi avɔ la ɖo.
柱子带卯的座是铜的,柱子上的钩子和杆子是银的,柱顶是用银子包的。院子一切的柱子都是用银杆连络的。
18 Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ xɔmemɔnuvɔ, eye wolɔ̃ nu ɖe eme kple aɖabɛ blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ ƒe ka. Xɔmemɔnuvɔ la didi mita asieke. Ekeke mita eve abe avɔ siwo wotsi ƒo xlã xɔxɔnu la dometɔ ɖeka ene.
院子的门帘是以绣花的手工,用蓝色、紫色、朱红色线,和捻的细麻织的,宽二十肘,高五肘,与院子的帷子相配。
19 Wotsii ɖe kpɔti ene ŋu. Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame.
帷子的柱子四根,带卯的铜座四个;柱子上的钩子和杆子是银的;柱顶是用银子包的。
20 Wotsɔ akɔbli tu tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me.
帐幕一切的橛子和院子四围的橛子都是铜的。
21 Nu siwo katã agbadɔ la tutu lɔ ɖe eme la woe nye: agbadɔ si nye nubablaɖaka la ƒe nɔƒe, esi Levi ƒe viwo lé da ɖi le Mose ƒe sedede nu, eye wowɔ esia le Aron ƒe viŋutsu, nunɔla Itamar ƒe kpɔkplɔ te.
这是法柜的帐幕中利未人所用物件的总数,是照摩西的吩咐,经祭司亚伦的儿子以他玛的手数点的。
22 Aɖaŋutɔwo ƒe tatɔwoe nye Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur si tso Yuda ƒe to la me ƒe tɔgbuiyɔvi. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
凡耶和华所吩咐摩西的都是犹大支派户珥的孙子、乌利的儿子比撒列做的。
23 Bezalel ƒe kpeɖeŋutɔe nye Oholiab, ame si nye Ahisamak, tso Dan ƒe to la me la ƒe viŋutsu. Eya hã nye aɖaŋutɔ gã aɖe, eye wòde ŋgɔ le nukpakpa kple avɔlɔlɔ̃ me hekpe ɖe nulɔlɔ̃ ɖe avɔwo me kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi dada ƒe ka ŋu.
与他同工的有但支派中亚希撒抹的儿子亚何利亚伯;他是雕刻匠,又是巧匠,又能用蓝色、紫色、朱红色线,和细麻绣花。
24 Sika si katã ŋu dɔ wowɔ le Kɔkɔeƒe la tutu me hekpe ɖe sika si wotsɔ wɔ nunyevɔsa tɔ ŋu la le “tɔn” ɖeka, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.
为圣所一切工作使用所献的金子,按圣所的平,有二十九他连得并七百三十舍客勒。
25 Klosalo si woxɔ le amewo si la ƒe kpekpemee nye kilogram akpe etɔ̃, alafa ene blaetɔ̃, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.
会中被数的人所出的银子,按圣所的平,有一百他连得并一千七百七十五舍客勒。
26 Ŋutsu siwo katã woxlẽ, woxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la dometɔ ɖe sia ɖe dzɔ gram ade si woɖo na wo le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Ŋutsu siawo ƒe xexlẽmee nye akpe alafa ade kple etɔ̃, alafa atɔ̃ blaatɔ̃.
凡过去归那些被数之人的,从二十岁以外,有六十万零三千五百五十人。按圣所的平,每人出银半舍客勒,就是一比加。
27 Wotsɔ klosalo kilogram akpe etɔ̃ alafa ene wɔ zɔwo na kɔkɔeƒe la ƒe sɔti kple kpɔti siwo ŋu wotsi xɔmetsovɔ la ɖo. Wotsɔ klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene wɔ zɔ ɖeka.
用那一百他连得银子铸造圣所带卯的座和幔子柱子带卯的座;一百他连得共一百带卯的座,每带卯的座用一他连得。
28 Wotsɔ klosalo si susɔ la fa ɖe kpɔtiawo tame, eye wotsɔ mamlɛa tu helétiawo kple gatagbadzɛawo.
用那一千七百七十五舍客勒银子做柱子上的钩子,包裹柱顶并柱子上的杆子。
29 Akɔbli si wokpɔ tso nunyevɔsa me la le “tɔn” eve kple afã,
所献的铜有七十他连得并二千四百舍客勒。
30 eye wotsɔe tu zɔ na kpɔti siwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsɔ eya ke wɔ vɔsamlekpui la, lãyiga la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le vɔsamlekpui la dzi,
用这铜做会幕门带卯的座和铜坛,并坛上的铜网和坛的一切器具,
31 kpɔti siwo ŋu wotsi avɔ ɖo ƒo xlã xɔxɔnu la ƒe zɔwo kple tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me.
并院子四围带卯的座和院门带卯的座,与帐幕一切的橛子和院子四围所有的橛子。