< Mose 2 36 >
1 Dɔwɔla siwo si aɖaŋu kple ŋutete tɔxɛwo le la nakpe ɖe Bezalel kple Oholiab ŋu le agbadɔ la tutu kple eŋunuwo wɔwɔ me abe ale si Yehowa gblɔe ene.”
「比撒列和亞何利亞伯,並一切心裏有智慧的,就是蒙耶和華賜智慧聰明、叫他知道做聖所各樣使用之工的,都要照耶和華所吩咐的做工。」
2 Ale Mose yɔ Bezalel kple Oholiab kple ame bubu siwo katã Yehowa na ŋutetee, eye wolɔ̃ be yewoawɔ dɔ la be woadze dɔ la gɔme.
凡耶和華賜他心裏有智慧、而且受感前來做這工的,摩西把他們和比撒列並亞何利亞伯一同召來。
3 Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi.
這些人就從摩西收了以色列人為做聖所並聖所使用之工所拿來的禮物。百姓每早晨還把甘心獻的禮物拿來。
4 Mlɔeba la, dɔa wɔlawo katã gblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi.
凡做聖所一切工的智慧人各都離開他所做的工,
5 Woyi ɖado go Mose, eye wogblɔ nɛ be, “Nu siwo nètsɔ na mí be míatsɔ awɔ dɔ si Yehowa gblɔ be woawɔ la sɔ gbɔ wu esiwo míehiã na dɔa nu wuwu!”
來對摩西說:「百姓為耶和華吩咐使用之工所拿來的,富富有餘。」
6 Ale Mose ɖe gbeƒã na amewo katã le asaɖa la me be nudzɔdzɔ aɖeke megahiã o. Ale ameawo dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ,
摩西傳命,他們就在全營中宣告說:「無論男女,不必再為聖所拿甚麼禮物來。」這樣才攔住百姓不再拿禮物來。
7 elabena nu siwo wotsɔ vɛ do ŋgɔ la su na dɔ la.
因為他們所有的材料夠做一切當做的物,而且有餘。
8 Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo katã tsɔ avɔ blɔtɔ kple avɔ dzĩ ƒomevi eve wɔ avɔkpo ewo, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe wo me hetsɔ wo wɔ Mawu ƒe dɔ lae.
他們中間,凡心裏有智慧做工的,用十幅幔子做帳幕。這幔子是比撒列用撚的細麻和藍色、紫色、朱紅色線製造的,並用巧匠的手工繡上基路伯。
9 Avɔawo katã sɔ; woƒe didime nye mita wuietɔ̃, wokeke mita eve.
每幅幔子長二十八肘,寬四肘,都是一樣的尺寸。
10 Wotɔ avɔkpo atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, le didime nu, eye wogatɔ avɔkpo atɔ̃ mamlɛa hã nenema ke. Ale wokpɔ xɔgbãvɔ didi eve.
他使這五幅幔子幅幅相連,又使那五幅幔子幅幅相連;
11 Wotɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, ale be gbãtɔ ƒe kawo sɔ ɖe evelia tɔwo nu.
在這相連的幔子末幅邊上做藍色的鈕扣,在那相連的幔子末幅邊上也照樣做;
12 Ale wotɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ hã ɖe xɔgbãvɔ la to le go kemɛ hã me, eye ɖe sia ɖe sɔ ɖe esi dze ŋgɔe la nu.
在這相連的幔子上做五十個鈕扣,在那相連的幔子上也做五十個鈕扣,都是兩兩相對;
13 Emegbe la, wotsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃. Wosa ka kpuikpuikpuiawo ɖe ganuviawo ŋu ale wowɔ xɔgbãvɔ didi eveawo ɖekae, eye wona wòzu dzisasa na agbadɔ la.
又做五十個金鉤,使幔子相連。這才成了一個帳幕。
14 Emegbe la, wotsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ lae.
他用山羊毛織十一幅幔子,作為帳幕以上的罩棚。
15 Avɔkpo ɖe sia ɖe didi mita wuietɔ̃, eye wòkeke mita eve.
每幅幔子長三十肘,寬四肘;十一幅幔子都是一樣的尺寸。
16 Bezalel tɔ avɔkpo atɔ̃ ɖekae, eye wòtɔ ade mamlɛa hã ɖekae, ale wozu avɔ gã didi eve.
他把五幅幔子連成一幅,又把六幅幔子連成一幅;
17 Etɔ ka kpuikpuikpui ɖe avɔ gã didi ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ŋu,
在這相連的幔子末幅邊上做五十個鈕扣,在那相連的幔子末幅邊上也做五十個鈕扣;
18 eye wòtu gavi blaatɔ̃ kple akɔbli na ka kpuikpuikpuiawo, ale wotsya avɔ gã didi eveawo ɖe wo nɔewo nu.
又做五十個銅鉤,使罩棚連成一個;
19 Wotsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye wogatsɔ gbɔ̃gbalẽwo tsyɔ alẽgbalẽawo dzi.
並用染紅的公羊皮做罩棚的蓋,再用海狗皮做一層罩棚上的頂蓋。
20 Wotsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo.
他用皂莢木做帳幕的豎板。
21 Sɔti ɖe sia ɖe kɔ mita ene, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade.
每塊長十肘,寬一肘半;
22 Woɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie.
每塊有兩榫相對。帳幕一切的板都是這樣做。
23 Ʋuƒo blaeve nɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo.
帳幕的南面做板二十塊。
24 Wotsɔ klosalo wɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nɔ ati ɖe sia ɖe te.
在這二十塊板底下又做四十個帶卯的銀座:兩卯接這塊板上的兩榫,兩卯接那塊板上的兩榫。
25 Sɔti blaeve nɔ agbadɔ la ƒe anyiehe lɔƒo.
帳幕的第二面,就是北面,也做板二十塊
26 Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nɔ sɔtiawo te, eve nɔ ɖe sia ɖe te.
和帶卯的銀座四十個:這板底下有兩卯,那板底下也有兩卯。
27 Wotu sɔti ade ɖe agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe.
帳幕的後面,就是西面,做板六塊。
28 Sɔti bubu ɖeka nɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi.
帳幕後面的拐角做板兩塊。
29 Wotsɔ sikasigɛwo lé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa.
板的下半截是雙的,上半截是整的,直到第一個環子;在帳幕的兩個拐角上都是這樣做。
30 Ale sɔti enyi nɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, eye klosalozɔ wuiade nɔ wo te: eve nɔ ɖe sia ɖe te.
有八塊板和十六個帶卯的銀座,每塊板底下有兩卯。
31 Le esia megbe la, wodze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi,
他用皂莢木做閂:為帳幕這面的板做五閂,
32 atɔ̃ ganɔ axa evelia dzi, eye atɔ̃ bubu ganɔ agbadɔ la ŋgɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo.
為帳幕那面的板做五閂,又為帳幕後面的板做五閂,
33 Woɖo daɖedzitiawo ale gbegbe be wokpe le titina, eye wodo tso go ɖeka me yi go kemɛ me.
使板腰間的中閂從這一頭通到那一頭。
34 Wofa sika ɖe sɔtiawo kple akasiati dzedzeawo ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ asigɛawo.
用金子將板包裹,又做板上的金環套閂;閂也用金子包裹。
35 Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ɖeti ɣi ƒe kawo lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme.
他用藍色、紫色、朱紅色線,和撚的細麻織幔子,以巧匠的手工繡上基路伯。
36 Wotsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ ene siwo nɔ sɔti ene ŋu la ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo ŋu, eye wotu wo ɖe klosalozɔ ene dzi.
為幔子做四根皂莢木柱子,用金包裹,柱子上有金鉤,又為柱子鑄了四個帶卯的銀座。
37 Etsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ la.
拿藍色、紫色、朱紅色線,和撚的細麻,用繡花的手工織帳幕的門簾;
38 Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli wɔ zɔ na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu.
又為簾子做五根柱子和柱子上的鉤子,用金子把柱頂和柱子上的杆子包裹。柱子有五個帶卯的座,是銅的。