< Mose 2 35 >
1 Mose ƒo Israelviawo katã nu ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Esiawoe nye Yehowa ƒe se siwo dzi wòle be miawɔ.
Moses summoned all the Israelites and told them, “This is what the Lord has ordered you to do:
2 “Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko. Ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔe si ŋu dɔ miawɔ asubɔ Yehowa. Ele na ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke ma dzi la be wòaku.
Six days you can work, but the seventh day is to be a holy Sabbath of rest to the Lord. Anyone who does any work on the Sabbath day must be killed.
3 Migado dzo gɔ̃ hã le miaƒe aƒewo me o.”
Don't even light a fire in any of your homes on the Sabbath day.”
4 Mose gblɔ na dukɔ blibo la be, “Yehowa gblɔ be,
Moses also told all the Israelites, “This is what the Lord has commanded:
5 Mi ame siwo katã lɔ̃ faa kple ame siwo katã ƒe dɔ me nyo la, mina nu siawo Yehowa: “sika, klosalo kple akɔbli,
Collect an offering to the Lord from what you have. Everyone who wants to should bring an offering to the Lord: gold, silver, and bronze;
6 avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple hɛ̃tɔ, dzĩtɔ kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi alo gbɔ̃fu,
blue, purple, and crimson thread; finely-woven linen and goat hair;
7 agbo kple nyigbalẽ siwo ƒe agbalẽ wode ama dzĩ, akasiati,
tanned ram skins and fine leather; acacia wood;
8 akaɖimemi, atike ʋeʋĩwo hena ami sisi kple dzudzɔdodo,
olive oil for the lamps; spices for the anointing oil and for the aromatic incense;
9 onikskpe kple kpe siwo ŋu dɔ woawɔ na kɔmewu kple akɔtaɖonu la.
and onyx stones and gemstones for making the ephod and breastpiece.
10 “Mi ame siwo katã nye aɖaŋudɔwɔlawo, eye ŋutete tɔxɛwo le mia si la, miva, eye miawɔ nu siwo Yehowa ɖo na mi be miawɔ:
All your skilled craftsmen are to come and make everything the Lord has commanded:
11 “agbadɔ la, etamegbanuwo, eŋu ganuviwo kple ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo kple woƒe afɔwo,
the Tabernacle with its tent and covering, its clips and frames, its crossbars, posts, and stands;
12 nubablaɖaka la kple ati siwo woatsɔ akɔe, nubablaɖaka la ƒe nutuvi, Xɔmetsovɔ si ƒo xlã Kɔkɔeƒe la,
the Ark with its poles and atonement cover, and the veil to hang over it;
13 kplɔ̃ la, ekɔtiwo kple eŋunuwo katã, Ŋkumeɖobolo la,
the table with its poles, all its equipment, and the Bread of the Presence;
14 Akaɖiti la kple akaɖigbɛawo wo ŋunuwo kple ami,
the lampstand of light with its equipment and lamps and olive oil to provide lighting;
15 dzudzɔdovɔsamlekpui la kple ekɔtiawo, ami sisi la kple dzudzɔdotikeʋeʋĩwo, agbadɔ la ƒe xɔmemɔnuvɔ,
the altar of incense with its poles; the anointing oil and aromatic incense; the screen for the Tabernacle entrance and all its accessories;
16 Numevɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ
the altar of burnt offering with its bronze grate, its poles and all its utensils; the basin plus its stand;
17 kplɔ̃ŋutivɔawo, sɔtiawo kple woƒe afɔtiwo, agbonuvɔ la,
the curtains of the courtyard with its posts and bases, and the curtain for the courtyard entrance;
18 agbadɔ la ƒe tsyoti kple woƒe kawo,
the tent pegs for the Tabernacle and for the courtyard, as well as their ropes;
19 nunɔlawo ƒe awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.”
and the woven clothes for serving in the holy place: the sacred clothing for Aaron the priest and for his sons to serve as priests.”
20 Israelviwo ƒe ha blibo la dzo le Mose gbɔ.
The Israelites left Moses,
21 Ame siwo ƒe dzi Mawu ƒe Gbɔgbɔ ʋã la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa hena agbadɔ la, eŋunuwo kple awu kɔkɔeawo.
and all those who felt moved to do so and who had a willing spirit came and brought an offering to the Lord for the work making the Tent of Meeting, for everything required for its services, and for the sacred clothing.
22 Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, ame sia ame si lɔ̃ tso dzi me faa la va. Wotsɔ sika, togɛwo, asigɛwo, kɔgawo kple sikanu ƒomevi ɖe sia ɖe vɛ na Yehowa.
So everyone who was willing, both men and women, came and presented their gold as a thanks offering to the Lord, including brooches, earrings, rings, and necklaces—all kinds of gold jewelry.
23 Ame bubuwo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ, ɖeti ɣi ƒe ka alo gbɔ̃fu kple agbogbalẽ si wode ama dzĩ kple gbɔ̃gbalẽ si ŋu wotrɔ asi le la vɛ.
Everyone who had blue, purple, and crimson thread, finely-woven linen, goat hair, tanned ram skins, and fine leather, contributed them.
24 Ame bubuwo tsɔ klosalo kple akɔbli vɛ abe woƒe nunana na Yehowa ene. Ame aɖewo tsɔ akasiati vɛ hena agbadɔ la tutu.
Those who could present an offering of silver or bronze brought it as a gift to the Lord. Everyone who had acacia wood for any part of the work donated it.
25 Nyɔnu siwo nya nutɔtɔ kple ɖetitetre nyuie la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ lɔ̃ avɔ, wotre ɖeti ɣi ƒe ka, eye wotsɔ wo vɛ.
Every woman skilled in spinning with her hands brought what she had spun: blue, purple, or crimson thread, or finely-woven linen.
26 Nyɔnu aɖewo wɔ aɖaŋu tɔxɛ tsɔ gbɔ̃fuwo lɔ̃ avɔe.
All the women who were willing to use their skills spun the goat hair.
27 Amegãwo tsɔ onikskpe la vɛ be woatsɔ ɖo kɔmewu la kple akɔtaɖonu la ŋu.
The leaders brought onyx stones and gemstones to make the ephod and breastpiece,
28 Wotsɔ atike ʋeʋĩwo kple ami vɛ na akaɖigbɛawo kple ami sisi kple dzudzɔdonuwo wɔwɔ.
as well as spices and olive oil for lighting, for the anointing oil, and for the aromatic incense.
29 Ale Israelviwo, ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu si lɔ̃ kple dzi faa be yeana kpekpeɖeŋu le dɔ si Yehowa de asi na Mose wɔwɔ me la tsɔ nunanawo vɛ.
All the Israelite men and women who were willing brought a freewill offering to the Lord for all the work in making what the Lord through Moses had ordered them to do.
30 Mose gblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, Yehowa tia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me,
Then Moses told the Israelites, “The Lord chosen by name Bezalel, son of Uri, son of Hur, from the tribe of Judah.
31 eye wòtsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si fiaa nunya, nugɔmesese, sidzedze la nɛ.
He has filled him with the Spirit of God giving him ability, creativity, and expertise in all kinds of craftsmanship.
32 Ate ŋu atsɔ sika, klosalo kple akɔbli awɔ nu siwo nya kpɔ lae.
He can produce designs in gold, silver, and bronze,
33 Enya ale si woatsɔ kpe awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe.
he can cut gemstones to place in settings, and he can carve wood. He is a master of every craft.
34 Mawu na ŋutete tɔxɛ Bezalel kple Oholiab, ame siwo nye Ahisamak ƒe viŋutsuwo tso Dan ƒe to la me be woafia woƒe aɖaŋuwo ame bubuwo.
The Lord has also given him and Oholiab son of Ahisamach, from the tribe of Dan, the ability to teach others.
35 Mawu na aɖaŋu tɔxɛ ame eve siawo be woate ŋu awɔ sikanuwo, atsɔ ati akpa nuwo, eye woatsɔ ka vovovowo alɔ̃ nuwo ɖe avɔwo me. Wodze le ame sia ame ŋu le aɖaŋunu siwo katã míehiã na dɔ la wɔwɔ me.
He has equipped them with skill to do all kinds of work as engravers, designers, embroiderers in blue, purple, and crimson thread, and finely-woven linen, and as weavers—in fact as skilled designers in all kinds of different crafts.