< Mose 2 34 >
1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpa kpe gbadzɛ eve abe gbãtɔwo ene, eye maŋlɔ Se siwo nɔ kpe siwo nègba la dzi la ɖe wo dzi.
耶和華吩咐摩西說:「你要鑿出兩塊石版,和先前你摔碎的那版一樣;其上的字我要寫在這版上。
2 Dzra ɖo etsɔ ŋdi nàva kpɔm le Sinai to la dzi.
明日早晨,你要預備好了,上西奈山,在山頂上站在我面前。
3 Mègana ame aɖeke nava kpli wò o, eye ame aɖeke manɔ teƒe aɖeke le to sia dzi hã o. Mègana miaƒe alẽwo kple nyiwo naɖu gbe le teƒe si te ɖe to la ŋu o.”
誰也不可和你一同上去,遍山都不可有人,在山根也不可叫羊群牛群吃草。」
4 Ale Mose tsɔ kpe kpakpɛ eveawo abe gbãtɔwo ene, eye wòlia Sinai to la ŋdi kanya, abe ale si Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ ene.
摩西就鑿出兩塊石版,和先前的一樣。清晨起來,照耶和華所吩咐的上西奈山去,手裏拿着兩塊石版。
5 Yehowa ɖi ɖe to la dzi le lilikpo dodo aɖe me, eye wòtsi tsitre ɖe egbɔ le afi ma ɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ Yehowa nɛ.
耶和華在雲中降臨,和摩西一同站在那裏,宣告耶和華的名。
6 Yehowa to Mose ŋkume, eye wòɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ be, “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela, ame si gbɔa dzi ɖi blewu, eye eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nu metsina o;
耶和華在他面前宣告說:「耶和華,耶和華,是有憐憫有恩典的上帝,不輕易發怒,並有豐盛的慈愛和誠實,
7 ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.”
為千萬人存留慈愛,赦免罪孽、過犯,和罪惡,萬不以有罪的為無罪,必追討他的罪,自父及子,直到三、四代。」
8 Mose tsyɔ mo anyi enumake ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe.
摩西急忙伏地下拜,
9 Egblɔ be, “Nenye nyateƒe be nève nunye la, ekema O Yehowa, meɖe kuku kplɔ mí yi Ŋugbedodonyigba la dzi. Eme kɔ ƒãa be míenye dukɔ dzeaglã kple kɔlialiatɔwo, gake meɖe kuku, tsɔ míaƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo ke mí, eye nàgaxɔ mí abe wò ŋutɔ tɔwòwo ene.”
說:「主啊,我若在你眼前蒙恩,求你在我們中間同行,因為這是硬着頸項的百姓。又求你赦免我們的罪孽和罪惡,以我們為你的產業。」
10 Yehowa ɖo eŋu be, “Enyo. Esiae nye nubabla si mawɔ kple wò. Mawɔ nukunu siwo tɔgbi ame aɖeke mewɔ le xexea me blibo la ƒe akpa aɖeke kpɔ o. Israelviwo katã akpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ. Woakpɔ ŋusẽ triakɔ si maɖe afia to dziwò.”
耶和華說:「我要立約,要在百姓面前行奇妙的事,是在遍地萬國中所未曾行的。在你四圍的外邦人就要看見耶和華的作為,因我向你所行的是可畏懼的事。
11 Nu si nàwɔ le nubabla sia me lae nye be nàlé nye seawo katã me ɖe asi. Ekema manya Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo katã le ŋgɔwò le anyigba la dzi.
「我今天所吩咐你的,你要謹守。我要從你面前攆出亞摩利人、迦南人、赫人、比利洗人、希未人、耶布斯人。
12 Kpɔ nyuie be màbla nu kple ame siwo le anyigba si dzi yim miele la gbeɖegbeɖe o, elabena ne miebla nu kpli wo la, miade asi woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me kaba.
你要謹慎,不可與你所去那地的居民立約,恐怕成為你們中間的網羅;
13 Ke boŋ migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo eye miho woƒe aƒeliwo ƒu anyi,
卻要拆毀他們的祭壇,打碎他們的柱像,砍下他們的木偶。
14 elabena mele be miasubɔ mawu bubu aɖeke o, ke boŋ Yehowa ko, elabena Yehowa nye Mawu si dina be woasubɔ ye ɖeka ko.
不可敬拜別神;因為耶和華是忌邪的上帝,名為忌邪者。
15 “Miɖɔ ŋu ɖo be miagawɔ nubabla aɖeke tɔgbi kple ame siwo le anyigba la dzi o. Mawu geɖewo subɔlawo wonye, eya ta ne miewɔ ɖeka kpli wo la, woakpe mi ayi woƒe legbawo subɔƒe, eye míaɖu woƒe vɔsanuwo.
只怕你與那地的居民立約,百姓隨從他們的神,就行邪淫,祭祀他們的神,有人叫你,你便吃他的祭物,
16 Eye ne míeɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo la, wo srɔ̃wo akplɔ wo ayi woƒe legbawo subɔƒewo, eye mia viŋutsuawo hã ada vo ɖe ŋunye to wo srɔ̃wo ƒe mawuawo subɔsubɔ me.
又為你的兒子娶他們的女兒為妻,他們的女兒隨從她們的神,就行邪淫,使你的兒子也隨從她們的神行邪淫。
17 “Mele be miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo o.
「不可為自己鑄造神像。
18 “Ɖo ŋku edzi miaɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui ŋkeke adre abe ale si megblɔe na wò ene le ŋkeke ɖoɖoawo dzi, le Tedoxe me ƒe sia ƒe. Ɣleti sia mee miedzo le Egipte.
「你要守除酵節,照我所吩咐你的,在亞筆月內所定的日期吃無酵餅七天,因為你是這亞筆月內出了埃及。
19 “Nyitsu, agbo kple gbɔ̃tsu ɖe sia ɖe si ʋu dɔ nu na dadaa la nye tɔnye.
凡頭生的都是我的;一切牲畜頭生的,無論是牛是羊,公的都是我的。
20 Àte ŋu atsɔ alẽvi aɖɔli tedzi ƒe ŋgɔgbevi. Ne mèdi be yeaɖɔlii o la, ekema ele be nàŋe kɔe. Ke ele be miaƒle miaƒe ŋgɔgbevi ŋutsuwo katã ta. Ame aɖeke megava nye ŋkume asi gbɔlo o.
頭生的驢要用羊羔代贖,若不代贖就要打折牠的頸項。凡頭生的兒子都要贖出來。誰也不可空手朝見我。
21 “Le nuƒãɣi kple nuŋeɣi gɔ̃ hã la, miawɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrea gbe.
「你六日要做工,第七日要安息,雖在耕種收割的時候也要安息。
22 “Ɖo ŋku edzi miaɖu Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, si nye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe la miaɖu Avaɖoɖo ƒe Ŋkekenyui le ƒea ƒe nuwuwu.
在收割初熟麥子的時候要守七七節;又在年底要守收藏節。
23 Le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be Israel ŋutsuwo kple ŋutsuviwo katã nado ɖe Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ŋkume.
你們一切男丁要一年三次朝見主耶和華-以色列的上帝。
24 Futɔ aɖeke madze miaƒe anyigba dzi, aɖu mia dzi ne mieyi toa dzi be miado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le azã etɔ̃ mawo dzi ƒe sia ƒe o, elabena manya dukɔawo ɖa le mia ŋgɔ, eye makeke miaƒe liƒowo ɖe enu.
我要從你面前趕出外邦人,擴張你的境界。你一年三次上去朝見耶和華-你上帝的時候,必沒有人貪慕你的地土。
25 “Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. Mele be Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalã lã ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o.
「你不可將我祭物的血和有酵的餅一同獻上。逾越節的祭物也不可留到早晨。
26 “Ne èxa wò agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ wò ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, wò Mawu ƒe aƒe me. “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.”
地裏首先初熟之物要送到耶和華-你上帝的殿。不可用山羊羔母的奶煮山羊羔。」
27 Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be, “Ŋlɔ se siwo mede na wò egbe la da ɖi, elabena woawoe nye ɖoɖo siwo ku ɖe nye nubabla si mewɔ kple wò kple Israel la ŋu.”
耶和華吩咐摩西說:「你要將這些話寫上,因為我是按這話與你和以色列人立約。」
28 Mose yi ɖanɔ toa dzi kple Yehowa ŋkeke blaene kple zã blaene. Meɖu naneke alo no naneke le ŋkeke siawo me o. Le ɣeyiɣi sia me la, Mawu ŋlɔ nubabla la me nya siwo nye Se Ewoawo la ɖe kpe kpakpɛ eveawo dzi.
摩西在耶和華那裏四十晝夜,也不吃飯也不喝水。耶和華將這約的話,就是十條誡,寫在兩塊版上。
29 Esi Mose ɖi tso Sinai toa dzi gbɔna kple kpe kpakpɛawo la, menya be yeƒe mo nɔ keklẽm le yeƒe Mawu gbɔ nɔnɔ ta o.
摩西手裏拿着兩塊法版下西奈山的時候,不知道自己的面皮因耶和華和他說話就發了光。
30 Le keklẽ si nɔ mo nɛ ta la, Aron kple Israelviwo vɔ̃ be yewoate ɖe eŋu.
亞倫和以色列眾人看見摩西的面皮發光就怕挨近他。
31 Ke Mose yɔ wo. Aron kple ameha la ƒe kplɔlawo te ɖe eŋu, eye woƒo nu kplii.
摩西叫他們來;於是亞倫和會眾的官長都到他那裏去,摩西就與他們說話。
32 Le esia megbe la, Israelviwo katã va egbɔ, eye wòtsɔ se siwo Yehowa tsɔ nɛ le Sinai toa dzi la na wo.
隨後以色列眾人都近前來,他就把耶和華在西奈山與他所說的一切話都吩咐他們。
33 Esime Mose wu eƒe nuƒoa nu la, etsɔ motsyɔvɔ tsyɔ ŋkume.
摩西與他們說完了話就用帕子蒙上臉。
34 Ne eyina agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Yehowa la, eɖea motsyɔvɔ la ɖa va se ɖe esime wòado go. Ekema agblɔ se siwo katã Mawu de nɛ la na Israelviwo,
但摩西進到耶和華面前與他說話就揭去帕子,及至出來的時候便將耶和華所吩咐的告訴以色列人。
35 eye woakpɔ eƒe mo wòanɔ keklẽm. Le esia megbe la, egatsɔa motsyɔvɔ la tsyɔa mo va se ɖe esime wòagatrɔ ayi be yeaƒo nu kple Yehowa.
以色列人看見摩西的面皮發光。摩西又用帕子蒙上臉,等到他進去與耶和華說話就揭去帕子。