< Mose 2 33 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ ame siwo nèkplɔ tso Egipte la, yi anyigba si ŋugbe medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi, elabena megblɔ be, ‘Matsɔ anyigba sia ana miaƒe dzidzimeviwo.’
And the Lord said unto Moses, Depart, go up from here, thou and the people that thou hast brought up out of the land of Egypt, unto the land which I swore unto Abraham, to Isaac, and to Jacob, saying, Unto thy seed will I give it; —
2 Madɔ Mawudɔla aɖe ɖa wòakplɔ mi, eye manya Kanaantɔwo, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le anyigba la dzi.
And I will send before thee an angel; and I will drive out the Canaanite, the Emorite, and the Hittite, and the Perizzite, the Hivite, and the Jebusite; —
3 Enye anyigba aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ Ke nyemazɔ kpli mi o, elabena mienye dukɔ kɔlialiatɔwo kple setemanɔlawo, eye mava di be matsrɔ̃ mi le mɔa dzi.”
Unto a land flowing with milk and honey; for I will not go up in the midst of thee, because thou art a stiffnecked people; lest I consume thee on the way.
4 Esi ameawo se ŋɔdzinya siawo la, wode asi konyifafa me, eye woɖe woƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi.
And when the people heard these evil tidings, they mourned; and no man did put his ornaments on him.
5 Yehowa gblɔ na Mose be wòagblɔ na Israelviawo be, “Mienye aglãdzelawo kple kɔlialiatɔwo. Ne menɔ mia dome aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, matsrɔ̃ mi. Miɖe miaƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi va se ɖe esime maɖo kpe nu si mawɔ kpli mi la dzi.”
For the Lord had said unto Moses, Say unto the children of Israel, Ye are a stiffnecked people; should I go up one moment in the midst of thee, I would consume thee; now therefore put off thy ornaments from thee, and I shall know what I will do unto thee.
6 Ale le nu sia megbe la, Israelviwo megado sikanu aɖeke le Horeb.
The children of Israel then stripped themselves of their ornaments [they wore] from [the time they were at] mount Horeb.
7 Mose tua agbadɔ la ɣe sia ɣi ɖe adzɔge ʋĩi tso asaɖa la gbɔ. Ena ŋkɔe be, “Agbadɔ Hena Gododo Mawu.” Ame sia ame si di be yeaƒo nu kple Yehowa la yia afi ma.
And Moses took the tent, and pitched it without the camp, afar off from the camp, and called it, Tabernacle of the congregation; and it came to pass, that every one who sought [instruction of] the Lord went out unto the tabernacle of the congregation, which was without the camp.
8 Ne Mose yina agbadɔ la gbɔ la, ameawo katã tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu, eye wonɔa Mose kpɔm va se ɖe esime wòaɖo agbadɔ la nu.
And it came to pass, that when Moses went out unto the tent, all the people would rise up, and stand every man at the door of his tent, and look after Moses, until he was gone into the tent.
9 Ne ege ɖe agbadɔ la me la, lilikpo dodo aɖe ɖiɖina va nɔa agbadɔ la nu le esime Mawu ƒoa nu kple Mose.
And it came to pass, that as Moses entered into the tent, the pillar of cloud descended, and stood at the door of the tent, and spoke with Moses.
10 Ekema ameawo katã doa gbe ɖa eye wodea ta agu na lilikpo la le woƒe agbadɔwo nu.
And when all the people saw the pillar of cloud stand at the door of the tent: then all the people rose up and prostrated themselves, every man at the door of his tent.
11 Yehowa ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume le Mawu ƒe agbadɔ la me abe ale si xɔlɔ̃ ƒoa nu kple xɔlɔ̃ ene. Le esia megbe la, Mose trɔna vaa asaɖa la me, ke Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ɖekakpui si kpena ɖe eŋu la, nɔa agbadɔ la me.
And the Lord spoke unto Moses face to face, as a man speaketh unto his friend; and then he returned into the camp; but his servant, Joshua the son of Nun, a young man, departed not out of the tent.
12 Mose gblɔ na Yehowa le agbadɔ la me be, “Ègblɔna nam be, ‘Kplɔ dukɔ sia yi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ Ke mègblɔ ame si nàɖo ɖa kplim la nam o. Ègblɔ be yenyam kple nye ŋkɔ, eye yeƒe amenuveve la li kplim.
And Moses said unto the Lord, See, thou sayest unto me, Bring up this people; but thou hast not let me know whom thou wilt send with me: and yet thou hast said, I have chosen thee by name, and thou hast also found grace in my eyes.
13 Ne esia le eme alea pɛpɛpɛ la, ekema meɖe kuku, fia wò mɔwom ale be mase wò ɖoɖowo gɔme, eye mawɔ nu si adze ŋuwò. Ɖo ŋku edzi be yeƒe dukɔe nye dukɔ sia.”
Now, therefore, I pray thee, if I have found grace in thy eyes, do make me know thy way, that I may know thee, in order that I may find grace in thy eyes; and consider that this nation is thy people.
14 Yehowa ɖo eŋu be, “Nye ŋutɔ mayi kpli mi, eye mana nu sia nu nadze edzi na mi.”
And he said, My presence shall go in advance, and I will give thee rest.
15 Mose xɔ edzi be, “Ne mèle yiyi ge kpli mí o la, ekema mègana míaɖe afɔ ɖeka tso afi sia o.
And he said unto him, If thy presence go not [with us, ] carry us not up from here.
16 Ne mèyi kpli mí o la, ame kae akpɔ be wò amenuveve li kplim kple nye amewo? Ame kae akpɔ be míeto vovo tso dukɔ bubu ɖe sia ɖe si le anyigba dzi la gbɔ?”
For wherein shall it be known in any wise that I have found grace in thy eyes, I with thy people? is it not in that thou goest with us? so shall we be distinguished, I and thy people, from all the people that are upon the face of the earth.
17 Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ɛ̃, mawɔ nu si nèbia la na wò, elabena vavã, nye amenuveve le dziwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.”
And the Lord said unto Moses, Also this thing that thou hast spoken will I do; for thou hast found grace in my eyes, and I have chosen thee by name.
18 Mose bia Mawu be wòana yeakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe.
And he said, Let me see, I beseech thee, thy glory.
19 Yehowa ɖo eŋu be, “Mana nye ŋutikɔkɔe nato wò ŋkume ayi. Maɖe gbeƒã nye ŋkɔ Yehowa kple eƒe gɔmesese le ŋgɔwò. Mevea ame si nu medi be mave la nu, eye mekpɔa nublanui na ame si medi be makpɔ nublanui na.
And he said, I will cause all my goodness to pass before thy face, and I will proclaim, by name, the Lord before thee; and I will be gracious to whom I will be gracious, and I will show mercy to whom I will show mercy.
20 Ke màkpɔ nye ŋkume ya o, elabena ame aɖeke makpɔ nye ŋkume, eye wòaganɔ agbe o.
And he said, Thou canst not see my face; for no man can see me, and live.
21 Tsi tsitre ɖe agakpe sia dzi le gbɔnye.
And the Lord said, Behold, there is a place by me, and thou shalt stand upon the rock:
22 Ne nye ŋutikɔkɔe tso eme va yina la, matsɔ wò ade agakpe la tome. Matsɔ nye asi atsyɔ dziwò va se ɖe esime matso eme.
And it shall come to pass, while my glory passeth by, that I will put thee in the cleft of the rock, and I will cover thee with my hand, until I have passed by.
23 Ekema maɖe nye asi ɖa, eye nàkpɔ yonyeme. Màkpɔ nye ŋkume ya o.”
And then I will take away my hand, and thou shalt see my back parts; but my face shall not be seen.

< Mose 2 33 >