< Mose 2 32 >

1 Esi Mose megbɔ tso to la dzi kaba o ta la, Israelviwo gblɔ na Aron be, “Kpɔ ɖa, wɔ mawu aɖe si akplɔ mí la na mí, elabena Mose, ame si kplɔ mí tso Egipte la, bu ɖe mí. Nane anya wɔe.”
When the people realized how long Moses was taking before he came back down the mountain, they went together to see Aaron. They told him, “Get up! Make some gods for us who can lead us because this man Moses who brought us out of the land of Egypt—we don't know what's happened to him!”
2 Aron ɖo eŋu na wo be, “Miɖe sikatogɛ siwo mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo de la eye miatsɔ wo vɛ nam.”
“Bring to me the gold earrings that your wives, sons, and daughters are wearing,” Aaron replied.
3 Ale wo katã woɖe woƒe sikatogɛwo tsɔ vɛ na Aron.
So everyone took off the gold earrings they were wearing and brought them to Aaron.
4 Aron lolõ sika la, eye wòtsɔe wɔ nyivi aɖe ƒe nɔnɔme. Ameawo do ɣli be, “O, Israel, esiae nye mawu si kplɔ wò do goe le Egipte!”
He took what they gave him and using a molding tool cast an idol in the shape of a bull calf. They shouted out, “Israel, these are the gods that brought you out of the land of Egypt.”
5 Esi Aron kpɔ ale si ameawo kpɔ dzidzɔe le nyivilegba la ŋu la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe nyivilegba la ŋgɔ, eye wòɖe gbeƒã be, “Etsɔ la, míasa vɔ aɖe na Yehowa!”
When Aaron saw this, he built an altar in front of the golden calf and shouted out, “Tomorrow will be a festival to honor the Lord!”
6 Esi ŋu ke la, wofɔ kaba, eye wode asi numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo wɔwɔ me na nyivilegba la. Emegbe la, wonɔ anyi ɖu nu, eye wono nu nyuie, eye wotsi tsitre, eye woɖu ɣe.
Early the next day they sacrificed burnt offerings and presented peace offerings. Then they sat down to celebrate with eating and drinking. Then they got up to dance, and it became like an orgy.
7 Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi kaba, elabena wò ame siwo nèkplɔ tso Egipte la dze nu vɔ̃ me,
Then the Lord told Moses, “Get back down, because your people that you brought out of Egypt are acting immorally.
8 eye woɖe asi le nye seawo katã ŋu enumake. Wowɔ sikanyivilegba aɖe na wo ɖokuiwo. Wole esubɔm, le vɔ sam nɛ, eye wole gbɔgblɔm be, ‘O Israel, esiae nye wò mawu si kplɔ wò tso Egipte.’”
They have been so quick to abandon the way I ordered them to follow. They have made a metal bull calf idol for themselves, bowing before it in worship and offering sacrifices to it. They're saying, ‘These are the gods that brought you out of the land of Egypt.’”
9 Yehowa yi edzi be, “Mekpɔ be dukɔ sia me tɔwo nye kɔlialiatɔwo kple aglãdzelawo.
“I know what these people are like,” the Lord continued saying to Moses. “They are so rebellious!
10 Gblẽm ɖi azɔ, eye nye dɔmedzoe nabi ɖe wo ŋu. Matsrɔ̃ wo katã, eye mawɔ wò, Mose nàzu dukɔ gã aɖe ɖe wo teƒe.”
Now leave me! I am angry with them—let me finish them off! I will make you into a great nation.”
11 Ke Mose ɖe kuku na Yehowa, eƒe Mawu la be megawɔ nenema o. Eɖe kuku be, “Yehowa, nu ka ta nèdo dɔmedzoe helĩhelĩ ale ɖe wò ŋutɔ wò dukɔ si nèkplɔ tso Egiptenyigba dzi kple ŋusẽ gã kple nukunu triakɔ mawo tɔgbi la ŋu?
But Moses pleaded with the Lord his God, saying, “Why are you angry with the people you brought out of the land of Egypt with tremendous power and great strength?
12 Ɖe nèdi be Egiptetɔwo nagblɔ be, ‘Mawu ble wo be woava toawo dzi ale be yeate ŋu awu wo, atsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ’ mahã? Ɖe asi le wò dɔmedzoe sesẽ la ŋu. Trɔ wò susu, eye mègahe dzɔgbevɔ̃e va wò amewo dzi o.
Why should the Egyptians be able to say, ‘He brought them out with the evil purpose of killing them in the mountains, wiping them off the face of the earth’? Turn from your fierce anger. Please change your mind over the threat against your people.
13 Ɖo ŋku wò ŋutɔ wò ŋugbe si nèdo na wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ wò ŋutɔ wò ŋkɔ ka atam be, ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’”
Remember you swore a promise your servants Abraham, Isaac, and Jacob, telling them, ‘I will make your descendants as numerous as the stars of heaven, and give you all the land I promised to them, and they shall own it forever.’”
14 Ale Yehowa trɔ eƒe tameɖoɖo la, eye wòkpɔ nublanui na wo.
The Lord changed his mind over the disaster he threatened to cause his people.
15 Mose ɖi tso to la dzi. Elé kpe eve siwo ƒe akpa eveawo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la ɖe asi.
Moses turned and went down the mountain, carrying the two stone tablets of the Law written on both sides.
16 Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye wòŋlɔ Seawo ɖe kpeawo dzi.
God had made the tablets, and God had engraved the writing himself.
17 Esi Yosua se ɣli si ameawo katã nɔ dodom le toa te la, egblɔ na Mose be, “Ewɔ abe ɖe wole dzadzram ɖo na aʋawɔwɔ ene!”
When Joshua heard all the shouting from the camp, he said to Moses, “It sounds like fighting in the camp!”
18 Ke Mose ɖo eŋu be, “Ao, menye dziɖuɣli alo aʋasiɣlie o, ke boŋ hadzidzie.”
But Moses replied, “These are not the shouts of victory or of defeat. What I'm hearing is people partying!”
19 Esi wote ɖe asaɖa la ŋu la, Mose kpɔ sikanyivilegba la kple ameawo wonɔ ɣe ɖum. Edo dɔmedzoe ale gbegbe be wòtsɔ kpe siwo dzi Mawu ŋlɔ Seawo ɖo la ƒu anyi wogbã le to la te.
As he approached the camp he saw the bull calf idol and the dancing. He got so angry that he threw down the stone tablets and smashed them there at the foot of the mountain.
20 Etsɔ sikanyivilegba la, eye wòdee dzo me wòlolo. Esi sika la fa la, etui memie wòzu wɔ. Etsɔ wɔ la kɔ ɖe tsi me hena Israelviwo wono.
He took the bull calf and burned it, and ground it into powder. Then he mixed this with water and made the Israelites drink it.
21 Mose bia Aron be, “Nu ka tututu ameawo wɔ wò be nèhe nu vɔ̃ triakɔ sia va wo dzi?”
Then Moses asked Aaron, “What did these people do to you that you made them sin so badly?”
22 Aron ɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, mègado dɔmedzoe helĩhelĩ nenema o. Ènya ame siawo nyuie, eye ènya ameha vɔ̃ɖi si wonye.
“Please don't get angry with me, my lord,” Aaron replied, “You yourself know how liable these people are to do evil.
23 Woawoe gblɔ nam be, ‘Wɔ mawu aɖe na mí, wòakplɔ mí, elabena nane wɔ Mose, ame si kplɔ mí do goe le Egipte.’
They told me, ‘Make some gods for us who can lead us because this man Moses who brought us out of the land of Egypt—we don't know what's happened to him!’
24 Megblɔ na wo be, ‘Mitsɔ miaƒe sikatogɛwo vɛ.’ Ale wotsɔ wo vɛ. Metsɔ wo de dzo me, eye nyivi siae do go tso eme!”
So I said to them, ‘Anybody who has gold jewelry, take it off and give it to me.’ I threw the gold into the furnace and out came this bull calf.”
25 Esi Mose kpɔ be ameawo lé woƒe mɔ tsɔ to Aron ƒe ŋusẽdoame me, eye yewoƒe futɔwo nɔ dzidzɔ kpɔm le nu sia ŋu la,
Moses saw the people going completely wild because Aaron had let them, and that this had brought ridicule on them from their enemies.
26 etsi tsitre ɖe asaɖa la ƒe mɔnu, eye wòdo ɣli be, “Mi ame siwo katã le Yehowa dzi la, miva afi sia miawɔ ɖeka kplim.” Tete Levitɔwo katã do go va egbɔ.
So he went and stood at the entrance to the camp, and shouted out, “Whoever is on the Lord's side, come and join me!” All the Levites gathered around him.
27 Egblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mitsɔ miaƒe yiwo, eye miatsa le asaɖa la me, tso asaɖa la ƒe seƒe ɖeka yi ekemɛ, eye miawu mia ŋutɔwo mia nɔviwo, xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo gɔ̃ hã.’”
Moses told them, “This is what the Lord, the God of Israel says: Each of you strap on a sword. Then go all through the camp from one end to the other and kill your brothers, friends, and neighbors.”
28 Levitɔwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene, eye ame abe akpe etɔ̃ ene ku gbe ma gbe.
The Levites did what Moses had told them, and that day around 3,000 men were killed.
29 Mose gblɔ na Levitɔwo be, “Egbe la, mieɖo mia ɖokuiwo hena dɔwɔwɔ na Yehowa, elabena mieɖo toe, togbɔ be toɖoɖoe na be miewu mia ŋutɔwo mia viwo kple mia nɔviwo hã. Azɔ la, Yehowa akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi.”
Moses told the Levites, “Today you have dedicated yourselves to the Lord because you took action against your sons and brothers. Today you have gained a blessing for yourselves.”
30 Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na Israelviwo be, “Miewɔ nu vɔ̃ gã aɖe, ke magbugbɔ ayi Yehowa gbɔ le to la dzi. Ɖewohĩ mate ŋu ana wòatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.”
The following day Moses spoke to the people, saying, “You have sinned very badly. But now I will go up to the Lord. Maybe I can get him to forgive your sin.”
31 Ale Mose trɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “O, ame siawo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe: wotsɔ sika wɔ mawuwo na wo ɖokuiwo.
So Moses went back to the Lord. He said, “Please—the people have sinned very badly by making gods of gold for themselves.
32 Meɖe kuku, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo. Ke ne màte ŋui o la, ekema na nye boŋ maku ɖe wo teƒe, eye nàtutu nye ŋkɔ ɖa le wò agbalẽ la me.”
But now, if you will, forgive their sin. Otherwise just blot me out of the scroll in which you keep your records.”
33 Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔe matutu ɖa le nye agbalẽ la me.
But the Lord replied to Moses, “It's those who sinned against me who will be blotted out of my scroll.
34 Azɔ la, yi eye nàkplɔ nye ameawo ayi teƒe si ƒe nya megblɔ na wò. Meka ɖe edzi na wò be nye Dɔla anɔ ŋgɔ na mi. Ke ne meva be makpɔ ameawo ɖa la, mahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”
Now go and lead the people to the place I told you about. Look, my angel will go before you, but at the time I decide to punish, I will punish them for their sin.”
35 Tete Yehowa na dɔvɔ̃ dze ameawo dzi, elabena wosubɔ Aron ƒe sikanyivilegba la.
The Lord brought a plague on the people because they made Aaron make the bull calf.

< Mose 2 32 >