< Mose 2 30 >

1 “Tsɔ akasiati wɔ vɔsamlekpui aɖe si dzi woado dzudzɔ ʋeʋĩ ɖo.
And thou shalt make an altar for the burning of incense: of acacia-wood shalt thou make it;
2 Na eƒe didime kple kekeme siaa nanɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃, eye wòakɔ sentimita blaasiekɛ. Tsɔ akasiati ke kpa lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ŋu woanye nu ɖeka.
a cubit the length thereof, and a cubit the breadth thereof — square shall it be; and two cubits its height; of itself shall be its horns.
3 Fa sika nyuitɔ ɖe vɔsamlekpui la tame kple eƒe axadziwo kple lãdzoawo ŋu, eye nàgatsɔ sika nyuitɔ aɖo atsyɔ̃ na vɔsamlekpui la ƒe towo katã.
And thou shalt overlay it with pure gold, the top thereof, and the sides thereof round about, and the horns thereof; and thou shalt make upon it a border of gold round about.
4 Wɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, ɖe eƒe axa eveawo, be woatsɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo aƒo ɖe wo me.
And two rings of gold shalt thou make for it under its border; by its two corners shalt thou make [them], on the two sides thereof; and they shall be for receptacles for the staves, with which to carry it.
5 Woawɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo kple akasiati, eye woafa sika ɖe wo ŋu.
And thou shalt make the staves of acacia-wood, and overlay them with gold.
6 Tsɔ vɔsamlekpui la da ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ, wòate ɖe amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la kasa, afi si mado go wò le.
And thou shalt put it in front of the veil which is before the ark of the testimony in front of the mercy-seat which is over the testimony, where I will meet with thee.
7 “Ŋdi sia ŋdi la, Aron ado dzudzɔ kple atike ʋeʋĩ le vɔsamlekpui la dzi, ne ebɔbɔ akaɖigbɛawo ɖe eme.
And Aaron shall burn thereon fragrant incense: every morning, when he dresseth the lamps, he shall burn the incense.
8 Fiẽ sia fiẽ la, Aron agado dzudzɔ kple lifi le Yehowa ŋkume, ne esi akaɖiawo. Nu sia ayi edzi tso dzidzime yi dzidzime.
And when Aaron lighteth the lamps between the two evenings, he shall burn the incense — a continual incense before Jehovah throughout your generations.
9 Mègawɔ dzudzɔdovɔsa, numevɔsa, nuɖuvɔsa alo nunovɔsa bubu aɖeke si ŋu nyemeɖe mɔ le o.
Ye shall offer up no strange incense thereon, nor burnt-offering, nor oblation; neither shall ye pour drink-offering thereon.
10 “Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.”
And Aaron shall make atonement for its horns once in the year: with the blood of the sin-offering of atonement shall he make atonement for it, once in the year, throughout your generations: it is most holy to Jehovah.
11 Yehowa gblɔ na Mose be,
And Jehovah spoke to Moses, saying,
12 “Ɣe sia ɣi si nàxlẽ Israelviwo la, ele be ame sia ame si woaxlẽ la, naxe fe na Yehowa ɖe eƒe agbe ta, ale be dɔvɔ̃ manɔ ameawo dome ne èle wo xlẽm o.
When thou shalt take the sum of the children of Israel according to those of them that are numbered, then shall they give every man a ransom for his soul to Jehovah on their being numbered, that there be no plague among them on their being numbered.
13 Ga si ame sia ame si woxlẽ naxe la nye klosalo gram ade. Ke nu si woaxe la aku ɖe kɔkɔeƒe ga home si woabia tso wo si le ƒe ma me la ŋu. Woadzɔ nu sia na Yehowa.
This shall they give — every one that passeth among them that are numbered — half a shekel after the shekel of the sanctuary, — twenty gerahs the shekel; a half shekel shall be the heave-offering for Jehovah.
14 Ame sia ame si wotia, eye wòxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la nadzɔ nu na Yehowa.
Every one that passeth among those that are numbered, from twenty years old and above, shall give the heave-offering of Jehovah.
15 Hotsuitɔwo maxe fe sia wòawu home si meyɔ o, eye ame dahewo hã mana nu wòanɔ sue wu o, elabena vɔsae wònye na Yehowa hena miaƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke.
The rich shall not give more, and the poor shall not give less than half a shekel, when ye give the heave-offering of Jehovah, to make atonement for your souls.
16 “Wɔ ga sia ŋu dɔ hena agbadɔ la dzadzraɖo. Eyae aɖo ŋku Israelviwo dzi na Yehowa, eye wòanye avulénu ɖe mia ta.”
And thou shalt take the atonement-money of the children of Israel, and devote it to the service of the tent of meeting; and it shall be a memorial to the children of Israel before Jehovah, to make atonement for your souls.
17 Eye Yehowa gblɔ na Mose be,
And Jehovah spoke to Moses, saying,
18 “Tsɔ akɔbli wɔ gagbɛ aɖe kple eƒe zɔ hena ŋutikɔklɔ. Tsɔe da ɖe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàkɔ tsi ɖe eme.
Thou shalt also make a laver of copper, and its stand of copper, for washing; and thou shalt put it between the tent of meeting and the altar, and shalt put water in it.
19 Na Aron kple via ŋutsuwo naklɔ asi kple afɔ le afi sia,
And Aaron and his sons shall wash their hands and their feet out of it.
20 ne woyina agbadɔ la me be woado ɖe Yehowa ŋkume alo hafi woate ɖe vɔsamlekpui la ŋu be woasa vɔ na Yehowa. Ele be woaklɔ asi kple afɔ hafi awɔ nu siawo, ne menye nenema o la, woaku.
When they go into the tent of meeting, they shall wash with water, that they may not die; or when they come near to the altar to serve, to burn an offering by fire to Jehovah.
21 Esiawoe nye ɖoɖowo na Aron kple via ŋutsuwo tso dzidzime yi dzidzime.”
And they shall wash their hands and their feet, that they may not die; and it shall be an everlasting statute for them, for him and for his seed throughout their generations.
22 Yehowa gblɔ na Mose be,
And Jehovah spoke to Moses, saying,
23 “Ƒo atike ʋeʋĩ nyuitɔwo nu ƒu ale: ‘Mira’ nyuitɔ kilogram ade, ‘sinamon’ kilogram etɔ̃, atike ʋeʋĩ kilogram etɔ̃,
And thou, take best spices — of liquid myrrh five hundred [shekels], and of sweet cinnamon the half — two hundred and fifty, and of sweet myrtle two hundred and fifty,
24 ‘akasea’ kilogram ade kple ami lita ene le kɔkɔeƒe la ƒe dzidzenu nu.
and of cassia five hundred, after the shekel of the sanctuary, and of olive oil a hin;
25 Yehowa gblɔ na amiʋeʋĩwɔla xɔŋkɔwo be woatsɔ atike siawo awɔ amisisi kɔkɔe lae. Anye dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.”
and make of it an oil of holy ointment, a perfume of perfumery after the work of the perfumer: it shall be the holy anointing oil.
26 Yehowa gblɔ be, “Si ami sia na agbadɔ la, nubablaɖaka la,
And thou shalt anoint the tent of meeting with it, and the ark of the testimony,
27 kplɔ̃ la kple eŋunuwo, akaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la,
and the table and all its utensils, and the lamp-stand and its utensils, and the altar of incense,
28 numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo kple asiklɔgagbɛ la kple eƒe afɔ.
and the altar of burnt-offering and all its utensils, and the laver and its stand.
29 Kɔ wo ŋu woazu kɔkɔe; nu sia nu si aka wo ŋu la azu kɔkɔe na Mawu.
And thou shalt hallow them, that they may be most holy: whatever toucheth them shall be holy.
30 “Tsɔe si ami na Aron kple via ŋutsuwo, eye nàkɔ wo ŋu hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ nam abe nunɔlawo ene.
And Aaron and his sons thou shalt anoint, and shalt hallow them, that they may serve me as priests.
31 Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ami sia anye ami kɔkɔe si miasi na amewo ɣe sia ɣi.
And thou shalt speak to the children of Israel, saying, A holy anointing oil shall this be unto me throughout your generations.
32 Womakɔe ɖe ame dzodzro aɖeke dzi o, eye ame aɖeke mawɔ etɔgbi na eɖokui o, elabena ami kɔkɔe wònye, eye ele be ame sia ame nabui ami kɔkɔe.
Upon man's flesh shall it not be poured, neither shall ye make [any] like it, after the preparation of it: it is holy — holy shall it be unto you.
33 Ele be woaɖe ame sia ame si awɔ etɔgbi alo atsɔe asi na ame aɖe si menye nunɔla o la le ha me.’”
Whoever compoundeth [any] like it, or whoever putteth [any] of it upon any strange thing, shall be cut off from his peoples.
34 Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ atike ʋeʋĩwo, lifi lãhe, onitsa, galbanum kple lifi nyuitɔ kpekpeme ma ke na ɖe sia ɖe,
And Jehovah said to Moses, Take fragrant drugs — stacte, and onycha, and galbanum — fragrant drugs and pure frankincense; in like proportions shall it be.
35 eye nàtsɔ wo awɔ dzudzɔdonu abe ale si dzudzɔdonuwɔlawo wɔnɛ ɣe sia ɣi ene pɛpɛpɛ. De dze sue aɖe eme, eye wòanye dzudzɔdonu kɔkɔe si dza.
And thou shalt make it into incense, a perfume, after the work of the perfumer, salted, pure, holy.
36 Tu eƒe ɖe memie eye nàtsɔ eƒe ɖe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ, afi si medoa go wò le, le agbadɔ la me. Dzudzɔdonu sia le kɔkɔe.
And thou shalt beat [some] of it to powder, and put [some] of it before the testimony in the tent of meeting, where I will meet with thee: it shall be unto you most holy.
37 Migawɔ etɔgbi na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe o, elabena enye nu kɔkɔe na Yehowa ɖeɖe ko.
And the incense that thou shalt make, ye shall not make for yourselves according to the proportions of it; it shall be unto thee holy to Jehovah.
38 Ame si awɔ esia tɔgbi be eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nado dzidzɔ nɛ la, ele be woaɖee ɖa le eƒe dukɔ la dome.”
Whoever maketh like unto it, to smell it, shall be cut off from his peoples.

< Mose 2 30 >