< Mose 2 3 >

1 Gbe ɖeka la, Mose nɔ toa Reuel, ame si wogayɔna be Yetro, ame si nye Midian nunɔla la ƒe alẽwo dzi kpɔm le gbedzi si te ɖe Horeb, Mawu ƒe to la ŋu.
Now Moses was keeping the flock of Jethro, his father-in-law, the priest of Midian, and he led the flock to the back of the wilderness, and came to God's mountain, to Horeb.
2 Tete Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le ŋuve aɖe si nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la me. Esi Mose kpɔ be ŋuve la nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la,
The angel of Jehovah appeared to him in a flame of fire out of the midst of a bush. He looked, and look, the bush burned with fire, and the bush was not consumed.
3 Mose ɖo ta me be, “Mayi makpɔ nu wɔnuku sia, nu si ta ŋuve la menɔ fiafiam o la ɖa.”
Moses said, "I will turn aside now, and see this great sight, why the bush is not burnt."
4 Esi Yehowa kpɔ be Mose yi be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve bibi la me be, “Mose, Mose!” Eye Mose tɔ be, “Nye nye esi.”
When Jehovah saw that he turned aside to see, God called to him out of the midst of the bush, and said, "Moses. Moses." He said, "Here I am."
5 Mawu gblɔ nɛ be, “Mègate va afi sia o. Ɖe wò afɔkpawo da ɖi, elabena anyigba kɔkɔe dzie nèle tsitre ɖo.
He said, "Do not come close. Take your sandals off of your feet, for the place you are standing on is holy ground."
6 Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.” Mose tsyɔ mo anyi, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Mawu kpɔkpɔ.
Moreover he said, "I am the God of your fathers, the God of Abraham, and the God of Isaac, and the God of Jacob." Moses hid his face; for he was afraid to look at God.
7 Yehowa gblɔ nɛ be, “Mekpɔ nye amewo ƒe fukpekpe le Egipte, mese woƒe avifafa le woƒe dɔnunɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta. Metsɔ ɖe le woƒe fukpekpe la me,
Jehovah said, "I have surely seen the affliction of my people who are in Egypt, and have heard their cry because of their taskmasters, for I know their sorrows.
8 eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia.
I have come down to deliver them out of the hand of the Egyptians, and to bring them up out of that land to a good and large land, to a land flowing with milk and honey; to the place of the Canaanites, and the Hethites, and the Amorites, and the Perizzites, and the Hivites, and the Girgashites, and the Jebusites.
9 Ɛ̃, Israelviwo ƒe konyifaɣliwo ɖi va ɖo gbɔnye le dziƒo. Mekpɔ dɔ sesẽ siwo Egiptetɔwo ɖona na wo hetsɔ tea wo ɖe toe.
Now, look, the cry of the children of Israel has come to me. Moreover I have seen the oppression with which the Egyptians oppress them.
10 Fifia mele dɔ wò ge ɖe Farao gbɔ be nàna be wòaɖe asi le nye dukɔ Israelviwo ŋu, eye nàkplɔ wo ado goe le Egipte.”
Come now therefore, and I will send you to Pharaoh, that you may bring forth my people, the children of Israel, out of Egypt."
11 Mose gblɔ na Mawu be, “Ame ka menye aɖatsi tsitre ɖe Farao ŋkume, agblɔ nɛ be meva Israelviwo ɖe ge tso Egipte?”
And Moses said to God, "Who am I, that I should go to Pharaoh, and that I should bring forth the children of Israel out of Egypt?"
12 Mawu gblɔ nɛ be, “Manɔ anyi kpli wò, eye esia anye dzesi si afia be nyee nye ame si le dɔwòm. Ne èkplɔ Israelviwo do goe le Egiptenyigba dzi la, miasubɔ Mawu le to sia dzi.”
And God spoke to Moses, saying, "Certainly I will be with you. This will be the token to you, that I have sent you: when you have brought forth the people out of Egypt, you shall serve God on this mountain."
13 Ke Mose biae be, “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be, ‘Mia fofowo ƒe Mawue ɖom ɖa’ la, woabia be, ‘Mawu sia ŋkɔ ɖe?’ Ekema nya ka magblɔ na wo?”
And Moses said to God, "Look, when I come to the children of Israel, and tell them, 'The God of your fathers has sent me to you;' and they ask me, 'What is his name?' What should I tell them?"
14 Mawu ɖo eŋu na Mose be, “Menye ame si Menye. Gblɔ na Israelviwo ko be, ‘Menyee dɔm ɖa.’”
And God said to Moses, "I AM THAT I AM," and he said, "You shall tell the children of Israel this: 'I AM has sent me to you.'"
15 Mawu gblɔ kpe ɖe eŋu na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawue dɔm ɖe mia gbɔ.’ “Esiae nye nye ŋkɔ tegbee, ŋkɔ si woayɔ nam tso dzidzime yi dzidzime si ŋu dɔ woawɔ.
And God said moreover to Moses, "You shall tell the children of Israel this, 'Jehovah, the God of your fathers, the God of Abraham, the God of Isaac, and the God of Jacob, has sent me to you.' This is my name forever, and this is how I am to be remembered from generation to generation.
16 “Mawu yi edzi be, ‘Yɔ Israel ƒe ametsitsiwo katã ƒo ƒu, eye nàƒo nu na wo tso ale si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia wò le afi sia gblɔ be, Mekpɔ mi ɖa. Mekpɔ nu si le dzɔdzɔm ɖe mia dzi le Egipte.
Go, and gather the elders of the children of Israel together, and tell them, 'Jehovah, the God of your fathers, the God of Abraham, of Isaac, and of Jacob, has appeared to me, saying, "I have surely visited you, and seen that which is done to you in Egypt;
17 Mele ŋugbe dom be maɖe mi tso miaƒe fukpekpewo me le Egipte, eye makplɔ mi ayi anyigba si dzi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia la dzi, anyigba si dzi anyitsi kple notsi bɔ ɖo.’
and I have said, I will bring you up out of the affliction of Egypt to the land of the Canaanites, and the Hethites, and the Amorites, and the Perizzites, and the Hivites, and the Girgashites, and the Jebusites, to a land flowing with milk and honey."'
18 “Israelviwo ƒe dumegãwo axɔ wò nya la, ekema woakplɔ wò ayi Egipte fia Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu, va do go mí, eye wòbia tso mía si be míazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ayi gbedzi aɖasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma.’
They will listen to your voice, and you shall come, you and the elders of Israel, to the king of Egypt, and you shall tell him, 'The God of the Hebrews has met with us. Now please let us go three days' journey into the wilderness, that we may sacrifice to our God.'
19 Ke menya be Egipte fia mana mɔ mi be miayi o, negbe ɖeko asi sesẽ aɖe zi edzi hafi.
I know that the king of Egypt won't give you permission to go, except by a mighty hand.
20 Eya ta mado nye asi ɖa ɖe Egipte ŋu, atsrɔ̃ wo kple nye nukunu siwo mawɔ le wo dome, ekema ana miayi.
I will put forth my hand and strike Egypt with all my wonders which I will do in its midst, and after that he will let you go.
21 “Makpɔ egbɔ be Egiptetɔwo tsɔ nunanawo na mi gleglegle le miaƒe dzodzoɣi ale be miadzo kple asi gbɔlo o!
I will give this people favor in the sight of the Egyptians, and it will happen that when you go, you shall not go empty-handed.
22 Nyɔnu ɖe sia ɖe axɔ klosalo, sikanuwo kple avɔ nyuiwo le eƒe amegã, Egiptetɔ, srɔ̃a kple eŋumewo si. Miado Egiptetɔwo ƒe nu nyuitɔwo kekeake na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo! Ale miaha Egiptetɔwo.”
But every woman shall ask of her neighbor, and of her who visits her house, articles of silver and articles of gold, and clothing; and you shall put them on your sons, and on your daughters. So you shall plunder the Egyptians.

< Mose 2 3 >