< Mose 2 29 >

1 “Wɔ nu siawo hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ kple wo ɖoɖo nunɔlawoe. Lé nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo ŋu naneke megblẽ le o,
Detta måste du ock göra dem, att de skola varda mig vigde till Prester. Tag en ungan stut, och två vädrar utan vank;
2 eye nàtsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã, abolo vivi si woblu kple ami kple akpɔnɔ siwo dzi wokɔ ami ɖo. Woatsɔ wɔ memi awɔ aboloawo kple akpɔnɔawo.
Osyradt bröd och osyrade kakor, blandade med oljo, och osyrade tunnkakor, smorda med oljo; af hvetemjöl skall du allt görat;
3 Tsɔ wo de kusi aɖe me, eye nàtsɔ kusi la, nyi la kple agbo aveawo vɛ.
Och skall läggat uti en korg, och uti korgenom bära det fram, samt med stutenom, och de två vädrarna.
4 Le tsi na Aron kple via ŋutsuwo le agbadɔ la ƒe mɔnu.
Och du skall hafva Aaron och hans söner fram för dörrena af vittnesbördsens tabernakel, och två dem med vatten;
5 Do Aron ƒe dziwui, kɔmewu ʋlaya, kɔmewu la ŋutɔ kple akɔtatsyɔnu la nɛ, tsɔ alidziblanu si wolɔ̃ aɖaŋutɔe la bla ali dzi nɛ,
Och taga kläden, och kläda uppå Aaron den trånga kjortelen, och den silkeskjortelen, och lifkjortelen, och skölden till lifkjortelen, och skall begjorda honom utanuppå lifkjortelen;
6 eye nàtsɔ tablanu la kple sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖo ta nɛ.
Och sätta hatten uppå hans hufvud, och den helga kronona uppå hatten;
7 Tsɔ ami kɔkɔe la, eye nàsi ami ɖe ta nɛ.
Och skall taga smörjoolja, och gjuta uppå hans hufvud, och smörja honom.
8 Yɔ via ŋutsuwo vɛ, eye nàtsɔ woƒe dziwuiwo ado na wo.
Och hans söner skall du ock hafva fram, och kläda uppå dem den trånga kjortelen;
9 Bla ta na wo kple woƒe tablanuwo, tsɔ alidziblanu tso gae ɖe woƒe akɔta, ahablae ɖe axame na Aron kple via ŋutsuwo, ale be nunɔladɔ nanye wo tɔ tegbee. Aleae nàɖo Aron kple viawo nunɔlawoe.
Och begjorda både Aaron och dem med bälter, och binda hufvorna på dem, att de skola hafva Presterskapet till ett evigt sätt. Och du skall fylla händerna uppå Aaron och hans söner;
10 “Emegbe la, he nyitsu la va agbadɔ la ŋgɔ, eye nàna Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi.
Och skall hafva stuten fram för dörrena af vittnesbördsens tabernakel. Och Aaron med hans söner skola lägga sina händer på hufvudet af stutenom.
11 Wui le Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe mɔnu.
Och du skall slagta stuten för Herranom, inför dörrena af vittnesbördsens tabernakel;
12 Tsɔ wò asibidɛ de eƒe ʋu me, sisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, eye nàkɔ ʋu mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te.
Och skall taga af hans blod, och stryka uppå altarens horn med ditt finger, och allt det andra blodet kasta neder på bottnen till altaret;
13 Emegbe nàɖe ami si le nyitsu la ƒe dɔmenuwo ŋu. Ɖe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu, eye nàtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi.
Och skall taga allt det feta, som är på tarmarna, och det nätet öfver lefrena, och båda njurarna, med det feta som deruppå är, och skall bränna det upp på altarena.
14 Esia megbe la, nàtɔ dzo lã blibo la kple eƒe ayi kple afɔdzi si le dɔ me nɛ la le asaɖa la godo abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene.
Men stutens kött, hudena och gåret, skall du uppbränna med eld utanför lägret; ty det är ett syndoffer.
15 “Emegbe la, Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe agboawo dometɔ ɖeka ƒe ta dzi,
Men den ena väduren skall du taga; och Aaron med hans söner skola lägga deras händer på hans hufvud.
16 eye nàwui. Woaɖe eya hã ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo.
Sedan skall du slagta honom, och taga hans blod, och stänka uppå altaret allt omkring.
17 Fli agbo la, kpala lã la, eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nàtsɔ wo da ɖe eƒe ta kple lãkɔ bubuawo dzi.
Men väduren skall du hugga i stycker, och två hans inelfver och fötter, och skall lägga det på hans stycker och hufvud;
18 Tɔ dzo lã blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi. Numevɔsae wònye na Yehowa, eye wòdzea eŋu ŋutɔ.
Och bränna upp allan väduren på altaret; ty det är ett bränneoffer Herranom, en söt lukt Herranom.
19 “Azɔ la, he agbo evelia vɛ. Na Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe eya hã ƒe ta dzi.
Den andra väduren skall du taga; och Aaron med hans söner skola lägga sina händer på hans hufvud;
20 Wui eye nàɖe ʋu la asi ɖe Aron kple via ŋutsuwo ƒe nuɖusitowo, woƒe degblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe nuɖusi ƒe afɔbidɛ gãtɔwo ŋu. Hlẽ ʋu mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo.
Och skall slagtan, och taga af hans blod, och stryka på högra örnatimpen af Aaron och hans söner, och uppå tumman af deras högra hand, och på största tån af deras högra fot, och skall stänka blodet på altaret allt omkring.
21 Emegbe la, nàha ʋu la ƒe ɖe le vɔsamlekpui la ŋu, nàtsakae kple amisisi la, eye nàhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuawo ƒe awuwo ŋu. Ekema woawo ŋutɔwo kple woƒe awuwo ŋu akɔ na Yehowa.
Och skall taga blodet på altarena, och smörjooljo, och stänka på Aaron och hans kläder, hans söner och deras kläder; så varder han och hans kläder, hans söner och deras kläder vigd.
22 “Azɔ ɖe agbo la ƒe ami kpe ɖe asike dami la, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, nàɖe eƒe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kpe ɖe agbo la ƒe ɖusimeta ŋu. (Esiae nye agbo na Aron kple via ŋutsuwo ɖoɖo nunɔlawoe.)
Sedan skall du taga det feta af väduren, stjerten, och det feta som är på inelfven, nätet som är öfver lefrena, och båda njurarna med det feta, som deröfver är, och den högra bogen; ty det är fyllelsens vädur;
23 Tsɔ nu siawo kpe ɖe abolo bɔbɔe ɖeka kple abolo vivi ɖeka kple akpɔnɔ ɖeka ŋu tso kusi si me abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã si woda ɖe Yehowa ŋkume la me.
Och ett bröd, och en oljokako, och en tunnkako, utu korgenom, der det osyrade brödet i är, den för Herranom står.
24 Tsɔ nu siawo de asi na Aron kple viawo. Na woanye wo le yame abe vɔsa na Yehowa ƒe dzesi ene.
Och lägg allt detta på Aarons och hans söners händer; och vefta det Herranom.
25 Le esia yome la, xɔ nu siawo le wo si, eye nàtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numeme si ʋẽna lĩlĩlĩ ɖe Yehowa ene.
Och så skall du taga det utaf deras händer, och bränn det upp på altarena för ett bränneoffer, till en söt lukt för Herranom; ty det är Herrans offer.
26 Ɖe agbo si wòwu hena Aron ɖoɖo nunɔlae la ƒe akɔ. Nyee le yame le Yehowa ŋkume abe vɔsa ƒe dzesi ene. Akɔ sia nazu tɔwò.
Och du skall taga bröstet af fyllelsens vädur Aarons, och skall vefta det för Herranom; det skall vara din del.
27 “Tsɔ agbo si wowu hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ la ƒe akɔta kple atawo na Aron kple via ŋutsuwo.
Och skall alltså helga veftebröstet och häfvobogarna, som veftade och häfne äro af fyllelsens vädur, Aarons och hans söners.
28 Ele be Israelviwo nadzɔ woƒe vɔsalãwo ƒe akpa siawo ɣe sia ɣi, nenye ŋutifafavɔsa loo alo akpedavɔsa abe woƒe vɔsa na Yehowa ene.
Och det skall vara Aarons och hans söners, till ett evigt sätt af Israels barnom; ty det är ett häfoffer; och häfoffren skola höra Herranom till af Israels barnom i deras tackoffer och häfoffer.
29 “Ele be woadzra eƒe awu kɔkɔeawo ɖo hena Via ŋutsu si ava xɔ ɖe eteƒe la ŋuti kɔkɔ ne wole eŋuti kɔm tso dzidzime yi dzidzime.
Men Aarons helga kläder skola hans söner hafva efter honom, att de derutinnan skola varda smorde, och deras händer fyllda.
30 Ame sia ame si ava nye nunɔlagã le Aron megbe la ado awu siawo ŋkeke adre hafi ade asi subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me le agbadɔ la me kple Kɔkɔeƒe la siaa.
Hvilken af hans söner varder Prest i hans stad, han skall kläda dem uppå i sju dagar, att han skall gå in uti vittnesbördsens tabernakel, till att tjena uti de helga.
31 “Tsɔ agbo si ŋu dɔ wowɔ le nunɔlawo ɖoɖo me, eye nàɖa eƒe lã le teƒe kɔkɔe aɖe.
Du skall ock taga fyllelsens vädur, och koka hans kött på heligt rum.
32 Na Aron kple via ŋutsuwo naɖu lã la kple abolo si le kusi la me le agbadɔ la ƒe mɔnu.
Och Aaron med hans söner skola äta af samma vädurs kötte, med brödet, som i korgenom är, inför dörrena af vittnesbördsens tabernakel.
33 Ale woaɖu nu si wotsɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖae hafi ɖo wo nunɔlawoe hekɔ wo ŋuti. Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ aɖu wo o, elabena nu kɔkɔewo wonye.
Ty en försoning är dermed skedd, till att fylla deras händer, att de skola vigde varda. Ingen annar skall ätat; ty det är heligt.
34 Nenye be agbo si wotsɔ ɖo wo nunɔlawoe la ƒe lã aɖe susɔ alo abolo la ƒe ɖe susɔ ŋu ke ɖe edzi la, tɔ dzoe. Mele be woaɖui o, elabena ele kɔkɔe.
Om något öfverblifver af fyllelsens kötte, och af brödena intill morgonen, det skall du uppbränna på elde, och icke låta ätat; ty det är heligt.
35 “Ale nàɖo Aron kple via ŋutsuwo nunɔlawo le mɔ sia nu. Wo ɖoɖo nanɔ edzi ŋkeke adre.
Och alltså skall du göra med Aaron och hans söner, såsom jag hafver budit dig. I sju dagar skall du fylla deras händer;
36 Ele be nàtsɔ nyitsu ɖeka awɔ nuvɔ̃ŋutivɔsa gbe sia gbe. Emegbe la, nàkɔ vɔsa la ŋu to nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa le eŋu me. Kɔ ami ɖe edzi be eŋu nakɔ.
Och hvar dag slagta en stut, till ett syndoffer till försoning; och skall skära altaren, när du försonar det, och skall smörja det, att det skall blifva vigdt.
37 Me avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe ŋkeke adre be nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu na Mawu. Le esia megbe la, vɔsamlekpui la azu kɔkɔe, nu sia nu si aka eŋu la hã azu kɔkɔe, eye ame siwo le kɔkɔe la koe aka asi eŋu.”
I sju dagar skall du försona och viga altaret, att det skall vara dess aldrahelgestas altare. Ho som vill komma vid altaret, han skall vara vigd.
38 “Tsɔ alẽ eve sa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe,
Och detta skall du göra med altaret; tu lamb årsgammal skall du hvar dag offra deruppå;
39 ɖeka le ŋdi me, eye evelia le fiẽ me.
Ett lamb om morgonen, det andra om aftonen;
40 Tsɔ wɔ memi kilogram ɖeka, ami lita ɖeka kple wain lita ɖeka kpe ɖe alẽ ɖeka ŋu.
Och till ett lamb en tiung semlomjöl, blandadt med en fjerding af ett hin stött oljo; och en fjerding af ett hin vin till drickoffer.
41 Tsɔ alẽ evelia kple wɔ memi la kple wain sa vɔe le fiẽ me abe ale si nèwɔ le ŋdi me ene, wòanye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ na Yehowa.
Med det andra lambet om aftonen skall du göra såsom med morgonens spisoffer och drickoffer, till en söt lukt Herranom af offrena.
42 “Esiae nye numevɔsa si miawo kple miaƒe dzidzimeviwo miawɔ gbe sia gbe na Yehowa le agbadɔ la ƒe mɔnu. Mado go wò le afi ma, eye maƒo nu kpli wò.
Detta är det dageliga bränneoffret intill edra efterkommande, för dörrene af vittnesbördsens tabernakel för Herranom, der jag eder betyga, och med dig tala vill.
43 Mado go Israelviwo le afi ma, eye nye ŋutikɔkɔe akɔ agbadɔ la ŋu.
Der vill jag Israels barnom betygad och helgad varda i mine härlighet;
44 Ɛ̃, makɔ agbadɔ la, vɔsamlekpui la, Aron kple via ŋutsuwo, ame siwo nye subɔlawo kple nunɔlawo la ŋu.
Och vill helga vittnesbördsens tabernakel med altarena, och viga Aaron med hans söner mig till Prester;
45 Manɔ Israelviwo dome, manye woƒe Mawu,
Och vill bo ibland Israels barn, och vara deras Gud;
46 eye woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la. Mekplɔ wo tso Egipte ale be mate ŋu anɔ wo dome. Nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la.”
Att de veta skola, att jag är Herren deras Gud, som dem förde utur Egypti land, att jag skulle bo ibland dem: Jag Herren deras Gud.

< Mose 2 29 >