< Mose 2 28 >

1 “Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene.
你應從以色列子民中叫你的哥哥亞郎同他的兒子們,即亞郎和他的兒子,納達布、阿彼胡、厄肋阿匝爾和衣塔瑪爾,一起來到你前,立他們作我的司祭。
2 Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò ŋutsu Aron be woade kɔkɔ kple bubu eŋu.
應給你的哥哥亞郎做聖衣,以示莊嚴美觀。
3 Gblɔ na aɖaŋudɔwɔla siwo katã mena nunya le nya siawo tɔgbi me la be woatɔ awuwo na Aron hena eɖoɖo nunɔlae, ale be wòate ŋu awɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam.
凡我使之具備藝術天才的藝術人員,你應吩咐他們為亞郎做服裝,祝聖他作我的司祭。
4 Awu siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, dziwui ʋlaya si ŋu abɔ mele o, eye wòdidi tso abɔta va se ɖe klo te, dziwui, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ awu kɔkɔewo na Aron kple via ŋutsuwo be woawɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam.
他們應做的服裝如下:胸牌、厄弗得、無袖長袍、織成的長衣、禮冠和腰帶。他們為你的哥哥亞郎和他的兒子們做、這些聖衣,叫他們做我的司祭。
5 “Na woatsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hɛ̃tɔ kple ɖetika ɣitɔ alɔ̃ awu siawoe.
他們應用金線,紫色、紅色、朱紅色的毛線和細麻去做。厄弗得的式樣
6 “Aɖaŋuvɔlɔ̃la xɔŋkɔwo natsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ alɔ̃ kɔmewu lae.
他們應用鏽工以金線,紫色、紅色、朱紅色的毛線,和捻的細麻做厄弗得。
7 Woatɔe awu evee: ŋgɔgbetɔ kple megbetɔ, eye woakpe wo ɖe abɔta.
兩條肩帶應結連在厄弗得的兩端。
8 Woatsɔ avɔ ma tɔgbi ke, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ ƒe avɔ awɔ alidziblanu la hãe.
將厄弗得束在身上用的帶子,也應像厄弗得一樣的做法,與厄弗得連在一起,全是用金線、紫色、朱紅色的毛線和捻的細麻做成。
9 Emegbe tsɔ onikskpe eve, eye nàŋlɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
再取兩塊紅瑪瑙石,將以色列的兒子的名字刻在上面,
10 Ŋkɔ ade nanɔ kpe ɖeka dzi, eye woaɖo ŋkɔawo ɖe woƒe tsitsi nu.
六個名字刻在一塊寶石上,另六個名字刻在另一塊寶石上,全照他們出生的次序。
11 Tsɔ ŋkɔsigɛ̃wɔnu ŋlɔ Israel ƒe vi wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi. Wɔe abe ale si kpe xɔasi nuŋlɔla ŋlɔa nui ɖe ŋkɔsigɛ dzi la ene. Emegbe, nàtsɔ sika afa ɖe towo na kpeawo.
以玉工雕刻法,好似刻印章,把以色列的兒子們的名字刻在這兩塊寶石上,崁在金框內。
12 Tsɔ kpe eveawo eye tɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi. Na Aron nakpla woƒe ŋkɔwo ɖe abɔta le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzi ene.
再將這兩塊寶石,即以色列子民的紀念石,掛在厄弗得的肩帶上;亞郎要在上主前常在兩肩上帶著他們的名字,好獲得紀念。
13 Na woatsɔ sika nyuitɔ awɔ sikakawo
要做兩個金框,
14 kple sikakɔsɔkɔsɔ eve siwo adidi abe ka ene, eye woatsɔ wo aku sikasigɛ siwo le kɔmewu la ƒe abɔtawo.
兩條純金的鏈子,要像做繩子一樣擰成,把這像繩子的金鏈結在框子上。胸牌的式樣
15 “Na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nawɔ akɔtaɖonu si anye nyametsonu; nenɔ abe kɔmewu la tɔgbi ene, eye woawɔe kple sikaka blɔtɔ, ka dzĩ kple ka hẽ kple kadada ɣi.
應以繡工做判斷的胸牌,像做厄弗得,用金線,紫色、紅色、朱紅色的毛線和捻的細麻去做。
16 Wɔe ɖe dzogoe ene me, eƒe didime nanye sentimita blaeve-vɔ-eve, eye eƒe kekeme hã nanɔ nenema. Emegbe woaŋee ɖe eve.
胸牌要方形,雙層,一作長,一作寬。
17 Tsɔ kpe xɔasiwo ɖo agbaka ene me ɖe eŋu. Kanelian, krisolit kple beril nanɔ fli gbãtɔ me;
將鑲嵌的寶石安裝在上面,排成四行:第一行:赤玉、青玉、翡翠:
18 tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nanɔ fli evelia me.
第二行:紫寶石、藍玉、金鋼石;
19 Yasint, agate kple ametist nanɔ fli etɔ̃lia me.
第三行:黃瑪瑙、白瑪瑙、紫晶;
20 Topaz, oniks kple yaspa nanɔ fli enelia me. Tsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti.
第四行:黃玉、紅瑪瑙、水蒼玉;這些寶石都崁在金框內。
21 Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene.
按照以色列的兒子的名字,寶石應有十二塊,按刻印法,每塊刻一個名字,代表十二支派。
22 Tsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu.
為胸牌再做兩條純金鏈子,像繩子一要擰成。
23 Wɔ sikagagodo eve nɛ, eye nàtsɔ wo asa ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve dzi.
在胸牌上做兩個金環,將兩個金環安在胸牌的兩端,
24 Tsɔ sikakɔsɔkɔsɔ eve sa ɖe gagodo siwo le akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eveawo ŋu la ŋu.
將那兩條金鏈結在胸牌兩端的環子上,
25 Na woatɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe.
把兩條鏈子的另兩端,結在那掛在厄弗得的肩帶前面的兩個框子上。
26 Emegbe la, gawɔ sikasigɛ bubu eve, eye nàtsɔ wo aku akɔtawu la te le eme gome.
再做兩個金環,安在胸牌的下兩端,靠近厄弗得的內邊緣上。
27 Gawɔ sikasigɛ bubu eve na dziwui ʋlaya la te le eŋgɔ, le alidziblanu la ŋu.
再做兩個金環,安在厄弗得前面兩肩帶的下邊,靠近厄弗得帶子的上邊與肩帶相連結的地方。
28 Azɔ la, tɔ ka blɔtɔwo ɖe akɔtawu la te, eye nàtsɔ kawo atsi ɖe sikasigɛ siwo le dziwui ʋlaya la te la ŋu. Esia ana be akɔtawu la nalé ɖe dziwui la ŋu.
用一根紫繩把胸牌的環子繫在厄弗得的環子上,使胸牌結在厄弗得的帶子上,免得胸牌在厄弗得上移動。
29 Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔ siwo le akɔtawu la dzi aɖo eƒe dzi gbɔ abe Mawu ƒe nyametsonu ene, ne eyi Teƒe Kɔkɔe la. Nu sia anɔ ŋku ɖom Israelviwo dzi na Yehowa edziedzi.”
如此亞郎進聖所時,在他的胸前,在判斷的胸牌上帶著以色列兒子們的名字,為在上主前常獲得紀念。
30 Tsɔ Urim kple Tumim siwo nye kpe siwo wotsɔna biaa nu Mawu la de akɔtawu la ƒe kotoku me be woanɔ Aron ƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe nyametsonu la ɖe eƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume.
在決斷的胸牌內應放上烏陵和突明,幾時亞郎進到上主前常帶在亞郎胸前:如此亞郎在上主前時,胸前常帶著為以色列子民行決斷的工具。長袍的式樣
31 “Tsɔ avɔ blɔtɔ tɔ awu ʋlaya si le kɔmewu la te,
再為厄弗得做一無袖長袍,應全是紫色毛線的。
32 eye woaɖe teƒe si Aron ƒe ta nato la ɖi. Woatɔ avɔ aƒo xlã teƒe sia, abe ale si wowɔna na akpoxɔnuwo ene, ale be mavuvu o.
中間留一領口,領口周圍叫織工做上邊,像戰袍的領口,免得破裂。
33 Woatsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ alɔ̃ yevuboɖawo ɖe awu ʋlaya la to le awu la te eye sikanyawowoewo nanɔ yevuboɖawo dome.
在長袍底邊周圍做上紫色、紅色、珠紅色的毛線石榴;在石榴中間,周圍再做上金鈴鐺:
34 Yevuboɖawo kple sikanyawowoeawo naɖɔli wo nɔewo ale be sikanyawowoe ɖeka nanɔ yevuboɖa ɖeka yome.
如此在長袍底邊周圍,一個金鈴鐺,一個石榴;一個金鈴鐺,一個石榴。
35 Na Aron nado dziwui ʋlaya la ɣe sia ɣi si wòayi be yeawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa, eye sikanyawowoeawo nanɔ ɖiɖim kliŋkliŋkliŋ le Yehowa ŋkume le Kɔkɔeƒe la kple ne edzo le eŋkume ale be maku o.
當亞郎穿著行禮時,能聽見他進聖所到上主前,或者出來的聲音,免得他死亡。禮冠的式樣
36 “Hekpe ɖe esia ŋu la, tsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa, abe ale si nàŋlɔ nu ɖe nutrenu la dzi ene.
應用純金製一個牌子,在上面像刻印章刻上「祝聖於上主。」
37 Woatsɔ ka blɔtɔ atsi sikanu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu.
用紫繩子將牌子繫在禮冠上,即繫在禮冠的前面。
38 Ale wòanɔ Aron ƒe ŋgonu, eye Aron atsɔ vodada siwo anɔ Israelviwo ƒe nunanawo ŋu la aƒu akɔ. Ele be wòakplae ɣe sia ɣi si wòado ɖe Yehowa ŋkume ale be, Mawu nakpɔ ŋudzedze le nunanawo ŋu, eye wòatsɔ nu vɔ̃wo ake.
那牌常在亞郎的額上,好叫亞郎擔當以色列子民祝聖各種聖物時,干犯聖物的罪過;那牌常在亞郎的額上,為使人民在上主前獲得悅納。
39 “Na woalɔ̃ Aron ƒe dziwui ʋlaya la kple ɖeti ɣi, eye woana wòanɔ ŋɔŋɔe. Woatsɔ avɔ ma ke alɔ̃ tablanu la hã, eye woalɔ̃ nu ɖe alidziblanu la hã me.
應用細麻編製長衣,並用細麻做禮冠;腰帶應是編成的。司祭的禮服
40 “Wɔ awu ʋlayawo, alidziblanuwo kple tablanuwo na Aron ƒe viŋutsuwo be woade bubu wo ŋu.
也要為亞郎的兒子們做長衣、腰帶和頭巾,以示莊嚴美觀。
41 Do awu siawo na Aron ƒe viŋutsuawo. Si ami ɖe ta na wo, eye nàto esia me akɔ wo ŋu, aɖo wo nunɔlawo be woasubɔm.
你把這些服裝給你哥哥亞郎和他的兒子穿上;給他們傅油,授與聖職,祝聖他們做我的司祭。
42 Tsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ si woatsɔ atɔ atakpui na wo woado ɖe awuawo te. Atakpuiawo natso alime va se ɖe klonu.
還應給他們用麻布做褲子,從腰部直到大腿,遮蓋他們的裸體。
43 Ele be Aron kple via ŋutsuwo nado awu siawo ɣe sia ɣi si woayi agbadɔ la me alo woayi vɔsamlekpui la gbɔ le Kɔkɔeƒe la. Ne womewɔ nu siawo o la, woaɖi fɔ, eye woaku. Esia nye se matrɔmatrɔ na Aron kple via ŋutsuwo.”
當亞郎和他的兒子們進入會幕或走近祭台,在聖所內行禮時,要穿上褲子,免得招致懲罰死亡:這為亞郎和他的後代是永遠的規律。

< Mose 2 28 >