< Mose 2 27 >

1 “Tsɔ akasiati nàkpa vɔsamlekpui lae. Eƒe ta ƒe kekeme kple didime siaa nanye mita ɖeka kple desimita eve, eye wòakɔ mita ɖeka kple desimita etɔ̃.
應用皂莢木做一祭壇:長五肘,寬五肘,祭壇為方形,高三肘。
2 Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu.
在祭壇四角上做四翹角,四翹角應由祭壇突出,祭壇要包上銅。
3 Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, sofiwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo.
再做收灰的盆、、盤、肉叉和火盆:這一切用具都應是銅做的。
4 Tsɔ akɔbli wɔ lãyiga, eye nàwɔ akɔblisigɛ ɖe dzogoe eneawo ŋu.
為祭壇要做一架銅格子,好像網的製法,在網的四角上安上四個銅環,
5 Klã lãyiga la ɖe mlekpui la titina, eye nàna wòanɔ teƒe si wodoa dzo ɖo la tame.
將網安在壇下方的圍腰下,直到祭壇半腰。
6 Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa akɔbli ɖe wo ŋu hena vɔsamlekpui la kɔkɔ.
再為祭壇做兩根扛桿,杠桿是皂莢木的,包上銅。
7 Na woatsɔ ati didiawo aƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi hena vɔsamlekpui la kɔkɔ.
杠桿應穿在環子內;抬祭壇時,杠桿常在祭壇兩邊。
8 Tsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui la, do nanɔ eme abe ale si meɖee fia wò le to la dzi ene pɛpɛpɛ.”
祭應用木板做成,中心是空的。在山上怎樣指示了給你,就怎樣去做。庭院式樣
9 “Tɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe dziehe gome nadidi mita blaene-vɔ-ene. Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi dada la tɔ kpɔ siae,
應做帳棚的庭院:為向陽的一面,即南面,用捻的細麻做庭院的帷幔;這一面長一百肘。
10 eye nàtu kpɔti blaeve siwo ƒe afɔtiwo woatu kple akɔbliga, eye woatsɔ klosaloga atu gatagbadzɛ siwo woatsɔ avɔawo akui la ɖe kpɔtiawo ŋu.
柱子二十根,銅卯座二十個,柱鉤和橫棍是銀的。
11 Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu.
為北面也是一樣:帳幔長一百肘,柱子二十根,銅卯座二十個,柱鉤和橫棍是銀的。
12 Ɣetoɖoƒe gome nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔti ewo siwo te afɔti ewo le la nanɔ afi ma.
庭院的西面,帷幔寬五十肘,柱子十根,卯座十個。
13 Ɣedzeƒe gome afi si ɣe dzena tsona hã nadidi mita blaeve-vɔ-eve.
庭院的前面即東面,寬五十肘;
14 Avɔ si didi mita ade kple afã la nanɔ akpa ɖeka na mɔnu la. Woatsi avɔ la ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu.
這一邊帷幔十五肘,柱子三根,卯座三個;
15 Avɔ didime ma tɔgbi ke nanɔ agbadɔ la ƒe akpa evelia, eye woatsi eya hã ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu.
另一邊帷幔也十五肘,柱子三根,卯座三個。
16 “Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu.
庭院的大門:門簾寬二十肘,是用紫色、紅色、朱紅色的毛線和捻的細麻織成的:柱子四根,卯座四個。
17 Woatsɔ klosalogatagbadzɛwo aklã klosalogakawo ɖe kpɔti siwo katã wotsɔ tɔ kpɔ lae la ŋu be woalé kpɔtiawo ɖekae. Akɔblifɔ sesẽwo nanɔ kpɔtiawo te ɖekaɖekae.
庭院所有的柱子,周圍用銀橫棍連貫起來;所有的鉤子是銀的,卯座是銅的。
18 Ale kpɔtɔtɔ la nadidi mita blaene-vɔ-ene, akeke mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔtɔtɔ la ƒe avɔ akɔ abe mita eve ene, eye woalɔ̃e kple ɖeti nyuitɔwo.
庭院長一百肘,寬五十肘,高五肘;幃幔是細麻捻的,卯座是銅的。
19 “Na woatsɔ akɔbli awɔ nu sia nu si woatsɔ ga awɔe le agbadɔ la ŋu: woatsɔ akɔbli awɔ gatagbadzɛawo kple tsyotiawo hã.
帳棚內凡是敬禮用的一切器物,帳棚和庭院的一切橛子,都是銅的。燃登規定
20 “Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi.
你應吩咐以色列子民,叫他們把榨得的橄欖清油給你送來,為點燈用,好使燈時常點著。
21 Ele be Aron kple viawo nakɔ akaɖi sia, si womana wòatsi akpɔ o la ada ɖe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nublaɖaka ŋkume la ŋgɔ. Woana wòanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime.
在會幕內,在約櫃前的帳幔外,亞郎和他的子孫應使這燈,由晚上到早晨,常在上主前點燃:這是以色列子民世世代代當守的常例。

< Mose 2 27 >