< Mose 2 26 >

1 “Tsɔ avɔ ewo siwo wolɔ̃ kple ka nyuiwo, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ la wɔ agbadɔ la, eye nàlɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme.
Además harás el Tabernáculo con diez cortinas de lino fino torcido y [tela] azul, púrpura y carmesí. Las harás con querubines, obra de hábil diseñador.
2 Avɔ ɖe sia ɖe nadidi mita wuieve, eye wòakeke mita eve.
La longitud de cada cortina será de 12,6 metros y su anchura de 1,8 metros, una misma medida para todas las cortinas.
3 Woatɔ avɔ atɔ̃, didime ɖe didime nu woazu avɔ ɖeka na agbadɔ la ƒe axa ɖeka. Woawɔ nenema ke kple avɔ atɔ̃ bubuawo hã.
Cinco cortinas estarán unidas la una con la otra. Igualmente las otras cinco cortinas.
4 Tɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, na be gbãtɔ ƒe kawo nasɔ ɖe evelia tɔwo nu.
Harás presillas de [tela] azul en la orilla de cada cortina, al final de la serie. Igualmente harás en la segunda serie.
5 Tɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe avɔ la ƒe go eve me, eye ka siwo le avɔwo me la nasɔ ɖe wo nɔewo dzi le go eveawo me.
Harás 50 presillas en el borde de la primera cortina, y lo mismo en la cortina que sigue en la serie. Las presillas estarán contrapuestas unas a otras.
6 Tsɔ sika tu gavi blaatɔ̃ nàtsɔ ku avɔ eveawo ƒe nuwo ƒo ƒui ale be agbadɔ la, si nye Mawu ƒe nɔƒe la, nazu nu blibo ɖeka.
Harás 50 broches de oro. Unirás las cortinas la una con la otra por medio de los broches. Habrá un solo Tabernáculo.
7 “Tsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ la.
También harás cortinas de pelo de cabra a modo de tienda sobre el Tabernáculo: Harás 11 cortinas.
8 Avɔ wuiɖekɛawo katã nasɔ; ɖe sia ɖe nadidi mita wuietɔ̃, eye wòakeke mita eve.
La longitud de cada cortina, 13,5 metros, y la anchura de cada cortina, 1,8 metros. Las 11 cortinas tendrán una misma medida.
9 Tɔ gbɔ̃fuvɔ atɔ̃ woazu avɔ keke ɖeka, eye nàgatɔ ade mamlɛawo hã woazu avɔ keke ɖeka.
Unirás cinco cortinas. Separadamente unirás las otras seis cortinas. Doblarás la sexta cortina en el frente del Tabernáculo.
10 Ŋlɔ gbɔ̃fuvɔ adelia ɖe akpa eve le agbadɔ la ŋgɔ. Tɔ avɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe to na agbadɔ la ƒe axa ɖeka, eye nàgawɔe nenema ke ɖe axa evelia to le akpa kemɛ.
Harás 50 presillas en el borde de la unión de la primera cortina, y lo mismo en la que sigue en la serie.
11 Tu gavi blaatɔ̃ kple akɔbliga, eye nàtsɔ wo de ka kpuiwo me ate avɔawo akpe be avɔ keke eveawo nazu avɔ keke gã ɖeka.
También harás 50 broches de bronce. Meterás los broches por las presillas y unirás la tienda, y será una sola.
12 Ke hena avɔ si le agbadɔ la megbe la, woatsɔ avɔ afã si susɔ la atsi ɖe agbadɔ la megbe.
Lo sobrante de las cortinas de la tienda, la mitad sobrante de la cortina, colgará por la parte posterior del Tabernáculo.
13 Agbadɔwɔvɔ la nadidi mita eve le axa eveawo dzi, akpa mamlɛa naxe agbadɔ la ƒe axawo dzi be woaxe teƒeawo.
Los 45 centímetros sobrantes de un borde y los 40 centímetros sobrantes del otro, los cuales sobran en la longitud de las cortinas de la tienda, colgarán a los lados del Tabernáculo, a uno y otro lado para cubrirlo.
14 Tsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye nàgatsɔ gbɔ̃gbalẽwo atsyɔ alẽgbalẽawo dzi.
Harás también para el Tabernáculo un cobertor de pieles de carneros teñidas de rojo, y por encima un cobertor de pieles de tejones.
15 “Tsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo.
También harás para el Tabernáculo tablones de madera de acacia para ponerlos de modo vertical.
16 Ʋuƒo siwo woatu anyi la nadidi mita ene, eye woakeke sentimita blaade-vɔ-ade.
La longitud de cada tablón será de 4,5 metros, y de 67,5 centímetros la anchura de cada tablón.
17 Ɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie.
Cada tablón tendrá dos espigas para unirlas la una con la otra. De igual manera harás con todos los tablones del Tabernáculo.
18 Ʋuƒo blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo.
Harás, pues, los tablones para el Tabernáculo: 20 tablones para el lado sur.
19 Woatsɔ klosalo awɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nanɔ ati ɖe sia ɖe te.
Harás 40 basas de plata debajo de los 20 tablones: dos basas debajo de cada tablón para sus dos espigas en ambos lados.
20 Sɔti blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe anyiehe gome hã.
Para el lado norte del Tabernáculo, 20 tablones
21 Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nanɔ sɔtiawo te, eve nanɔ ɖe sia ɖe te.
y sus 40 basas de plata: dos basas debajo de cada tablón.
22 Sɔti ade nanɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe,
Para el lado posterior del Tabernáculo, al occidente, harás seis tablones.
23 eye sɔti eve nanɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi.
Además harás dos tablones para las esquinas posteriores del Tabernáculo.
24 Woatsɔ sikasigɛwo alé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa.
Estarán perfectamente unidos desde abajo hasta arriba por medio de un aro. Así se hará con los dos tablones para las dos esquinas.
25 Ale sɔti enyi nanɔ agbadɔ la ƒe akpa ma lɔƒo: klosalofɔti wuiade nanɔ wo te. Ale klosalofɔti eve nanɔ ʋuƒo ɖe sia ɖe te.
Serán ocho tablones, con sus basas de plata, 16 basas: dos basas debajo de cada tablón.
26 “Dze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nanɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi;
Harás también cinco travesaños de madera de acacia para los tablones de un lado del Tabernáculo,
27 gameti atɔ̃ hã na sɔti siwo le agbadɔ la ƒe akpa evelia kple gameti atɔ̃ na ʋuƒo siwo le ɣetoɖoƒe lɔƒo le agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ɖaa.
y cinco para el otro lado, y cinco travesaños para el lado posterior del Tabernáculo, hacia el occidente.
28 Na daɖedzi titinatɔwo nade nu wo nɔewo me aƒo xlã agbadɔ blibo la.
El travesaño del medio atravesará los tablones por el centro, de un extremo al otro.
29 Fa sika ɖe ʋuƒoawo ŋu nàtsɔ sika awɔ gaviwo be woalé ʋuƒoawo, eye nàfa sika ɖe daɖedziawo hã ŋuti.
Recubrirás los tablones y los travesaños de oro. Harás sus argollas de oro para meter las barras por ellas.
30 Tu agbadɔ la ɖe nɔnɔme si mefia wò le to la dzi la nu pɛpɛpɛ.
Levantarás el Tabernáculo conforme al modelo que te fue mostrado en la Montaña.
31 “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmetsovɔ, eye nàna aɖaŋudɔwɔla nyuitɔ nalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme.
Harás también un velo de [tela] azul, púrpura, carmesí y lino torcido. Se hará de obra primorosa, con querubines.
32 Tsi xɔmetsovɔ sia ɖe sɔti ene siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, ɖe sikagatagbadzɛ ene ŋu. Na sɔti ɖe sia ɖe nanɔ afɔti ene siwo wowɔ kple klosalo la dzi.
Lo pondrás sobre cuatro columnas de madera de acacia recubiertas de oro, y sus capiteles de oro, sobre basas de plata.
33 Tsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ eneawo ŋu. Tsɔ Aɖaka si me kpe siwo dzi woŋlɔ Mawu ƒe seawo ɖo la da ɖe xɔmetsovɔ sia megbe. Xɔmetsovɔ la ama Kɔkɔeƒe la ɖa tso Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔ.
Colgarás el velo de los capiteles. Allí detrás del velo pondrás el Arca del Testimonio. El velo les hará separación entre el Lugar Santo y el Lugar Santísimo.
34 “Azɔ la, tsɔ amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye Aɖaka la ƒe sikanutunu la da ɖe Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la.
Pondrás el Propiciatorio sobre el Arca del Testimonio en el Lugar Santísimo.
35 Tsɔ kplɔ̃ la da ɖe xɔmetsovɔ la godo le agbadɔ la ƒe anyiehe gome, eye akaɖiti la nadze ŋgɔe le dziehe gome.
Fuera del velo pondrás la mesa. El candelabro estará frente a la mesa al lado sur del Tabernáculo. La mesa estará en el lado norte.
36 “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ aɖaŋutɔe kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ kɔkɔe la.
Para la entrada del Tabernáculo harás una cortina de [tela] azul, púrpura, carmesí y lino torcido, obra de hábil bordador.
37 Tsi xɔmemɔnuvɔ sia ɖe akasiati la ƒe sɔti atɔ̃ siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, eye nàtsɔ akɔbli awɔ zɔ atɔ̃ ɖe wo te.”
Para la cortina harás cinco columnas de madera de acacia recubiertas de oro. Sus capiteles serán de oro. Fundirás para ellos cinco basas de bronce.

< Mose 2 26 >