< Mose 2 25 >
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
耶和华晓谕摩西说:
2 “Gblɔ na Israelviwo be ame sia ame si alɔ̃ la, natsɔ nunana siawo dometɔ aɖewo vɛ nam.
“你告诉以色列人当为我送礼物来;凡甘心乐意的,你们就可以收下归我。
3 “Sika, klosalo, akɔbli,
所要收的礼物:就是金、银、铜,
4 avɔ si nye blɔtɔ, avɔ dzĩ, aklala, gbɔ̃fuwo,
蓝色、紫色、朱红色线,细麻,山羊毛,
5 agbogbalẽ si wode ama dzĩ, gbɔ̃gbalẽ, akasiati,
染红的公羊皮,海狗皮,皂荚木,
6 ami na akaɖiwo, amiʋeʋĩ hena amisisi kple numeme ʋeʋĩ,
点灯的油并做膏油和香的香料,
7 onikskpe siwo woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu ŋu,
红玛瑙与别样的宝石,可以镶嵌在以弗得和胸牌上。
8 elabena medi be Israelviwo natu nɔƒe kɔkɔe aɖe nam, afi si manɔ le wo dome.
又当为我造圣所,使我可以住在他们中间。
9 “Nye nɔƒe sia anye agbadɔ. Mafia ale si nàtui kple nu siwo nàtsɔ aɖo atsyɔ̃ nɛ la wò.
制造帐幕和其中的一切器具都要照我所指示你的样式。”
10 “Tsɔ akasiati nàkpa aɖaka wòadidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, wòakeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade.
“要用皂荚木做一柜,长二肘半,宽一肘半,高一肘半。
11 Fa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye nàtsɔ sika nyuitɔ ke amli ɖe aɖaka la togawo kpe ɖo.
要里外包上精金,四围镶上金牙边。
12 Wɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye nàklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔ̃dɔ̃e eve nanɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe.
也要铸四个金环,安在柜的四脚上;这边两环,那边两环。
13 Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa sika nyuitɔ ɖe wo ŋu.
要用皂荚木做两根杠,用金包裹。
14 Tsɔ wo ƒo ɖe asigɛ eve siwo le aɖaka la ƒe axa ɖeka dzi la me hena aɖaka la tsɔtsɔ.
要把杠穿在柜旁的环内,以便抬柜。
15 Womaɖe ati siawo le sikasigɛawo me o, ke boŋ woanɔ wo me ɖaa.
这杠要常在柜的环内,不可抽出来。
16 Ekema nàtsɔ nubabla si matsɔ na wò la ade aɖaka la me.
必将我所要赐给你的法版放在柜里。
17 Tsɔ sika nyuitɔ wɔ nublanuikpɔkpɔzikpui si adidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòakeke sentimita blaadre-vɔ-ade.
要用精金做施恩座,长二肘半,宽一肘半。
18 Tsɔ sika wɔ kerubi eve, eye nàklã wo ɖe nutunu la ƒe didime ƒe nuwo.
要用金子锤出两个基路伯来,安在施恩座的两头。
19 Wɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye ɖeka anɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka.
这头做一个基路伯,那头做一个基路伯,二基路伯要接连一块,在施恩座的两头。
20 Kerubiawo adze ŋgɔ wo nɔewo, eye woanɔ amenuvevezikpui la gbɔ kpɔm. Woakeke woƒe aʋalãwo ɖe sikanutunu la dzi.
二基路伯要高张翅膀,遮掩施恩座。基路伯要脸对脸,朝着施恩座。
21 Tsɔ nutunu la tu aɖaka la nu, eye nàtsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ seawo ɖo siwo matsɔ na wò la de aɖaka la me.
要将施恩座安在柜的上边,又将我所要赐给你的法版放在柜里。
22 Mado go wò le afi ma, aƒo nu kpli wò le amenuvevezikpui la tame, le kerubi eve siwo le nubablaɖaka tame la dome, eye matsɔ nubablakpe siwo dzi meŋlɔ nye sededewo na Israelviwo ɖo la na wò.
我要在那里与你相会,又要从法柜施恩座上二基路伯中间,和你说我所要吩咐你传给以色列人的一切事。”
23 “Emegbe la, nàtsɔ akasiati akpa kplɔ̃ wòadidi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, akeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade.
“要用皂荚木做一张桌子,长二肘,宽一肘,高一肘半。
24 Fa sika nyuitɔ ɖe edzi, eye nàfa sika ɖe eto.
要包上精金,四围镶上金牙边。
25 Tsɔ akasiati si keke milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ la ɖo kplɔ̃ la to kpe ɖo, eye nàtsɔ sika afa ɖe akasiati la to.
桌子的四围各做一掌宽的横梁,横梁上镶着金牙边。
26 Wɔ sikasigɛ ene na kplɔ̃ la, eye nàklã wo ɖe kplɔ̃ la ƒe axa eneawo dzi, woate ɖe afɔti eneawo ŋu.
要做四个金环,安在桌子的四角上,就是桌子四脚上的四角。
27 Asigɛawo nate ɖe kplɔ̃ la ƒe to lɔƒo be woatsɔ atiwo ade asigɛawo me hena kplɔ̃ la kɔkɔ.
安环子的地方要挨近横梁,可以穿杠抬桌子。
28 Tsɔ akasiati wɔ kplɔ̃kɔtiawo, eye nàfa sika ɖe wo ŋu.
要用皂荚木做两根杠,用金包裹,以便抬桌子。
29 Wɔ sikagbawo, sikagatsiwo, nutɔgbawo, goewo kple trewo, nu siwo ŋu dɔ wowɔna le kplɔ̃a dzi,
要做桌子上的盘子、调羹,并奠酒的爵和瓶;这都要用精金制作。
30 eye nàtsɔ Ŋkumeɖobolo tɔxɛ ada ɖe kplɔ̃ la dzi le nye ŋkume ɣe sia ɣi.
又要在桌子上,在我面前,常摆陈设饼。”
31 “Tsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Na akaɖiti blibo la nanye nu ɖeka; ele be woatu akaɖiti la ƒe afɔwo, eƒe titinati diditɔ, akaɖiawo kple seƒoƒoawo nanye nu blibo ɖeka.
“要用精金做一个灯台。灯台的座和干与杯、球、花,都要接连一块锤出来。
32 “Alɔ ade nanɔ akaɖiti la ƒe axawo dzi, etɔ̃ nanɔ akaɖiti la ƒe axawo kple eve dzi.
灯台两旁要杈出六个枝子:这旁三个,那旁三个。
33 Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo siwo katã le akaɖiti la kɔgo ŋu.
这旁每枝上有三个杯,形状像杏花,有球,有花;那旁每枝上也有三个杯,形状像杏花,有球,有花。从灯台杈出来的六个枝子都是如此。
34 Kplu ene siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo si do, eye wòke ene la nanɔ akaɖiti la dzi.
灯台上有四个杯,形状像杏花,有球,有花。
35 Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nanɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade.
灯台每两个枝子以下有球与枝子接连一块。灯台出的六个枝子都是如此。
36 Ele be woawɔ atsyɔ̃ɖonuawo kple alɔdzeawo kple titinati didi la siaa kple sika nyuitɔ woanye nu blibo ɖeka.
球和枝子要接连一块,都是一块精金锤出来的。
37 Le esia megbe la, wɔ akaɖi adre na akaɖiti la, eye nàna woaklẽ ɖe ŋgɔ.
要做灯台的七个灯盏。祭司要点这灯,使灯光对照。
38 Tsɔ sika nyuitɔ wɔ ɖovulãnuwo, eye nàtsɔ eya ke awɔ agba vi siwo me woada wo ɖo la.
灯台的蜡剪和蜡花盘也是要精金的。
39 Sika nyuitɔ si ŋu dɔ woawɔ na akaɖiti la kple eŋunuwo la ƒe kpekpeme nade kilogram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃.
做灯台和这一切的器具要用精金一他连得。
40 “Kpɔ egbɔ be nu sia nu sɔ ɖe nu si mele fiawòm le toa dzi la dzi tututu.”
要谨慎做这些物件,都要照着在山上指示你的样式。”