< Mose 2 24 >

1 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron, Nadab kple Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadre, eye mialia to la. Ame mamlɛawo anɔ adzɔge, eye woasubɔm.
又モーセに言たまひけるは汝アロン、ナダブ、アビウおよびイスラエルの七十人の長老とともにヱホバの許に上りきたれ而して汝等遥にたちて拝むべし
2 Wò, Mose, koe ate ɖe ŋunye. Ɖo ŋku edzi be Israelvi bubuawo mekpɔ mɔ alia to la kura o.”
モーセ一人ヱホバに近づくべし彼等は近るべからず又民もかれとともに上るべからず
3 Mose ɖe gbeƒã se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa de asi nɛ la na dukɔ la. Ameawo katã ɖo eŋu kple gbe ɖeka be, “Míawɔ seawo katã dzi.”
モーセ來りてヱホバの諸の言およびその諸の典例を民に告しに民みな同音に應て云ふヱホバの宣ひし言は皆われらこれを爲べし
4 Mose ŋlɔ Yehowa ƒe seawo katã da ɖi. Esi ŋu ke ŋdi kanya la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe to la te, eye wòɖo dzesidekpe wuieve ƒo xlã vɔsamlekpui la, elabena to wuievee wɔ Israel dukɔ la.
モーセ、ヱホバの言をことごとく書記し朝夙に興いでて山の麓に壇を築きイスラエルの十二の支派にしたがひて十二の柱を建て
5 Le esia megbe la, eɖo Israelvi ɖekakpui aɖewo ɖa be woasa numevɔsa eye woatsɔ nyitsuwo awɔ akpedavɔsa na Yehowa.
而してイスラエルの子孫の中の少き人等を遣はしてヱホバに燔祭を献げしめ牛をもて酬恩祭を供へしむ
6 Mose kɔ vɔsalã siawo ƒe ʋu ƒe afã ɖe zewo me, eye wòhlẽ afã mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu.
モーセ時にその血の半をとりて鉢に盛れ又その血の半を壇の上に灌げり
7 Mose tsɔ agbalẽ si me nublanyawo le eye wòxlẽe na ameawo, eye ameawo gagblɔ be, “Míawɔ nu sia nu si Yehowa gblɔ na mi la, eye míalé eme ɖe asi.”
而して契約の書をとりて民に誦きかせたるに彼ら應へて言ふヱホバの宣ふ所は皆われらこれを爲て遵ふべしと
8 Mose ku lãwo ƒe ʋu tso zeawo me hlẽ ɖe ameawo dome hegblɔ be, “Ʋu sia ɖo kpe nubabla si Yehowa wɔ kpli mí to Se siawo nana mí me la dzi, eye wòtre nubabla la nu.”
モーセすなはちその血をとりて民に灌ぎて言ふ是すなはちヱホバが此諸の言につきて汝と結たまへる契約の血なり
9 Le esia megbe la, Mose, Aron, Nadab, Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadreawo lia to la.
斯てモーセ、アロン、ナダブ、アビウおよびイスラエルの七十人の長老のぼりゆきて
10 Wokpɔ Israel ƒe Mawu la. Teƒe si wòtsi tsitre ɖo la dze abe safirkpe keklẽ siwo me kɔ abe dziŋgɔli me la ene.
イスラエルの神を見るにその足の下には透明れる靑玉をもて作れるごとき物ありて耀ける天空にさも似たり
11 Togbɔ be Israel ƒe ametsitsiwo kpɔ Mawu hã la, metsrɔ̃ wo o. Emegbe la, woɖu nu kple wo nɔewo le eŋkume.
神はイスラエルの此頭人等にその手をかけたまはざりき彼等は神を見又食飮をなせり
12 Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Va gbɔnye le to la dzi, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime matsɔ Se siwo meŋlɔ ɖe kpewo dzi la ana wò, ale be nàte ŋu akpɔ wo dzi, afia seawo dukɔ la.”
茲にヱホバ、モーセに言たまひけるは山に上りて我に來り其處にをれ我わが彼等を敎へんために書しるせる法律と誡命を載るところの石の板を汝に與へん
13 Ale Mose kple eƒe kpeɖeŋutɔ, Yosua lia Mawu ƒe to la.
モーセその從者ヨシユアとともに起あがりモーセのぼりて神の山に至る
14 Mose gblɔ na ametsitsiawo be, “Minɔ afi sia, eye mialala mí va se ɖe esime míatrɔ agbɔ. Ne nya sesẽ aɖe ado ta ɖa la, ekema mitsɔ nya la ɖo Aron kple Hur ŋkume.”
時に彼長老等に言けるは我等の汝等に歸るまで汝等は此に待ちをれ視よアロンとホル汝等とともに在り凡て事ある者は彼等にいたるべし
15 Mose lia to la, eye wòbu ɖe lilikpowo me le to la tame.
而してモーセ山にのぼりしが雲山を蔽ひをる
16 Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe Sinai to la dzi, eye lilikpo la tsyɔ to la dzi ŋkeke ade. Le ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa yɔ Mose tso lilikpo la me.
すなはちヱホバの榮光シナイ山の上に駐りて雲山を蔽ふこと六日なりしが七日にいたりてヱホバ雲の中よりモーセを呼たまふ
17 Israelvi siwo nɔ to la te la kpɔ nu dziŋɔ sia teƒe. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na wo le toa tame abe dzo bibi ene.
ヱホバの榮光山の嶺に燃る火のごとくにイスラエルの子孫の目に見えたり
18 Mose bu ɖe lilikpo si tsyɔ to la tame la me, eye wònɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene.
モーセ雲の中に入り山に登りモーセ四十日四十夜山に居る

< Mose 2 24 >