< Mose 2 22 >

1 “Ne ame aɖe fi nyi alo alẽ, eye wòwui alo dzrae la, ele be fiafitɔ la natsɔ nyi atɔ̃ aɖo nyi ɖeka si wòfi la teƒe, eye wòatsɔ alẽ ene aɖo alẽ ɖeka teƒe.
"If a man steals an ox or a sheep, and kills it, or sells it; he shall pay five oxen for an ox, and four sheep for a sheep.
2 “Ne wolé fiafitɔ aɖe wònɔ gegem ɖe ame aɖe ƒe aƒe me be yeafi fi le zã me, eye wowui la, amewula la medze agɔ o.
If the thief is found breaking in, and is struck so that he dies, there shall be no guilt of bloodshed for him.
3 Ke ne nya sia dzɔ le ŋkeke me la, ekema woatsɔe abe amewuwu ene, eye ame si wui la dze agɔ. “Ne wolé fiafitɔ aɖe la, ele be wòaɖo nu si wòfi la teƒe pɛpɛpɛ. Ne mete ŋui o la, ekema ele be woadzrae wòazu kluvi ɖe fe la nu.
If the sun has risen on him, there shall be guilt of bloodshed for him; he shall make restitution. If he has nothing, then he shall be sold for his theft.
4 “Ne wolée wòle nyi, tedzi, alẽ alo nu bubu aɖe fim la, ele be wòaxe nu si fim wòle la ƒe home teƒe eve.
If the stolen property is found in his hand alive, whether it is ox, donkey, or sheep, he shall pay double.
5 “Ne ame aɖe nya hafi ɖe asi le eƒe lã aɖe ŋu wòge ɖe ame bubu ƒe waingble me alo wòna wòyi ame bubu ƒe lãwo ƒe gbeɖuƒe la, ele be wòatsɔ eƒe agblemenuku nyuitɔwo aɖo nu siwo eƒe lã la gblẽ la teƒe wòasɔ gbɔ ade nugbegblẽ la nu.
"If a man causes a field or vineyard to be eaten, and lets his animal loose, and it grazes in another man's field, he shall make restitution from his own field according to his produce; and if he shall have grazed over the whole field, he shall make restitution from the best of his own field, and from the best of his own vineyard.
6 “Ne ame aɖe tɔ dzo gbe le eƒe anyigba dzi, eye dzo la yi ɖabi agblemenuku siwo woxa da ɖi loo alo esiwo womexa haɖe o le ame bubu ƒe agble me la, ele be ame si tɔ dzo gbea la naxe fe ɖe nu siwo katã dzo la gblẽ la ta.
"If fire breaks out, and catches in thorns so that the shocks of grain, or the standing grain, or the field are consumed; he who kindled the fire shall surely make restitution.
7 “Ne ame aɖe tsɔ ga alo adzɔnuwo na ame aɖe be wòadzra ɖo na ye eye wofi wo la, ne wolé fiafitɔ la la, ele be wòaxe nu si wòfi la ƒe home teƒe eve.
"If a man delivers to his neighbor money or stuff to keep, and it is stolen out of the man's house; if the thief is found, he shall pay double.
8 Ke ne womenya fiafitɔ la o la, ekema woakplɔ ame si si wotsɔ ga la alo adzɔnuawo dee la ayi Mawu ŋkume be Mawu naɖee afia nenye eya ŋutɔe fi nɔvia ƒe nuawo loo alo menye eyae o.
If the thief isn't found, then the master of the house shall come near to God, to find out if he hasn't put his hand to his neighbor's goods.
9 “Le go ɖe sia ɖe si me ne nyi, tedzi, alẽ, awu, avɔ alo nu bubu aɖe bu, eye nutɔ xɔe se be yekpɔe le ame bubu aɖe si eye amea sẽ nu la, ame eve siawo ado ɖe Mawu ŋkume be Mawu natso nya me. Ame si Mawu bu fɔe la axe nu bubu la ƒe fe teƒe eve na ame evelia.
For every matter of trespass, whether it be for ox, for donkey, for sheep, for clothing, or for any kind of lost thing, about which one says, 'This is mine,' the cause of both parties shall come before God. He whom God condemns shall pay double to his neighbor.
10 “Ne ame aɖe tsɔ tedzi, nyi, alẽ alo lã bubu aɖe na nɔvia be wòakpɔ edzi na ye, eye lã la ku, alo nuvevi wɔe alo wòsi, eye ame aɖeke menya nu si tututue wɔe, eye woate ŋu aɖi ɖase le eŋu o la,
"If a man delivers to his neighbor a donkey, an ox, a sheep, or any animal to keep, and it dies or is injured, or driven away, no man seeing it;
11 ekema lã la dzi kpɔla aka atam na Yehowa be menye yee fii o. Ele na nutɔ la be wòaxɔ atamkaka sia, eye teƒeɖoɖo aɖeke manɔ anyi o.
the oath of God shall be between them both, whether he hasn't put his hand to his neighbor's goods; and its owner shall accept it, and he shall not make restitution.
12 Ke nenye ɖe wofi lã la alo nua la, ekema ele be dzikpɔla la naɖo eteƒe na nutɔ.
But if it is stolen from him, he shall make restitution to its owner.
13 Nenye lã wɔadã aɖee wui la, ekema ele be dzikpɔla la natsɔ lã la ƒe kukua vɛ abe ɖaseɖiɖi kple kpeɖodzi ene. Ekema teƒeɖoɖo aɖeke mahiã o.
If it is torn in pieces, let him bring it for evidence. He shall not make good that which was torn.
14 “Ne ame aɖe ɣe nɔvia ƒe lã alo nu bubu aɖe, eye nuvevi wɔ lã la alo wòku la, ne nutɔ menɔ afi ma ɣe ma ɣi o la, ekema ele be ame si ɣee la naxe fe ɖe eta.
"If a man borrows anything of his neighbor's, and it is injured, or dies, its owner not being with it, he shall surely make restitution.
15 Ke ne nutɔ le teƒea la, womaxe fe aɖeke nɛ o. Nenye be ɖe wòɣe lã la be yeanɔ fe xem ɖe eta la, ekema mele be wòaxe fe bubu aɖeke na nutɔ o, elabena wobu lã la ƒe ku kple nuvevi si ate ŋu awɔe la ŋu hafi ƒo asi la.
If its owner is with it, he shall not make it good. If it is a leased thing, it came for its lease.
16 “Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnuvi aɖe si ŋugbe womedo na ŋutsu aɖeke o gbɔ la, ele be ŋutsu la natsɔ tabianuwo na edzilawo, eye wòaɖe nyɔnuvi la.
"If a man entices a virgin who isn't pledged to be married, and lies with her, he shall surely pay a dowry for her to be his wife.
17 Ke ne nyɔnuvi la fofo gbe gbidigbidi be ye vi maɖe ŋutsu la o hã la, ele be ŋutsu la nana tabianuawo kokoko.
If her father utterly refuses to give her to him, he shall pay money according to the dowry of virgins.
18 “Ele be woawu nyɔnu si nye nukala la.
"You shall not allow a sorceress to live.
19 “Ele be woawu ŋutsu si dɔ lã aɖe gbɔ la kokoko.
"Whoever has sex with an animal shall surely be put to death.
20 “Ele be woawu ame sia ame si sa vɔ na mawu, si menye Yehowa o la godoo.
"He who sacrifices to another god, except to Jehovah only, shall be utterly destroyed.
21 “Mele be miate amedzro aɖeke ɖe to le go aɖeke me o; miɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi.
"You shall not wrong a foreigner, neither shall you oppress him, for you were foreigners in the land of Egypt.
22 “Mele be miaba ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo o.
"You shall not take advantage of any widow or fatherless child.
23 Ne mieba wo le mɔ aɖe nu, eye wodo ɣli bia nye kpekpeɖeŋu la, makpe ɖe wo ŋu godoo.
If you take advantage of them at all, and they cry at all to me, I will surely hear their cry;
24 Ekema mado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye mana futɔwo ƒe aʋakɔwo nawu mi ale be mia srɔ̃wo nazu ahosiwo, eye mia viwo nazu tsyɔ̃eviwo.
and my wrath will grow hot, and I will kill you with the sword; and your wives shall be widows, and your children fatherless.
25 “Ne nɔviwò Hebritɔ aɖe le xaxa me, eye nèdo ga nɛ la, mele be nàxɔ deme le esi abe ale si nàxɔ le ame bubu si ene o.
"If you lend money to any of my people with you who is poor, you shall not be to him as a creditor; neither shall you charge him interest.
26 Ne èxɔ eƒe avɔ abe awɔbanu ene la, ele be nàgbugbɔe nɛ le fiẽ me,
If you take your neighbor's garment as collateral, you shall restore it to him before the sun goes down,
27 elabena ɖewohĩ avɔ ma koe nye vuvɔxenu le esi. Aleke wòate ŋu adɔ alɔ̃e ne avɔ la mele esi o? Ne mètrɔ avɔ la nɛ o, eye wòdo ɣli bia nye xɔname la, masee, eye mave enu, elabena amenuvelae menye.
for that is his only covering, it is his garment for his skin. What would he sleep in? It will happen, when he cries to me, that I will hear, for I am gracious.
28 “Mègado vlo wò Mawu o eye mègaƒo fi de wò dukɔ ƒe kplɔlawo o.
"You shall not blaspheme God, nor curse a ruler of your people.
29 “Ele be nàtsɔ wò agblemenukuwo kple wò wain ƒe ewolia nam. “Nàƒle wò viŋutsuvi ŋgɔgbetɔ ta. Mègahe nu siawo wɔwɔ ɖe megbe o.
"You shall not delay to offer from your harvest and from the outflow of your presses. "You shall give the firstborn of your sons to me.
30 “Na wò nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo nanɔ wo dadawo gbɔ ŋkeke adre, eye nàtsɔ wo nam le ŋkeke enyilia gbe.
You shall do likewise with your cattle and with your sheep. Seven days it shall be with its mother, then on the eighth day you shall give it to me.
31 “Esi miele kɔkɔe, eye mienye nye dukɔ tɔxɛ ta la, migaɖu lã aɖeke si lã wɔadã aɖe wu o. Migblẽ lã sia ƒe kukua ɖi na avuwo woaɖu.”
"You shall be holy men to me, therefore you shall not eat any flesh that is torn by animals in the field. You shall cast it to the dogs.

< Mose 2 22 >