< Mose 2 20 >

1 Eye Mawu gblɔ nya siawo be:
And the Lord spoke all these words:
2 “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi.
I am the Lord thy God, who brought thee out of the land of Egypt, out of the house of bondage.
3 “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.
Thou shalt not have strange gods before me.
4 Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò ɖe nu siwo le dziƒo alo le anyigba dzi alo le atsiaƒu me la ƒe nɔnɔme me o.
Thou shalt not make to thyself a graven thing, nor the likeness of any thing that is in heaven above, or in the earth beneath, nor of those things that are in the waters under the earth.
5 Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi,
Thou shalt not adore them, nor serve them: I am the Lord thy God, mighty, jealous, visiting the iniquity of the fathers upon the children, unto the third and fourth generation of them that hate me:
6 Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi.
And shewing mercy unto thousands to them that love me, and keep my commandments.
7 Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.
Thou shalt not take the name of the Lord thy God in vain: for the Lord will not hold him guiltless that shall take the name of the Lord his God in vain.
8 Ɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe.
Remember that thou keep holy the sabbath day.
9 Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me.
Six days shalt thou labour, and shalt do all thy works.
10 Ke ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mele be wò ŋutɔ, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu, wò kluvi alo wò kosi, wò nyi alo wò amedzro gɔ̃ hã nawɔ dɔ aɖeke ƒomevi gbe ma gbe o,
But on the seventh day is the sabbath of the Lord thy God: thou shalt do no work on it, thou nor thy son, nor thy daughter, nor thy manservant, nor thy maidservant, nor thy beast, nor the stranger that is within thy gates.
11 elabena le ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adrelia gbe, eya ta Yehowa yra Dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.
For in six days the Lord made heaven and earth, and the sea, and all things that are in them, and rested on the seventh day: therefore the Lord blessed the seventh day, and sanctified it.
12 Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.
Honour thy father and thy mother, that thou mayest be longlived upon the land which the Lord thy God will give thee.
13 Mègawu ame o.
Thou shalt not kill.
14 Mègawɔ ahasi o.
Thou shalt not commit adultery.
15 Mègafi fi o.
Thou shalt not steal.
16 Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋuti o.
Thou shalt not bear false witness against thy neighbour.
17 Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe, alo srɔ̃a alo eƒe dɔlaŋutsu alo dɔlanyɔnu alo eƒe nyiwo alo eƒe tedziwo loo alo nu sia nu si nye etɔ la ƒe ɖeke ŋu o.”
Thou shalt not covet thy neighbour’s house: neither shalt thou desire his wife, nor his servant, nor his handmaid, nor his ox, nor his ass, nor any thing that is his.
18 Ameawo katã kpɔ dzikedzo kple dzudzɔ si nɔ tutum le to la me. Wose dziɖegbe la kple kpẽkuku didi dziŋɔ la. Wotsi tsitre ɖe adzɔge henɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃.
And all the people saw the voices and the flames, and the sound of the trumpet, and the mount smoking: and being terrified and struck with fear, they stood afar off,
19 Wogblɔ na Mose be, “Wò boŋ gblɔ nya si Mawu le gbɔgblɔm la na mí, eye míawɔ edzi. Ke mègana Mawu ŋutɔ naƒo nu na mí o; ne menye nenema o la, ava wu mí.”
Saying to Moses: Speak thou to us, and we will hear: let not the Lord speak to us, lest we die.
20 Mose gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, elabena Mawu va le nɔnɔme sia me be yeaɖe yeƒe ŋusẽ dziŋɔ la afia mi, ale be tso azɔ dzi yina la, miagawɔ nu vɔ̃ o.”
And Moses said to the people: Fear not: for God is come to prove you, and that the dread of him might be in you, and you should not sin.
21 Le esime ameawo le tsitre ɖe adzɔge la, Mose ge ɖe blukɔ si me Mawu nɔ la me.
And the people stood afar off. But Moses went to the dark cloud wherein God was.
22 Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Miawo ŋutɔ miekpɔe be meɖe nye lɔlɔ̃nu fia mi tso dziƒo.
And the Lord said to Moses: Thus shalt thou say to the children of Israel: You have seen that I have spoken to you from heaven.
23 Miɖo ŋku edzi be miekpɔ mɔ awɔ legba aɖeke kple klosalo alo sika alo kple nu bubu aɖeke asubɔ o!
You shall not make gods of silver, nor shall you make to yourselves gods of gold.
24 “‘Mitsɔ anyi ɖi vɔsamlekpuiwo nam. Miwɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo kple alẽwo kple nyiwo le wo dzi nam. Miɖi vɔsamlekpuiwo ɖe teƒe siwo mafia mi la ko, eye mava yra mi le teƒe mawo.
You shall make an altar of earth unto me, and you shall offer upon it your holocausts and peace offerings, your sheep and oxen, in every place where the memory of my name shall be: I will come to thee, and will bless thee.
25 Miate ŋu aɖi vɔsamlekpuiwo kple kpewo hã, gake miwɔ kpe siwo womekpa alo fu o la ko ŋu dɔ. Migakpa kpeawo kple dɔwɔnu aɖeke o, elabena ne miekpa wo la, womagadze be woawɔ wo ŋu dɔ hena vɔsamlekpuiɖiɖi nam o.
And if thou make an altar of stone unto me, thou shalt not build it of hewn stones: for if thou lift up a tool upon it, it shall be defiled.
26 Mègawɔ atrakpuiwo ɖe vɔsamlekpui la ŋu o. Ne èwɔ wo, eye nèlia wo la, ame aɖe ate ŋu awu mo dzi, eye wòakpɔ wò amame to wò awu ʋlaya la te.’
Thou shalt not go up by steps unto my altar, lest thy nakedness be discovered.

< Mose 2 20 >