< Mose 2 2 >
1 Ŋutsu aɖe si nye Levitɔ la ɖe nyɔnu aɖe si hã nye Levitɔ.
有一個利未家的人娶了一個利未女子為妻。
2 Nyɔnu la fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Esi nyɔnu la kpɔ be ye viŋutsu la dze ɖeka ŋutɔ la, eɣlae ɖe aƒe me ɣleti etɔ̃.
那女人懷孕,生一個兒子,見他俊美,就藏了他三個月,
3 Ke esi wòkpɔ be yemagate ŋu aɣlae wòadidi wu nenema o la, etsɔ aƒla lɔ̃ kusi, eye wòsi aŋɔ ɖe eme ale be tsi mate ŋu age ɖe eme o. Ekɔ ɖevi la mlɔ kusi la me, eye wòtsɔe ɣla ɖe aƒla siwo le Nil tɔsisi la to la me.
後來不能再藏,就取了一個蒲草箱,抹上石漆和石油,將孩子放在裏頭,把箱子擱在河邊的蘆荻中。
4 Ena vidzĩ la nɔvinyɔnu nɔ adzɔge vie ale be wòakpɔ nu si ava dzɔ ɖe ɖevi la dzi.
孩子的姊姊遠遠站着,要知道他究竟怎麼樣。
5 Nu si va dzɔe nye be Fia Farao ƒe vinyɔnu, va tsi le ge le Nil tɔsisi la me. Esi eya kple eƒe dɔlanyɔnuwo nɔ zɔzɔm le tɔsisi la to la, ekpɔ kusi la le aƒlawo me. Edɔ eƒe dɔlanyɔnuawo dometɔ ɖeka ɖa be wòakɔe vɛ.
法老的女兒來到河邊洗澡,她的使女們在河邊行走。她看見箱子在蘆荻中,就打發一個婢女拿來。
6 Eʋu kusi la, eye wòkpɔ vidzĩ la le eme! Ɖevi la nɔ avi fam, nu sia wɔ dɔ ɖe fiavinyɔnu la dzi, eye wògblɔ be, “Ɖevi sia nye Hebri ŋutsuviawo dometɔ ɖeka.”
她打開箱子,看見那孩子。孩子哭了,她就可憐他,說:「這是希伯來人的一個孩子。」
7 Vidzĩ la nɔvinyɔnu te ɖe fiavinyɔnu la ŋu, eye wòbiae be, “Mayi ɖayɔ Hebri nyɔnuawo dometɔ ɖeka wòanyi ɖevi sia na wòa?”
孩子的姊姊對法老的女兒說:「我去在希伯來婦人中叫一個奶媽來,為你奶這孩子,可以不可以?」
8 Fiavinyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi!” Ale nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, eye wòyɔ vidzĩa dadaa vɛ!
法老的女兒說:「可以。」童女就去叫了孩子的母親來。
9 Fiavinyɔnu la gblɔ na vidzĩa dadaa be, “Kɔ vidzĩ sia yi aƒe me, na noe nam, eye maxe fe si adze ŋuwò la na wò!” Ale vidzĩ la dada kɔe yi aƒe me, eye wòkpɔ edzi nyuie.
法老的女兒對她說:「你把這孩子抱去,為我奶他,我必給你工價。」婦人就抱了孩子去奶他。
10 Esi ɖevi la tsi la, dadaa kɔe yi na Farao ƒe vinyɔnu la, eye wòzu Via ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Mose, si gɔmee nye “Tɔ mee woɖee tsoe,” elabena egblɔ be tsi mee yeɖee tsoe.
孩子漸長,婦人把他帶到法老的女兒那裏,就作了她的兒子。她給孩子起名叫摩西,意思說:「因我把他從水裏拉出來。」
11 Esi Mose tsi, eye wòzu ɖekakpui la, eɖi tsa gbe ɖeka be yeakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ fuwɔame kple teteɖeanyi si te wonɔ. Ekpɔ Egiptetɔ aɖe wòƒo nɔvia Hebritɔ aɖe ƒu anyi.
後來,摩西長大,他出去到他弟兄那裏,看他們的重擔,見一個埃及人打希伯來人的一個弟兄。
12 Mose tsa ŋku mlamlamla be yeaka ɖe edzi be ame aɖeke menɔ ye kpɔm o. Ewu Egiptetɔ la, eye wòɖii ɖe ke me.
他左右觀看,見沒有人,就把埃及人打死了,藏在沙土裏。
13 Ke esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa be yeaɖakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ Hebritɔ eve wonɔ kɔ dam, eye wòbia ame si di ge la be, “Nu kae nye esi wɔm nèle, hele wò ŋutɔ nɔviwò Hebritɔ ƒom ale?”
第二天他出去,見有兩個希伯來人爭鬥,就對那欺負人的說:「你為甚麼打你同族的人呢?」
14 Ŋutsu sia biae be, “Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèle didim be yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?” Vɔvɔ̃ ɖo Mose, elabena ebu xaa be, “Ɖewohĩ nu si mewɔ la le nyanya me na amewo.”
那人說:「誰立你作我們的首領和審判官呢?難道你要殺我,像殺那埃及人嗎?」摩西便懼怕,說:「這事必是被人知道了。」
15 Farao se nya la, eye wòɖe gbe be woalée, awui. Ke Mose si le Farao nu yi ɖe Midianyigba dzi, eye wònɔ anyi ɖe vudo aɖe to.
法老聽見這事,就想殺摩西,但摩西躲避法老,逃往米甸地居住。
16 Ɖetugbi adre, ame siwo nye Midian nunɔla ƒe vinyɔnuwo la va be yewoaku tsi ana yewo fofo ƒe alẽha.
一日,他在井旁坐下。米甸的祭司有七個女兒;她們來打水,打滿了槽,要飲父親的群羊。
17 Ke alẽkplɔla aɖewo va nya wo. Ale Mose tsi tsitre va xɔ na wo, eye wòna tsi woƒe alẽhawo.
有牧羊的人來,把她們趕走了,摩西卻起來幫助她們,又飲了她們的群羊。
18 Esi ɖetugbiawo trɔ yi aƒe me la, wo fofo, Reuel bia wo be, “Nu kae na miekpɔ tsi na alẽwo egbe ya kaba nenema?”
她們來到父親流珥那裏;他說:「今日你們為何來得這麼快呢?」
19 Woɖo eŋu nɛ be, “Egiptetɔ aɖee xɔ mí le alẽkplɔla mawo ƒe asi me, eye wòku tsi na míaƒe alẽhawo.”
她們說:「有一個埃及人救我們脫離牧羊人的手,並且為我們打水飲了群羊。」
20 Wo fofo gblɔ na wo be, “Nu ka ta miegblẽe ɖe afi ma ɖo? Miyi miakplɔe vɛ wòaɖu nu kpli mí.”
他對女兒們說:「那個人在哪裏?你們為甚麼撇下他呢?你們去請他來吃飯。」
21 Mose xɔ Reuel ƒe kpekpe la, eye wòlɔ̃ be yeanɔ egbɔ. Reuel tsɔ via si woyɔna be Zipora la nɛ wòɖe.
摩西甘心和那人同住;那人把他的女兒西坡拉給摩西為妻。
22 Wodzi ŋutsuvi ɖeka si wona ŋkɔe be Gersom si gɔmee nye “Amedzro,” elabena Mose gblɔ be, “Amedzroe menye le dzronyigba dzi.”
西坡拉生了一個兒子,摩西給他起名叫革舜,意思說:「因我在外邦作了寄居的。」
23 Le ƒe aɖewo megbe la, Egipte fia la ku. Israelviwo nɔ konyi fam henɔ hũu ɖem le woƒe kɔkutiwo te le woƒe kluvinyenye ta, eye wonɔ avi fam vevie le Mawu ŋkume. Woƒe avifafa ɖo Mawu gbɔ le dziƒo.
過了多年,埃及王死了。以色列人因做苦工,就歎息哀求,他們的哀聲達於上帝。
24 Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku eƒe ŋugbedodo na Abraham, Isak kple Yakob dzi.
上帝聽見他們的哀聲,就記念他與亞伯拉罕、以撒、雅各所立的約。
25 Ale Mawu kpɔ Israelviwo ƒe nublanui, eye wòtsɔ ɖe le eme na wo.
上帝看顧以色列人,也知道他們的苦情。