< Mose 2 19 >

1 Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ɣleti etɔ̃ megbe la, wova ɖo Sinai gbedzi.
Two months to the day after they left Egypt, the Israelites arrived at the Sinai desert.
2 Esi woho tso Refidim la, wova ɖo Sinai gbegbe la, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe afi ma le to la te.
They had set out from Rephidim, and after they entered the Sinai desert they camped there in front of the mountain.
3 Mose lia to la yi Mawu gbɔ, eye Yehowa yɔe tso to la dzi gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yakob ƒomeawo, eye ale nàɖe gbeƒãe na Israelviwoe nye esi,
Moses went up the mountain to God. The Lord spoke to Moses from the mountain, and told him, “This is what you are to say to the descendants of Jacob, the Israelites:
4 ‘Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ Egiptetɔwo kple ale si mekplɔ mi va ɖokuinye gbɔ abe ɖe metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋalãwo dzi ene.
‘You saw for yourselves what I did to the Egyptians, and how I carried you on eagles' wings, how I brought you to myself.
5 Azɔ la, ne miaɖo tom, eye miawɔ nye nubabla dzi la, mianye nye ame tiatiawo le xexemedukɔwo katã dome, elabena tɔnyee nye xexea me katã.
Now if you really obey what I say and keep the agreement with me, then out of all the nations you will be a special people that belong to me. While the whole world is mine,
6 Gawu la, mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe aɖe nam.’ Nya siawo nàgblɔ na Israelviwo.”
for me you will be a kingdom of priests, a holy nation.’ This is what you are to tell the Israelites.”
7 Esi Mose trɔ gbɔ tso to la dzi la, eyɔ kplɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na wo.
So Moses went back down and summoned the elders of the people, and presented to them everything the Lord had ordered him to say.
8 Wo katã wolɔ̃ ɖe edzi kple gbe ɖeka be, “Míawɔ nu sia nu si wòadi tso mía si be míawɔ.” Mose gblɔ nya si ameawo gblɔ la na Yehowa.
Everyone answered, “We promise to do everything the Lord says.” Then Moses took the people's answer back to the Lord.
9 Yehowa gblɔ na Mose be, “Mele gbɔwò va ge le lilikpo dodo aɖe me, ale be ameawo ŋutɔ nate ŋu ase nye gbe ne mele nu ƒom na wò, ekema woaxɔ dziwò ase ɣe sia ɣi.” Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.
The Lord told Moses, “Look! I'm going to come to you in a thick cloud so the people will hear me speaking with you and as a result they will always trust you.” Then Moses reported to the Lord what the people had said.
10 Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi dukɔ la gbɔ, eye nàkpɔ be ameawo le klalo na nye vava. Kɔ wo ŋuti egbe kple etsɔ, eye nàna woanya woƒe awuwo.
The Lord told Moses, “Go back down and prepare them spiritually today and tomorrow. They must wash their clothes
11 Ekema ŋkeke etɔ̃a gbe la, maɖi tso Sinai to la dzi le ame sia ame ŋkume.
and be ready on the third day because that is when the Lord will descend upon Mount Sinai in the full view of everyone.
12 Ɖo liƒo siwo ŋu ameawo magbɔ o la na wo. Gblɔ na wo be, ‘Mikpɔ nyuie be mialia to la alo aka asi eŋu gɔ̃ hã o. Ame sia ame si da le se sia dzi la dze na ku.
Set up a boundary for the people all around and warn them, ‘Watch out! Don't try to go up the mountain—don't even touch it! For anyone who touches the mountain will most certainly be killed. Don't touch any person or any animal that has touched the mountain.
13 Ame aɖeke maka asi sedzidala sia ŋu o, ke boŋ woaƒu kpee alo woatee kple da wòaku. Woawɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa nenema.’ Migate ɖe toa ŋu kura o va se ɖe esime miase lãdzokpẽ aɖe ƒe ɖiɖi zi ɖeka sesĩe. Ekema miaƒo ƒu ɖe to la te!”
Make sure they are stoned or shot with arrows—they must not be allowed to live.’ Only when there is a long blast on the ram's horn can the people come up the mountain.”
14 Ale Mose ɖi tso to la dzi va ameawo gbɔ. Ekɔ wo ŋuti, eye wonya woƒe awuwo.
Moses went down the mountain and prepared the people spiritually and they washed their clothes.
15 Mose gblɔ na wo be, “Midzra ɖo na Mawu ƒe vava le ŋkeke eve megbe. Migadɔ kple nyɔnu aɖeke o.”
He instructed the people, “Get ready for the third day, and don't be intimate with a woman.”
16 Le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi la, dzi de asi gbeɖeɖe kple dzokeke me ŋɔdzitɔe. Lilikpo dodo gã aɖe va dze ɖe to la dzi. Kpẽ aɖe ɖi sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe abe lãdzokpẽ ene, eye ame sia ame dzo nyanyanya kple vɔvɔ̃.
When morning came on the third day there was thunder and lightning, and a thick cloud covered the mountain. There was the very loud sound of a ram's horn, and everyone in the camp shook with fear.
17 Mose kplɔ wo tso woƒe agbadɔwo me be woado go Mawu; ena wotsi tsitre ɖe to la te.
Moses led the people out from the camp to meet God. They stood at the foot of the mountain.
18 Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe.
Smoke poured out over the whole of Mount Sinai because the Lord's presence had come down like fire. The smoke rose up like smoke from a furnace, and the whole mountain shook furiously.
19 Esi kpẽ la ƒe ɖiɖi ganɔ sesẽm ɖe edzi la, Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ aɖe.
As the sound of the ram's horn grew louder and louder, Moses spoke, and God answered him in a loud, thunderous voice.
20 Yehowa ɖi va Sinai to la tame. Eyɔ Mose be wòava to la dzi, eye Mose lia to la yi egbɔ.
The Lord descended on the top of Mount Sinai, and he called Moses to come up there. So Moses went up,
21 Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi ameawo gbɔ, eye nàde se na wo be ame aɖeke mekpɔ mɔ agbɔ liƒoawo dzi o. Mele be woava afi sia, adze agbagba be yewoakpɔm o. Ame si ake atse la aku.
and the Lord told him, “Go back down, and warn the people not to force their way across the boundary to try to come to the Lord or they will die.
22 Ele na nunɔla siwo ate ɖe Yehowa ŋu gɔ̃ hã be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti; ne menye nenema o la, Yehowa atsrɔ̃ wo.”
Even the priests, who come before the Lord, must prepare themselves spiritually, so that the Lord does not punish them.”
23 Mose ɖo nya sia ŋu na Yehowa be, “Ameawo mava Sinai toa dzi o, elabena ède se na wo be womekpɔ mɔ ava o. Ègblɔ nam be maɖo liƒowo ƒo xlã to la, eye mana ameawo nanya be womekpɔ mɔ ada ata liƒoawo o, elabena wotso teƒe si le liƒoawo godo la ɖi na wò.”
But Moses said to the Lord, “The people cannot come up Mount Sinai. You yourself warned us, ‘Set up a boundary around the mountain, and treat it as holy.’”
24 Ke Yehowa gagblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi, eye nàkplɔ Aron ɖe asi vɛ. Mègaɖe mɔ be nunɔlawo kple ameawo nagbɔ liƒoawo dzi be yewoava afi sia o. Ne wotee kpɔ la, matsrɔ̃ wo.”
The Lord told him, “Go down and bring Aaron back up with you. But the priests and the people must not force their way to come up to the Lord, or he will punish them.”
25 Ale Mose ɖi yi ameawo gbɔ, eye wògblɔ nya si Mawu gblɔ nɛ la na wo.
So Moses went down and explained to the people what the Lord had said.

< Mose 2 19 >