< Mose 2 18 >

1 Yetro, si nye Mose to, ame si nye Midian nunɔla la, se nu tso nukunu siwo Mawu wɔ na eƒe dukɔ Israel kple Mose kple ale si Yehowa ɖe wo tso Egipte la ŋuti.
Услыша же Иофор, иерей Мадиамский, тесть Моисеов, вся, елика сотвори Господь Израилю Своим людем, яко изведе Господь Израиля из Египта:
2 Esia ta Yetro kplɔ Mose srɔ̃ Zipora yi nɛ, elabena Mose ɖo srɔ̃a ɖe fofoa gbɔ.
и поя Иофор, тесть Моисеов, Сепфору, жену Моисеову, по отпущении ея,
3 Ekplɔ Mose ƒe viŋutsu eveawo hã yii. Via ŋutsuvi Gersom ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Amedzro,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Menɔ tsaglalã tsam le dzronyigba dzi.”
и два сына ея: имя единому от них Гирсам, глаголя: пришлец бых в земли чуждей,
4 Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.”
и имя второму Елиезер, глаголя: Бог бо отца моего помощник мой и избави мя из руки фараони.
5 Yetro, Mose to kple Mose ƒe viŋutsuwo kple srɔ̃a wova Mose gbɔ le gbegbe, afi si woƒu asaɖa anyi ɖo, le Mawu ƒe to la gbɔ.
И прииде Иофор, тесть Моисеов, и сынове и жена к Моисею в пустыню, идеже ополчися при горе Божией.
6 Yetro dɔ ame ɖo ɖe Mose gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Nye towò, Yetro kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò.”
Возвестиша же Моисею, глаголюще: се, Иофор, тесть твой, идет к тебе, и жена твоя, и оба сына твоя с ним.
7 Mose yi ɖakpe toa, eye wòxɔe dzidzɔtɔe. Wobia wo nɔewo ƒe agbe ta, eye woyi ɖe Mose ƒe agbadɔ me hena nya aɖewo ŋu bubu.
Изыде же Моисей во сретение тестю своему и поклонися ему и целова его, и приветствоваша друг друга: и введе их Моисей в кущу.
8 Mose gblɔ nu siwo katã dzɔ kple nu siwo Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo, ale be yeate ŋu aɖe Israelviwo, nukpekeame siwo nɔ mɔ me na Israelviwo kple ale si Yehowa ɖe wo tso wo katã me la na toa.
И поведа Моисей тестю своему вся, елика сотвори Господь фараону и всем Египтяном Израиля ради, и весь труд бывший им на пути, и яко избави их Господь от руки фараони и от руки Египетския.
9 Yetro kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu sia nu si Yehowa wɔ na Israelviwo kple ale si wòkplɔ wo dzoe le Egipte la ŋuti.
Ужасеся же Иофор о всех благих, яже сотвори им Господь, яко избави их Господь от руки Египетския и от руки фараони,
10 Yetro si nye Mose to la gblɔ be, “Mikafu Yehowa, elabena eɖe mi tso Egiptetɔwo kple Farao ƒe asi me, eye wòɖe Israel.
и рече Иофор: благословен Господь, яко избави люди Своя из руки Египетския и из руки фараони:
11 Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”
ныне уведех, яко велик Господь паче всех богов, сего ради, яко налегоша на них.
12 Yetro sa numevɔsa kple akpedavɔsawo na Mawu. Emegbe la, Aron kple Israelviwo ƒe ametsitsiwo va do gbe na Yetro, eye wo katã woɖu vɔsalã la le Mawu ŋkume.
И взя Иофор тесть Моисеов всесожжения и жертвы Богу: прииде же Аарон и вси старцы Израилевы ясти хлеба с тестем Моисеовым пред Богом.
13 Esi ŋu ke la, Mose nɔ anyi abe ale si wòwɔna ɣe sia ɣi ene, tso ŋdi va se ɖe fiẽ be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ameawo dome.
И бысть на утрие, седе Моисей судити люди: стояху же пред Моисеом вси людие от утра до вечера.
14 Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?”
Видев же Иофор вся, елика творяше людем, рече: что сие, еже ты твориши людем? Почто ты един седиши, вси же людие предстоят тебе от утра до вечера?
15 Mose ɖo eŋu nɛ be, “Elabena dukɔ la va gbɔnye be woabia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.
Рече же Моисей тестю: понеже приходят людие ко мне просити суда от Бога:
16 Ne nya dzɔ ɖe ameawo dome la, wotsɔnɛ vɛ nam, medrɔ̃nɛ na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo.”
егда бо бывает им распря, и приходят ко мне, разсуждаю коемуждо и сказую им повеления Божия и закон Его.
17 Mose to, Yetro gblɔ nɛ be, “Nu si wɔm nèle la menyo o.
Рече же тесть Моисеов к нему: не право ты твориши глагол сей:
18 Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ.
трудом утрудишися несносным и ты, и вси людие сии, иже суть с тобою: тяжек тебе глагол сей, не возможеши творити ты един:
19 Ɖo tom, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu anɔ kpli wò, Ànɔ dukɔ la teƒe le Mawu ŋkume, eye nàtsɔ woƒe nyawo ɖo eƒe ŋkume.
ныне убо послушай мене и присоветую тебе, и будет Бог с тобою: буди ты людем в тех яже к Богу, и донесеши словеса их к Богу,
20 Fia Mawu ƒe seawo kple ɖoɖoawo wo, eye nàfia ale si woanɔ agbee kple woƒe dɔdeasiwo wo.
и засвидетелствуй им повеления Божия и закон Его, и повеждь им пути Его, имиже пойдут, и дела, яже сотворят:
21 “Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu.
ты же усмотри себе от всех людий мужы сильны, Бога боящыяся, мужы праведны, ненавидящыя гордости, и поставиши их над ними тысященачалники и стоначалники, и пятьдесятоначалники и десятоначалники и писмовводители,
22 Na ame siawo nadrɔ̃ nya kukluiwo na ameawo ɣe sia ɣi. Nya veviwo kple nya sesẽwo koe woatsɔ va gbɔwòe. Ne èto mɔ sia dzi la, nuwo abɔbɔ na wò, elabena àma nyadɔdrɔ̃ ƒe agba kple nyadrɔ̃lawo.
и судят людий по вся часы: слово же неудоборешителное донесут к тебе: малыя же суды да судят они, и облегчат тя и спомогут тебе:
23 Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.”
аще слово сие сотвориши, укрепит тя Бог, и возможеши настоятелствовати, и вси людие сии приидут во свое место с миром.
24 Mose xɔ toa ƒe aɖaŋu, eye wòzɔ ɖe eƒe nyawo nu.
Послуша же Моисей гласа тестя своего и сотвори вся, елика рече ему:
25 Etia ame zazɛ̃wo le Israelviwo katã dome. Ena wozu ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo adrɔ̃ ʋɔnu na ame akpewo, bubuwo na alafawo, bubuwo na blaatɔ̃wo kple ewowo.
и избра Моисей мужы сильны от всего Израиля, и сотвори я над ними тысященачалники и стоначалники, и пятьдесятоначалники и десятоначалники и писмовводители:
26 Wonɔa anyi ɣe sia ɣi na nyadɔdrɔ̃. Wotsɔa nya sesẽwo vaa Mose gbɔ, ke wodrɔ̃a nya kukluiwo le wo ɖokuiwo si.
и суждаху людем по вся часы: всякое же слово неудоборешителное доносиша к Моисею, всякое же слово легкое суждаху сами.
27 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mose na toa trɔ yi wo de.
Отпусти же Моисей тестя своего, и отиде в землю свою.

< Mose 2 18 >