< Mose 2 17 >
1 Azɔ la, le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Israelviwo dzo le Sin gbegbe la. Wonɔ tɔtɔm ɖe teƒeteƒewo va se ɖe esime woɖo Refidim. Ke esi woɖo afi ma la, tsi aɖeke menɔ anyi o!
Then the whole congregation of Israel left the Desert of Sin, moving from place to place as the LORD commanded. They camped at Rephidim, but there was no water for the people to drink.
2 Esia ta Israelviwo he nya ɖe Mose ŋu be, “Na tsi mi!” Mose blu ɖe wo ta be, “Mizi ɖoɖoe! Ɖe miele didim be yewoado Yehowa ƒe dzigbɔɖi na mi akpɔa?”
So the people contended with Moses, “Give us water to drink.” “Why do you contend with me?” Moses replied. “Why do you test the LORD?”
3 Ke le tsikɔwuame la ƒe sesẽ ta la, dukɔ la lĩ Mose ŋu gblɔ be, “Nu ka tututue na nèkplɔ mí dzoe le Egipte? Nu ka ta nèkplɔ mí va afi sia be míaku kple mía viwo kple míaƒe lãwo?”
But the people thirsted for water there, and they grumbled against Moses: “Why have you brought us out of Egypt—to make us and our children and livestock die of thirst?”
4 Mose ɖe kuku na Yehowa be, “Nu ka mawɔ? Wole klalo be yewoaƒu kpem.”
Then Moses cried out to the LORD, “What should I do with these people? A little more and they will stone me!”
5 Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Dze ŋgɔ na dukɔ la, kplɔ Israel ƒe ametsitsi aɖewo ɖe asi. Tsɔ atikplɔ si netsɔ ƒo Nil tɔsisi la ɖe asi, eye nàyi.
And the LORD said to Moses, “Walk on ahead of the people and take some of the elders of Israel with you. Take along in your hand the staff with which you struck the Nile, and go.
6 Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume.
Behold, I will stand there before you by the rock at Horeb. And when you strike the rock, water will come out of it for the people to drink.” So Moses did this in the sight of the elders of Israel.
7 Mose na ŋkɔ teƒe la be Masa si gɔmee nye “Míete Yehowa kpɔ be wòawu mí.” Woyɔnɛ hã be Meriba si gɔmee nye “Nyahehe” kple “Dzrewɔwɔ,” elabena afi mae Israelviwo he nya ɖe Yehowa ŋu le, eye wotee kpɔ be wòawu yewo esi wogblɔ be, “Ɖe Yehowa le mía dzi kpɔ ge loo alo agblẽ mí ɖia?”
He named the place Massah and Meribah because the Israelites quarreled, and because they tested the LORD, saying, “Is the LORD among us or not?”
8 Azɔ la, Amalekitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu le Refidim.
After this, the Amalekites came and attacked the Israelites at Rephidim.
9 Mose gblɔ na Yosua be wòana Israelviwo nadzra ɖo, akpe aʋa kple Amalekitɔwo. Mose gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, matsi tsitre ɖe togbɛ la dzi. Mawu ƒe atikplɔ anɔ asinye!”
So Moses said to Joshua, “Choose some of our men and go out to fight the Amalekites. Tomorrow I will stand on the hilltop with the staff of God in my hand.”
10 Ale Yosua kple eƒe amewo yi be yewoawɔ aʋa kple Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ le esime Mose, Aron kple Hur woyi to la dzi.
Joshua did as Moses had instructed him and fought against the Amalekites, while Moses, Aaron, and Hur went up to the top of the hill.
11 Ne Mose kɔ atikplɔ la ɖe dzi ko la, Israelviwo ɖua futɔwo dzi. Ke ne eɖiɖi abɔ be yeadzudzɔ sẽe ko la, Amalekitɔwo ɖua Israelviwo dzi.
As long as Moses held up his hands, Israel prevailed; but when he lowered them, Amalek prevailed.
12 Abɔwo va ku ɖe Mose ŋu ale gbegbe be, magate ŋu alé atikplɔ la ɖe dzi azɔ o. Ale Aron kple Hur womli kpe aɖe vɛ, eye Mose nɔ edzi. Ame ɖeka nɔ Mose ƒe miame, eye evelia nɔ eƒe ɖusime. Wolé Mose ƒe abɔwo do ɖe dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to.
When Moses’ hands grew heavy, they took a stone and put it under him, and he sat on it. Then Aaron and Hur held his hands up, one on each side, so that his hands remained steady until the sun went down.
13 Le esia ta Yosua kple eƒe aʋakɔ la ɖu Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ dzi kple yi.
So Joshua overwhelmed Amalek and his army with the sword.
14 Yehowa gblɔ na Mose be, “Ŋlɔe da ɖi, wòanɔ anyi ɖaa, woaɖo ŋku edzi tegbetegbe, eye nàɖe gbeƒã na Yosua be matutu Amalekitɔwo ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ.”
Then the LORD said to Moses, “Write this on a scroll as a reminder and recite it to Joshua, because I will utterly blot out the memory of Amalek from under heaven.”
15 Mose tu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be “Yehowa Nisi” si gɔmee nye “Yehowae nye nye aflaga.”
And Moses built an altar and named it The LORD Is My Banner.
16 Mose gblɔ be, “Elabena wodo aflaga ɖe dzi le Yehowa ƒe fiazi la ŋgɔ, Yehowa anɔ aʋa wɔm kple Amalekitɔwo tso dzidzime yi dzidzime.”
“Indeed,” he said, “a hand was lifted up toward the throne of the LORD. The LORD will war against Amalek from generation to generation.”