< Mose 2 16 >
1 Azɔ la, Israel ƒe ha blibo la dzo le Elim, eye woyi Sin, gbegbe si le Elim kple Sinai to la dome. Woɖo afi ma le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi le woƒe dzodzo le Egipte megbe.
The people journeyed on from Elim, and all the community of Israelites came to the wilderness of Sin, which is between Elim and Sinai, on the fifteenth day of the second month after their departure from the land of Egypt.
2 Le afi sia hã la, dukɔ la katã galĩ liʋĩliʋĩ le Mose kple Aron ŋuti vevie.
The whole community of Israelites complained against Moses and Aaron in the wilderness.
3 Israelviwo gblɔ na wo be, “Ɖe wòanyo ŋutɔ ne míaku ɖe Yehowa ƒe asi me le Egipte! Le teƒe ma la, míenɔa anyi ƒoa xlã lã siwo míeɖa la ƒe zewo, eye míeɖua nu si míedi la, gake miekplɔ mí va gbegbe afi sia be dɔ nawu mí míaku.”
The Israelites said to them, “If only we had died by Yahweh's hand in the land of Egypt when we were sitting by the pots of meat and were eating bread to the full. For you have brought us out into this wilderness to kill our whole community with hunger.”
4 Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mana abolo nadza tso dziƒo na wo. Ame sia ame ate ŋu ado go gbe sia gbe, eye wòafɔ nuɖuɖu si wòhiã. Mado wo kpɔ le nu sia me akpɔ be woawɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi mahã.
Then Yahweh said to Moses, “I will rain down bread from heaven for you. The people will go out and gather a day's portion every day so that I may test them to see whether or not they will walk in my law.
5 Gblɔ na wo be, woafɔ nuɖuɖu si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve le kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke adelia dzi.”
It will come about on the sixth day, that they will gather twice as much as what they gathered every day before, and they will cook what they bring in.”
6 Mose kple Aron wowɔ takpekpe kple Israelviwo katã. Wogblɔ na wo be, “Egbe fiẽ la, miadze sii be Yehowae kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi.
Then Moses and Aaron said to all the people of Israel, “In the evening you will know that it is Yahweh who has brought you out from the land of Egypt.
7 Le ŋdi la, miakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe geɖe wu, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ le eya, Yehowa ŋu, elabena menye míawo ŋue mielĩ liʋĩliʋĩ le o. Ame kawo míenye?”
In the morning you will see Yahweh's glory, for he hears your complaining against him. Who are we for you to complain against us?”
8 Mose gblɔ hã be mianya be, “Yehowae na lã mi le fiẽ me, eye wòna abolo si miehiã la mi le ŋdi me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo le eŋuti. Ame kawoe mienye? Menye míawo ŋu miele liʋĩliʋĩ lĩm le o, ke boŋ Yehowa ŋue.”
Moses also said, “You will know this when Yahweh gives you meat in the evening and bread in the morning to the full—for he has heard the complaints that you speak against him. Who are Aaron and I? Your complaints are not against us; they are against Yahweh.”
9 Ale Mose gblɔ na Aron be, “Gblɔ na Israelviwo katã be, ‘Miva Yehowa ŋkume, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ.’”
Moses said to Aaron, “Say to all the community of the people of Israel, 'Come near before Yahweh, for he has heard your complaints.'”
10 Esi Aron nɔ nu ƒom na Israelviwo ƒe ha bliboa la, wonye kɔ kpɔ gbegbe lɔƒo, eye le afi ma wokpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wònɔ keklẽm le aliliwo me.
It came about, as Aaron spoke to the whole community of the people of Israel, that they looked toward the wilderness, and, behold, Yahweh's glory appeared in the cloud.
11 Yehowa gblɔ na Mose be,
Then Yahweh spoke to Moses, saying,
12 “Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’”
“I have heard the complaints of the people of Israel. Speak to them and say, 'In the evening you will eat meat, and in the morning you will be filled with bread. Then you will know that I am Yahweh your God.'”
13 Gbe ma gbe fiẽ la, tegliwo ƒe ha gã aɖe va do, eye woxe asaɖa la tame. Le ŋdi la, afu do ƒo xlã asaɖa la,
It came about in the evening that quails came up and covered the camp. In the morning the dew lay round about the camp.
14 eye esi xexeme kɔ ŋdi la, nu ɣi nogonogoewo nɔ anyigba abe kpetsi ene.
When the dew was gone, there on the surface of the wilderness were thin flakes like frost on the ground.
15 Esi Israelviwo kpɔ wo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kawoe nye esiawo?” Elabena womenya nu si wonye o. Mose gblɔ na wo be, “Esiawoe nye abolo si Yehowa na mi be miaɖu.
When the people of Israel saw it, they said one to another, “What is it?” They did not know what it was. Moses said to them, “It is the bread that Yahweh has given you to eat.
16 Yehowa gblɔ be, ame sia ame nafɔ agbɔsɔsɔ si ade eƒe aƒemetɔwo nu abe lita eve ƒe dzidzeme ene ɖe aƒea me tɔ ɖe sia ɖe nu.”
This is the command that Yahweh has given: 'You must gather, each one of you, the amount you need to eat, an omer for each person of the number of your people. This is how you will gather it: Gather enough to eat for every person who lives in your tent.'”
17 Ale Israelviwo yi ɖafɔ wo abe ale si Mose gblɔ na wo ene; ame aɖewo fɔe fũu, ke ame aɖewo hã mefɔe fũu o.
The people of Israel did so. Some gathered more, some gathered less.
18 Esi wotrɔ wo ɖe dzidzenu la me la, woyɔ dzidzenu la ɖe ame sia ame nu. Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o! Aƒe ɖe sia ɖe me tɔwo kpɔ esi ade wo nu tututu.
When they measured it with an omer measure, those who had gathered much had nothing left over, and those who had gathered little had no lack. Each person gathered enough to meet their need.
19 Mose gblɔ na wo be, “Migana ŋu nake ɖe wo dzi o.”
Then Moses said to them, “No one must leave any of it until morning.”
20 Ame aɖewo meɖo to o: wona ŋu ke ɖe wo dzi. Kasia woakpɔ wo ɖa la, wodze nyẽ henɔ ʋeʋẽm kũu. Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie,
However, they did not listen to Moses. Some of them left some of it until morning, but it bred worms and became foul. Then Moses became angry with them.
21 eya ta azɔ la, wofɔa nuɖuɖu la ŋdi sia ŋdi, eye aƒe sia aƒe fɔa esi wòhiã la ko. Ne ŋdɔ ʋu, eye anyigba xɔ dzo la, abolo la lolõna, eye wòbuna.
They gathered it morning by morning. Each person gathered enough to eat for that day. When the sun became hot, it melted.
22 Le ŋkeke adelia dzi la, wofɔa agbɔsɔsɔ si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve. Wofɔa lita ene ɖe ame sia ame nu, ɖe lita eve teƒe. Kplɔlawo bia Mose be nu ka ta wòde se ma na yewo mahã.
It came about that on the sixth day they gathered twice as much bread, two omers for each person. All the leaders of the community came and told this to Moses.
23 Mose gblɔ na wo be, “Yehowa tɔ asi etsɔ dzi be wòanye dzudzɔgbe, wòanye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, eye wòle be míadzudzɔ tso míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me, eya ta miɖa nu wòasɔ gbɔ abe ale si miedi ene egbe, eye midzra esi asusɔ la ɖo ŋu nake ɖe edzi.”
He said to them, “This is what Yahweh has said: 'Tomorrow is a solemn rest, a holy Sabbath in Yahweh's honor. Bake what you want to bake, and boil what you want to boil. All that remains over, set it aside for yourselves until morning.'”
24 Esi ŋu ke la, nuɖuɖu la nɔ nyuie: megadze nye o eye megaʋẽ hã o, abe ale si Mose gblɔe na wo ene.
So they set it aside until morning, as Moses had instructed. It did not become foul, nor was there any worm in it.
25 Mose gblɔ be, “Esiae nye miaƒe egbe ƒe nuɖuɖu, elabena egbee nye dzudzɔgbe na Yehowa, eye nuɖuɖu aɖeke maganɔ anyigba miafɔ egbe o.
Moses said, “Eat that food today, for today is a day reserved as a Sabbath to honor Yahweh. Today you will not find it in the fields.
26 Mifɔ nuɖuɖu la ŋkeke ade, ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe. Nuɖuɖu aɖeke manɔ anyigba miafɔ gbe ma gbe o.”
You will gather it during six days, but the seventh day is the Sabbath. On the Sabbath there will be no manna.”
27 Ke ame aɖewo ya gayi nuɖuɖu la fɔ ge, togbɔ be gbe ma gbee nye ŋkeke adrelia, ke nuɖuɖu aɖeke menɔ anyigba wofɔ o.
It came about on the seventh day that some of the people went out to gather manna, but they found none.
28 Yehowa bia Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie miagbe toɖoɖo nye sewo kple ɖoɖowo?
Then Yahweh said to Moses, “How long will you refuse to keep my commandments and my laws?
29 Miɖo ŋku edzi be, Yehowae na Dzudzɔgbe ŋkeke la mi; esia tae wòna ŋkeke eve ƒe abolo mi le ŋkeke adelia gbe. Ame sia ame nenɔ afi si wòle le ŋkeke adrelia gbe; ame aɖeke megado go o.”
See, Yahweh has given you the Sabbath. So on the sixth day he is giving you bread for two days. Each of you must stay in his own place; no one must go out from his place on the seventh day.”
30 Ale Israelviwo dzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke adrelia gbe.
So the people rested on the seventh day.
31 Israelviwo yɔa abolo la be, “mana.” Ele ɣie abe bliku ene, eye wòvivina abe akpɔnɔvivi si me wode anyitsii ene.
The people of Israel called that food “manna.” It was white like coriander seed, and its taste was like wafers made with honey.
32 Mose gblɔ be, “Ale Yehowa de see nye esi, ‘Tsɔ mana lita ɖeka, dzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be woate ŋu akpɔ abolo si mena mi mieɖu le gbedzi, esi mekplɔ mi do goe le Egipte.’”
Moses said, “This is what Yahweh has commanded: 'Let an omer of manna be kept throughout your people's generations so that your descendants might see the bread with which I fed you in the wilderness, after I brought you out from the land of Egypt.'”
33 Ale Mose gblɔ na Aron be, “Tsɔ ze aɖe, eye nàdzidze mana lita ɖeka akɔ ɖe eme. Ekema, nàtsɔe ɖo Yehowa ŋkume be woadzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ.”
Moses said to Aaron, “Take a pot and put an omer of manna into it. Preserve it before Yahweh to be kept throughout the people's generations.”
34 Aron wɔ esia abe ale si Yehowa bia tso Mose si ene. Emegbe la, Aron tsɔe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le agbadɔ la me be wòanɔ dedie le afi ma.
As Yahweh commanded Moses, Aaron stored it beside the covenant decrees in the ark.
35 Ale Israelviwo ɖu “mana” ƒe blaene va se ɖe esime woɖo Kanaanyigba ƒe liƒo dzi, afi si agblemenukuwo nɔ woaɖu.
The people of Israel ate manna forty years until they came to inhabited land. They ate it until they came to the borders of the land of Canaan.
36 (Dzidzenu si wotsɔna dzidzea mana la anɔ abe lita eve ene.)
Now an omer is a tenth of an ephah.