< Mose 2 15 >

1 Mose kple Israelviwo dzi kafukafuha sia na Yehowa be, “Madzi ha na Yehowa, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo. Etsɔ sɔ kple sɔdola siaa de atsiaƒu la me.
ENTONCES cantó Moisés y los hijos de Israel este cántico á Jehová, y dijeron: Cantaré yo á Jehová, porque se ha magnificado grandemente, echando en la mar al caballo y al que en él subía.
2 “Yehowae nye nye ŋusẽ kple xɔnametɔ, eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Eyae nye nye Mawu, eya ta makafui. Eyae nye fofonye ƒe Mawu, eya ta madoe ɖe dzi.
Jehová es mi fortaleza, y mi canción, y hame sido por salud: éste es mi Dios, y á éste engrandeceré; Dios de mi padre, y á éste ensalzaré.
3 Yehowa nye aʋawɔla, Ɛ̃, eŋkɔe nye Yehowa.
Jehová, varón de guerra; Jehová es su nombre.
4 Ede Farao ƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔwo ƒu, eye wònyrɔ wo ɖe atsiaƒu la me. Farao ƒe aʋakplɔla xɔŋkɔwo nyrɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me.
Los carros de Faraón y á su ejército echó en la mar; y sus escogidos príncipes fueron hundidos en el mar Bermejo.
5 Atsiaƒutsi la tsyɔ wo dzi. Wodze to ɖe atsiaƒu la te abe kpe ene.
Los abismos los cubrieron; como piedra descendieron á los profundos.
6 O, Yehowa, wò nuɖusibɔ wɔ kalẽ. O, Yehowa, wò nuɖusibɔ kaka futɔwo hlẽ.
Tu diestra, oh Jehová, ha sido magnificada en fortaleza; tu diestra, oh Jehová, ha quebrantado al enemigo.
7 “Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me, ètsɔ ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la ƒu anyi. Èɖe asi le wò dziku bibi la ŋu, eye wòfia wo abe gbe ƒuƒu ene.
Y con la grandeza de tu poder has trastornado á los que se levantaron contra ti: enviaste tu furor; los tragó como á hojarasca.
8 Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do, eye wòna tsiawo ƒu kpo. Tsi sisi la nɔ te, eye wòlé akpa aveawo ɖe te abe gli ene, eye tsi goglo la zi ɖoɖoe le atsiaƒu la titina.
Con el soplo de tus narices se amontonaron las aguas; paráronse las corrientes como en un montón; los abismos se cuajaron en medio de la mar.
9 Futɔ la gblɔ dadatɔe be, ‘Mati wo yome, matu wo, mama woƒe afunyinuwo. Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme. Maɖe nye yi tso aku me, eye nye asi atsrɔ̃ wo.’
El enemigo dijo: Perseguiré, prenderé, repartiré despojos; mi alma se henchirá de ellos; sacaré mi espada, destruirlos ha mi mano.
10 Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ, eye ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi. Wodze to abe asabukpe ene ɖe tsi gã la te.
Soplaste con tu viento, cubriólos la mar: hundiéronse como plomo en las impetuosas aguas.
11 “O, Yehowa, ame kae le abe wò ene le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me, le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me, eye wòwɔa nukudɔwo?
¿Quién como tú, Jehová, entre los dioses? ¿quién como tú, magnífico en santidad, terrible en loores, hacedor de maravillas?
12 Èdo wò nuɖusi ɖa, eye anyigba mi wo.
Extendiste tu diestra; la tierra los tragó.
13 “Àkplɔ ame siwo nèɖe la le wò lɔlɔ̃ mavɔ la ƒe ŋusẽ me. Le wò ŋusẽ me, àkplɔ wo ayi wò nɔƒe kɔkɔe lae.
Condujiste en tu misericordia á este pueblo, al cual salvaste; llevástelo con tu fortaleza á la habitación de tu santuario.
14 Dukɔwo ase nya si dzɔ, woadzo nyanyanya; vɔvɔ̃ aɖo Filistitɔwo.
Oiránlo los pueblos, y temblarán; apoderarse ha dolor de los moradores de Palestina.
15 Ŋɔdzi alé Edom fiawo, eye Moab ƒe kplɔlawo anɔ dzodzom nyanyanya, Kanaantɔwo hã ƒe dzi alolõ.
Entonces los príncipes de Edom se turbarán; á los robustos de Moab los ocupará temblor; abatirse han todos los moradores de Canaán.
16 Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi. Woatrɔ azu kpe, le wò abɔ ƒe ŋusẽ ta, va se ɖe esime wò amewo atso eme ava ayi. O, Yehowa, va se ɖe esime wò ame siwo nèƒle la, atso eme ava yi.
Caiga sobre ellos temblor y espanto; á la grandeza de tu brazo enmudezcan como una piedra; hasta que haya pasado tu pueblo, oh Jehová, hasta que haya pasado este pueblo que tú rescataste.
17 Wò la, àkplɔ wo aɖo wo te le wò to si nye wò domenyinu la dzi. O, Yehowa, teƒe si nèwɔ be wòanye wò nɔƒe la, Aƒetɔ, Kɔkɔeƒe si nètsɔ wò ŋutɔ wò asiwo wɔe la.
Tú los introducirás y los plantarás en el monte de tu heredad, en el lugar de tu morada, que tú has aparejado, oh Jehová; en el santuario del Señor, que han afirmado tus manos.
18 “Yehowa aɖu fia tegbetegbe!”
Jehová reinará por los siglos de los siglos.
19 Farao ƒe sɔwo, eƒe sɔdolawo kple woƒe tasiaɖamwo kplɔ wo ɖo to atsiaƒu la me. Ke Yehowa na tsigliawo mu gbagbã tsyɔ wo dzi, le esime Israelviwo zɔ ƒuƒuiƒe to wo me.
Porque Faraón entró cabalgando con sus carros y su gente de á caballo en la mar, y Jehová volvió á traer las aguas de la mar sobre ellos; mas los hijos de Israel fueron en seco por medio de la mar.
20 Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe.
Y María la profetisa, hermana de Aarón, tomó un pandero en su mano, y todas las mujeres salieron en pos de ella con panderos y danzas;
21 Eye Miriam dzi ha sia: “Midzi ha na Yehowa, elabena eɖu dzi ŋusẽtɔe. Ede sɔ kple sɔdola atsiaƒu la me.”
Y María les respondía: Cantad á Jehová; porque en extremo se ha engrandecido, echando en la mar al caballo, y al que en él subía.
22 Azɔ la, Mose kplɔ Israelviwo to Ƒu Dzĩ la nu, eye woyi Sur gbedzi. Wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔ tsi woano o.
E hizo Moisés que partiese Israel del mar Bermejo, y salieron al desierto de Shur; y anduvieron tres días por el desierto sin hallar agua.
23 Esi wova ɖo Mara la, womete ŋu no tsi le afi ma o, elabena tsi la le vevem. (Esia ta woyɔa teƒe ma be Mara.)
Y llegaron á Mara, y no pudieron beber las aguas de Mara, porque eran amargas; por eso le pusieron el nombre de Mara.
24 Israelviwo lĩ liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Wobiae be, “Ɖe míaku le tsikɔwuame taa?”
Entonces el pueblo murmuró contra Moisés, y dijo: ¿Qué hemos de beber?
25 Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui. Le Mara la, Yehowa de se siawo na wo be yeado woƒe ɖokuitsɔtsɔ na ye akpɔ.
Y Moisés clamó á Jehová; y Jehová le mostró un árbol, el cual metídolo que hubo dentro de las aguas, las aguas se endulzaron. Allí les dió estatutos y ordenanzas, y allí los probó;
26 “Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.”
Y dijo: Si oyeres atentamente la voz de Jehová tu Dios, é hicieres lo recto delante de sus ojos, y dieres oído á sus mandamientos, y guardares todos sus estatutos, ninguna enfermedad de las que envié á los Egipcios te enviaré á ti; porque yo soy Jehová tu Sanador.
27 Wova ɖo Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi sia ɖe vudoawo to.
Y llegaron á Elim, donde había doce fuentes de aguas, y setenta palmas; y asentaron allí junto á las aguas.

< Mose 2 15 >