< Mose 2 14 >

1 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be,
Then the Lord spoke to Moses, saying:
2 “Gblɔ na Israelviwo be woatrɔ aɖo ta Pi Hahirɔt, le Migdol kple atsiaƒu la dome le Baal Zefon ŋgɔ, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la nu,
“Speak to the sons of Israel. Let them turn back and encamp away from the region of Pihahiroth, which is between Migdol and the sea, opposite Baal-zephon. In its sight you shall place your camp, above the sea.
3 elabena Farao abu be, ‘Israelvi mawo xaxa ɖe ƒu la kple gbegbe la dome!’
And Pharaoh will say about the sons of Israel, ‘They have been confined by the land; the desert has enclosed them.’
4 Magana Farao nagasẽ dzi me, eye wòati mia yome. Mewɔ ɖoɖo sia ale be makpɔ bubu kple ŋutikɔkɔe gã ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ dzi. Ale Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa.” Ale woƒu asaɖa anyi ɖe afi si Mose fia wo la.
And I will harden his heart, and so he will pursue you. And I will be glorified in Pharaoh, and in all his army. And the Egyptians will know that I am the Lord.” And they did so.
5 Esi Egipte fia se be Israelviwo meɖo ta me be yewoagbugbɔ va Egipte le ŋkeke etɔ̃ megbe o, ke boŋ yewoayi mɔzɔzɔ dzi la, Farao kple eŋumewo ƒe mo nyra, eye dzi gaɖo wo ƒo. Wobia be, “Nu kae nye esi míewɔ be míeɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo eye míebu woƒe subɔsubɔdɔ nyuitɔwo?”
And it was reported to the king of the Egyptians that the people had fled. And the heart of Pharaoh and of his servants was changed about the people, and they said, “What did we intend to do, so that we released Israel from serving us?”
6 Ale Farao na wodzra eƒe tasiaɖam ɖo nɛ, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ ɖe asi.
Therefore, he harnessed his chariot, and he took all his people with him.
7 Etia tasiaɖam nyuitɔ alafa ade kpe ɖe tasiaɖam bubu siwo katã nɔ Egipte la ŋu, eye wòtsɔ asrafomegãwo ɖo ɖe sia ɖe nu.
And he took six hundred chosen chariots, and whatever chariots were in Egypt, and also the leaders of the whole army.
8 Yehowa na Egipte fia Farao ƒe dzi me sẽ ɖe edzi, ale wòti Israelvi siwo nɔ azɔli dzi dzideƒotɔe la yome.
And the Lord hardened the heart of Pharaoh, king of Egypt, and he pursued the sons of Israel. But they were taken away by an exalted hand.
9 Wowɔ Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo, sɔdolawo kple aʋawɔla bubuawo katã ŋu dɔ le wo yometiti me. Egiptetɔwo va tu Israelviwo, esi woƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la to, te ɖe Pi Hahirɔt ŋu le Baal Zefon ŋgɔ.
And when the Egyptians followed the footsteps of those who preceded them, they found them in a camp above the sea. All the horses and chariots of Pharaoh, and the entire army, were in Pihahiroth, opposite Baal-zephon.
10 Esi Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ gbɔna la, Israelviwo kpɔ wo ɖaa le adzɔge ke, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wodo ɣli na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu.
And when Pharaoh had drawn near, the sons of Israel, lifting up their eyes, saw the Egyptians behind them. And they were very afraid. And they cried out to the Lord.
11 Wotrɔ ɖe Mose gbɔ helĩ liʋĩliʋĩ be, “Ɖe nèkplɔ mí va afi sia be míaku ɖe gbedzi, elabena yɔdowo mele Egipte oa? Nu kae nye esi nèwɔ be nèkplɔ mí do goe tso Egipte?
And they said to Moses: “Perhaps there were no graves in Egypt, for which reason you took us to die in the wilderness. What is it that you intended to do, in leading us out of Egypt?
12 “Menye esiae míegblɔ na wò esime míenɔ Egipte la be, ‘Ɖe asi le mía ŋu kpoo ne míasubɔ Egiptetɔwo’ oa? Anyo na mí be míasubɔ Egiptetɔwo wu be míaku ɖe gbegbe!”
Is this not the word that we spoke to you in Egypt, saying: Withdraw from us, so that we may serve the Egyptians? For it was much better to serve them, than to die in the wilderness.”
13 Ke Mose ɖo eŋu na wo be, “Migavɔ̃ o, minɔ te ɖe afi si miele la ko, milé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye miakpɔ nukumɔ si dzi Yehowa aɖe mi toe egbe la ɖa. Egiptetɔ siwo kpɔm miele fifia la, miagakpɔ wo akpɔ o.
And Moses said to the people: “Do not be afraid. Stand firm and see the great wonders of the Lord, which he will do today. For the Egyptians, whom you now see, will never again be seen, forever.
14 Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo nɛ ko.”
The Lord will fight on your behalf, and you will remain silent.”
15 Yehowa gblɔ na Mose be, “Nu ka ŋuti nèle ɣli dom nam? Gblɔ na Israelviwo be woaɖe zɔ, ayi ŋgɔ
And the Lord said to Moses: “Why cry out to me? Tell the sons of Israel to continue on.
16 Do wò atikplɔ la ɖe dzi, eye nàdo wò asi ɖe atsiaƒu la dzi be atsiaƒutsi la nama ɖe eve, ale be Israelviwo nato atsiaƒu la me ayi le anyigba ƒuƒui dzi.
Now, lift up your staff, and extend your hand over the sea and divide it, so that the sons of Israel may walk through the midst of the sea on dry ground.
17 Mana Egiptetɔwo ƒe dzi me nasẽ be woadze Israelviwo yome, eye makɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao kple eƒe aʋakɔwo kple tasiaɖamwo kple sɔdolawo dzi.
Then I will harden the heart of the Egyptians, so as to pursue you. And I will be glorified in Pharaoh, and in all his army, and in his chariots, and in his horsemen.
18 Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa, ne mekɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔdolawo dzi.”
And the Egyptians will know that I am the Lord, when I will be glorified in Pharaoh, and in his chariots, as well as in his horsemen.”
19 Mawudɔla si nɔ Israelviwo kplɔm la trɔ yi Israelviwo megbe, nenema ke lilikpo dodo si nɔ wo ŋgɔ la hã trɔ yi wo megbe,
And the Angel of God, who preceded the camp of Israel, lifting himself up, went behind them. And the pillar of cloud, together with him, left the front for the rear
20 ale wòtɔ ɖe Egipte ƒe aʋakɔwo kple Israelviwo dome. Le zã blibo la me la, lilikpo la na viviti do ɖe akpa ɖeka, eye kekeli do ɖe akpa kemɛ, ale wo dometɔ aɖeke mete ɖe nɔvia ŋu le zã blibo la me o.
and stood between the camp of the Egyptians and the camp of Israel. And it was a dark cloud, yet it illuminated the night, so that they could not succeed at approaching one another at any time all that night.
21 Tete Mose tsɔ eƒe asi do ɖe ƒu la dzi. Ale zã blibo la Yehowa tutu atsiaƒu la ɖe megbe to ɣedzeƒeya sesẽ aɖe dzi, eye wòna anyigba ƒuƒui dze. Tsi la ma ɖe akpa eve,
And when Moses had extended his hand over the sea, the Lord took it away by an intense burning wind, blowing throughout the night, and he turned it into dry ground. And the water was divided.
22 eye Israelviwo zɔ to atsiaƒu la me le anyigba ƒuƒui dzi, ale tsi la zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame.
And the sons of Israel went in through the midst of the dried sea. For the water was like a wall at their right hand and at their left hand.
23 Egiptetɔwo, Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple sɔdolawo dze wo yome to atsiaƒu la ƒe gliwo me, eye woawo hã wonɔ atsiaƒu la ƒe ƒuƒuiƒe zɔm.
And the Egyptians, pursuing them, went in after them, along with all of the horses of Pharaoh, his chariots and horsemen, through the midst of the sea.
24 Ke le ŋdi kanya la, Yehowa kplɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la to dzo bibi la me, eye wòde tɔtɔ wo dome.
And now the morning watch had arrived, and behold, the Lord, looking down upon the camp of the Egyptians through the pillar of fire and of cloud, put to death their army.
25 Woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo de asi dodo me le wo te. Ale woƒe tasiaɖamwo de asi anyigbatete me. Egiptetɔwo do ɣli be, “Mina míadzo le Israel nu. Yehowa le aʋa wɔm kpli mí na wo!”
And he overturned the wheels of the chariots, and they were carried into the deep. Therefore, the Egyptians said: “Let us flee from Israel. For the Lord fights on their behalf against us.”
26 Yehowa gblɔ na Mose be, “Gada wò asi ɖe atsiaƒu la dzi ale be tsigliawo namu adze Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.”
And the Lord said to Moses: “Extend your hand over the sea, so that the waters may return on the Egyptians, over their chariots and horsemen.”
27 Mose wɔ alea, eye esi ŋu ke la, atsiaƒu la gazu abe ale si wònɔ tsã ene. Egiptetɔwo dze agbagba be yewoasi, ke Yehowa na atsiaƒutsi la ŋe tsyɔ wo dzi.
And when Moses had extended his hand opposite the sea, it was returned, at first light, to its former place. And the fleeing Egyptians met with the waters, and the Lord immersed them in the midst of the waves.
28 Ale tsi la gbugbɔ yi enɔƒe hetsyɔ tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo la, si dze Israelviwo yome ge ɖe atsiaƒu la me dzi. Wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o.
And the waters were returned, and they covered the chariots and horsemen of the entire army of Pharaoh, who, in following, had entered into the sea. And not so much as one of them was left alive.
29 Israelviwo zɔ anyigba ƒuƒui dzi hetso ƒu la, esime tsi la trɔ zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame.
But the sons of Israel continued directly through the midst of the dried sea, and the waters were to them like a wall on the right and on the left.
30 Ale Yehowa ɖe Israelviwo gbe ma gbe tso Egiptetɔwo ƒe asi me. Israelviwo kpɔ Egiptetɔwo woku, eye atsiaƒu la ɖe woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe gota.
And so the Lord freed Israel on that day from the hand of the Egyptians.
31 Esime Israelviwo kpɔ nukunu triakɔ si Yehowa wɔ na wo ɖe Egiptetɔwo ŋu la, wovɔ̃, wode bubu Yehowa ŋu, eye woxɔ eya kple eƒe dɔla Mose dzi se.
And they saw the Egyptians dead on the shore of the sea and the great hand that the Lord had exercised against them. And the people feared the Lord, and they believed in the Lord and in Moses his servant.

< Mose 2 14 >