< Mose 2 13 >

1 Yehowa gblɔ na Mose bena,
Then the LORD spoke to Moses, saying,
2 “Kɔ Israelviwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔ ɖe sia ɖe kple lãwo ƒe atsu gbãtɔwo ŋu nam; eɖanye ame alo lã o, tɔnyewoe!”
"Set apart to me all the firstborn. Whatever is first from the womb among the children of Israel, both of man and of animal; it is mine."
3 Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be gbe si gbe miedzo le Egipte, eye miedo le kluvinyenye me la, nanye ŋkeke aɖe si dzi miaɖo ŋkui tegbetegbe, elabena Yehowa ɖe mi kple nukunu gãwo. Migaɖu naneke si me amɔʋãtike le la o.
And Moses said to the people, "Remember this day in which you came out from Egypt, out of the house of slavery, for with a mighty hand the LORD brought you out from this place. No leavened bread shall be eaten.
4 Egbe, ɣleti Abib me, miele ʋuʋum.
On this day, in the month of Abib, you are going out.
5 Ne Yehowa kplɔ mi va Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba si wòka atam na mia fofowo be yeatsɔ ana mi, anyigba ‘si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo’ dzi la, ekema miaɖu ŋkeke sia le dzinu sia me.
And it shall be, when the LORD brings you into the land of the Canaanite, and the Hethite, and the Amorite, and the Perizzite, and the Girgashite, and the Hivite, and the Jebusite, which he swore to your fathers to give you, a land flowing with milk and honey, that you must keep this ceremony in this month.
6 Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo maʋamaʋã, eye le ŋkeke adrelia gbe la, miaɖu ŋkekenyui na Yehowa.
Six days you are to eat unleavened bread, and on the seventh day is a feast to the LORD.
7 Miaɖu abolo maʋamaʋã le ŋkeke adre mawo me; womakpɔ naneke si ʋã la le mia dome o alo akpɔ amɔʋãtike le miaƒe liƒowo me o.
Unleavened bread is to be eaten throughout the seven days. Nothing leavened is to be seen among you, nor is any leaven to be seen among you in all your territory.
8 Le gbe ma gbe la, migblɔ na mia viŋutsuwo be, ‘Mele esia wɔm ɖe nu si Yehowa wɔ nam, esi medo go le Egipte la ta.’
And you are to tell your son on that day, saying, 'It is because of what the LORD did for me when I came out of Egypt.'
9 Ŋkeke sia ɖuɖu anɔ na mi abe dzesi ene le miaƒe asiwo kple ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgonu, ale be Yehowa ƒe se la anɔ miaƒe nu me, elabena Yehowa kplɔ mi do goe le Egipte kple asi sesẽ.
And it shall be as a sign to you on your hand and as a reminder between your eyes, so that the law of the LORD may be in your mouth, for with a mighty hand the LORD brought you out of Egypt.
10 Eya ta miɖo ŋku nuɖoanyi sia dzi le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe.
Therefore you are to keep this ordinance at its appointed time from year to year.
11 “Ne Yehowa kplɔ mi yi anyigba si ŋugbe wòdo na mia fofowo ƒe geɖewo nye esi va yi, afi si Kanaantɔwo le fifia dzi la, miɖo ŋku edzi be,
"And it shall be, when the LORD brings you into the land of the Canaanites, as he swore to you and to your fathers, and gives it to you,
12 miaƒe viŋutsuvi gbãtɔwo katã kple lãtsu siwo katã aʋu dɔ nu na miaƒe lãwo la katã nye Yehowa tɔ. Ele be miatsɔ wo nɛ.
that you are to set apart to the LORD everything that is first from the womb. Every firstborn male animal belongs to the LORD.
13 Miate ŋu atsɔ agbo alo gbɔ̃tsu aɖɔli tedzitsu. Ke ne ame aɖe medi be yeawɔ alea o la, ele na amea be wòawu tedzi la. Ke ele be miaƒle viŋutsuvi ŋgɔgbeviwo katã ta.
Every firstborn of a donkey you are to redeem with a lamb, but if you will not redeem it, then you must break its neck. And every firstborn of man among your sons you must redeem.
14 “Ne mia viwo abia mi be, ‘Nu ka ta miewɔa nu siawo ɖo?’ la, ele be miagblɔ na wo be, ‘Yehowa tsɔ nukunu gãwo ɖe mí tso kluvinyenye me, tso Egiptenyigba dzi.
And it shall be, when your son asks you in the future, saying, 'What is this?' then you are to tell him, 'With a mighty hand the LORD brought us out from Egypt, from the house of slavery.
15 Farao meɖe mɔ na mí be míadzo o, eya ta Yehowa wu woƒe ŋgɔgbeviwo katã, amegbetɔwo kple lãwo tɔwo siaa le Egipte, eya ta míetsɔa atsu sia atsu, si ʋu dɔ nu na dadaa, amegbetɔwo kple lãwo siaa naa Yehowa. Ke woƒlea ŋutsuvi tsitsitɔwo katã ta.’
And it happened, when Pharaoh stubbornly refused to let us go, that the LORD killed all the firstborn in the land of Egypt, both the firstborn of people and the firstborn of animals. This is why I am sacrificing to the LORD any male that is first from the womb of an animal, but all my firstborn sons I redeem.'
16 Megale egblɔm na mi be ele be ŋkekenyui sia ɖuɖu nade dzesi mi abe Yehowa ƒe amewo ene, abe ɖe wòtsɔ eƒe nutɔnyenye ƒe dzesi ɖo ŋgonu na mi ene. Enye ŋkuɖodzi be Yehowa tsɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mi tso Egiptenyigba dzi.”
So it will be as a sign on your hand and at the front of a headband around your forehead, for with a mighty hand the LORD brought us out of Egypt."
17 Esi Farao ɖe asi le ameawo ŋu be woadzo mlɔeba la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi o, togbɔ be eyae nye mɔ kpuitɔ hafi, elabena Mawu gblɔ be ne aʋa dzɔ ɖe wo kple Filistitɔwo dome la, woatrɔ ta me be yewoatrɔ, agbugbɔ ayi Egipte.
Then it came to pass when Pharaoh had let the people go, that God did not lead them by the way of the land of the Philistines, although that was nearby, for God said, "Lest the people change their minds when they see war and return to Egypt."
18 Ale Mawu kplɔ wo to gbegbemɔ la dzi ɖo ta Ƒu Dzĩ la nu. Israelviwo ʋu tso Egipte, nɔ akpababla me hena aʋawɔwɔ.
So God led the people around by the way of the wilderness to the Red Sea. And the children of Israel went up from the land of Egypt prepared for battle.
19 Mose tsɔ Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi, elabena Yosef na Israelviwo ka atam le Mawu ƒe ŋkume be yewoatsɔ eƒe ƒuwo ɖe asi ne Mawu akplɔ yewo adzoe tso Egipte, abe ale si wòka ɖe edzi be Mawu awɔe ene.
And Moses took the bones of Joseph with him, for he had made the children of Israel swear an oath, saying, "God will surely attend to you, and you are to carry my bones up with you from this place."
20 Esi wodzo le Sukɔt la, woƒu asaɖa anyi ɖe Etam le gbegbe la to.
Then they set out from Succoth and camped at Etham on the edge of the wilderness.
21 Yehowa kplɔa wo kple lilikpo dodo aɖe le ŋkeke me. Le zã me la, ekplɔa wo kple dzo bibi aɖe. Ale wotea ŋu zɔa mɔ le ŋkeke me kple zã me siaa.
And God went before them by day in a pillar of cloud to lead them on their way, and by night in a pillar of fire to give them light, so that they could travel by day and by night.
22 Lilikpo dodo la kple dzo bibi la siaa mebuna ɖe wo ɣe aɖeke ɣi o.
He did not take away the pillar of cloud by day nor the pillar of fire at night from in front of the people.

< Mose 2 13 >