< Mose 2 12 >

1 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte be,
Now the LORD spoke to Moses and Aaron in the land of Egypt, saying,
2 “Tso azɔ dzi yina la, ɣleti siae anye gbãtɔ kple ɣleti vevitɔ wu na mi le ƒea me.
"This month shall be to you the beginning of months. It shall be the first month of the year to you.
3 Miɖe gbeƒã na Israelviwo katã be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu ɖe sia ɖe nalé alẽvi ɖeka na eƒe ƒome, alẽ ɖeka ɖe aƒekɔ ɖeka ɖe sia ɖe nu.
Speak to all the congregation of Israel, saying, 'On the tenth day of this month, they shall take to them every man a lamb, according to their fathers' houses, a lamb for a household;
4 Ne aƒekɔ aɖe le sue akpa na alẽvi blibo ɖeka ɖuɖu la, woama alẽvi la kple woƒe aƒelika si te ɖe wo ŋu wu le woƒe agbɔsɔsɔ nu. Ele be miabu alẽvi siwo ŋu dɔ woawɔ la ŋu le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ nu, ɖe nu si ame sia ame aɖu la nu.
and if the household is too little for a lamb, then he and his neighbor next to his house shall take one according to the number of the souls; according to what everyone can eat you shall make your count for the lamb.
5 Alẽ alo gbɔ̃ sia anye atsu si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eƒe akpa aɖeke ŋu o.
Your lamb shall be without blemish, a male in its first year. You shall take it from the sheep, or from the goats:
6 Miakpɔ wo dzi va se ɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, esi Israelviwo katã awu woƒe lãwo le fiẽ me,
and you shall keep it until the fourteenth day of the same month; and the whole assembly of the congregation of Israel shall kill it at evening.
7 woatsɔ woƒe ʋu asi na woƒe ʋɔtrua ƒe axadziti eveawo kple ʋɔtrua ƒe tameti le aƒe ɖe sia ɖe si me woaɖu alẽviawo le.
They shall take some of the blood, and put it on the two doorposts and on the lintel, on the houses in which they shall eat it.
8 Le zã ma ke me la, woame lã la aɖu kple amagbe veve kple abolo maʋamaʋã.
They shall eat the flesh in that night, roasted with fire, and unleavened bread. They shall eat it with bitter herbs.
9 Migaɖui mumu alo aɖae hafi aɖu o, ke boŋ mimee dɔnogoe, ta kple afɔwo siaa.
Do not eat it raw, nor boiled at all with water, but roasted with fire; with its head, its legs and its inner parts.
10 Migagblẽ lã la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o. Ne miete ŋu ɖu wo katã gbe ma gbe ƒe fiẽ o la, ele be miatɔ dzo esi susɔ.
You shall let nothing of it remain until the morning; but that which remains of it until the morning you shall burn with fire.
11 Ale si mianɔ hafi aɖui nye esi: mido miaƒe awuwo, miabla wo dzi kple alidziblaka. Mido miaƒe atokotawo ɖe afɔ, eye mialé miaƒe atizɔtiwo ɖe asi. Miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkeke wònye.
This is how you shall eat it: with your waist girded, your shoes on your feet, and your staff in your hand; and you shall eat it in haste: it is the LORD's Passover.
12 “Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa.
For I will go through the land of Egypt in that night, and will strike all the firstborn in the land of Egypt, both man and animal. Against all the gods of Egypt I will execute judgments: I am the LORD.
13 Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o.
The blood shall be to you for a token on the houses where you are: and when I see the blood, I will pass over you, and there shall no plague be on you to destroy you, when I strike the land of Egypt.
14 “Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe.
This day shall be to you for a memorial, and you shall keep it a feast to the LORD: throughout your generations you shall keep it a feast by an ordinance forever.
15 Miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre. Le ŋkeke adreawo katã me la, ele be miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã ko. Woaɖe ame sia ame si agbe se sia dzi wɔwɔ le ŋkeke adreawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã me la le Israelviwo ƒe hame.
"'Seven days you shall eat unleavened bread; even the first day you shall put away yeast out of your houses, for whoever eats leavened bread from the first day until the seventh day, that soul shall be cut off from Israel.
16 Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ dzi la, ameha la katã ade takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke siawo dzi o, negbe nuɖaɖa ko.
In the first day there shall be to you a holy convocation, and in the seventh day a holy convocation; no manner of work shall be done in them, except that which every man must eat, that only may be done by you.
17 “‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime.
You shall observe the feast of unleavened bread; for in this same day have I brought your regiments out of the land of Egypt: therefore you shall observe this day throughout your generations by an ordinance forever.
18 Abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko woaɖu tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ va se ɖe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe fiẽ.
In the first month, on the fourteenth day of the month at evening, you shall eat unleavened bread, until the twenty first day of the month at evening.
19 Mele be amɔʋãtike aɖeke nanɔ miaƒe aƒewo me le ŋkeke adre siawo me o. Woaɖe ame sia ame si aɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã le ɣeyiɣi sia me la le Israelviwo ƒe hame. Ele be amedzro siwo le mia dome kple dzɔleaƒeawo siaa nalé se sia me ɖe asi.
For seven days yeast must not be found in your houses, for whoever eats that which is leavened, that person must be cut off from the congregation of Israel, whether he is a foreigner, or one who is born in the land.
20 Megale egblɔm be, le ŋkeke adre mawo me la, mele be miaɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ƒe ɖeke o: miɖu nu si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko le afi sia afi si mianɔ.”
You must eat nothing leavened. In all your places where you live you must eat unleavened bread.'"
21 Ale Mose yɔ Israelviwo ƒe ametsitsiwo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miyi mialé alẽwo tso miaƒe alẽhawo dome. Aƒekɔ ɖeka nalé alẽ ɖeka; aƒekɔ sue eve nalé alẽ ɖeka. Esia aku ɖe ame siwo le aƒeawo me ƒe agbɔsɔsɔ ŋu. Miwu Ŋutitotolẽvi la.
Then Moses called for all the elders of the children of Israel, and said to them, "Go and select lambs according to your clans, and kill the Passover lamb.
22 Mitsyɔ alẽvi la ƒe ʋu ɖe gagbɛ aɖe me. Minyrɔ kakle ɖe ʋu la me, eye miatsɔe asisi ʋu la ɖe ʋɔtruti la tame kple eƒe axawo dzi, ale be ʋu nanɔ ʋɔtrutiawo ŋu. Mia dometɔ aɖeke mado go le xɔ me le zã ma me o.
And you are to take a bunch of hyssop and dip it in the blood that is in the basin, and apply it on the top and on both sides of the doorframe with the blood that is in the basin. And none of you is to go out of the door of his house until morning.
23 “Elabena Yehowa ato anyigba la dzi, eye wòawu Egiptetɔwo. Ke ne ekpɔ ʋu le ʋɔtruti la tametɔ kple eƒe axadzitɔwo ŋu la, ato ʋɔtru la ŋu, eye maɖe mɔ na nugblẽla wòage ɖe eme awu miaƒe ŋutsuvi gbãtɔwo o.
For the LORD will pass through to strike the Egyptians, and when he sees the blood on the top and sides of the doorframe, the LORD will pass over the door and will not allow the destroyer to enter your houses to strike you.
24 Miɖo ŋku edzi be esia nye se si anɔ anyi tegbetegbe na miawo ŋutɔwo kple miaƒe dzidzimeviwo.
And you must observe this as an ordinance for you and your children forever.
25 Ne mieva ɖo anyigba si Yehowa ana mi dzi abe ale si wòdo ŋugbee na mi ene, ne miele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum,
And it shall come to pass when you enter the land which the LORD will give you, as he has promised, you must keep this ceremony.
26 eye mia viwo bia mi be, ‘Nu ka ta miele ŋkekenyui sia ɖum mahã?’ la,
And it shall be, when your children ask you, 'What do you mean by this ceremony?'
27 miaɖo eŋu be, ‘Enye Yehowa ƒe mía ŋuti toto ƒe vɔsa, elabena eto Israelviwo ƒe aƒewo ŋuti, eye wòwu Egiptetɔwo.’” Ameawo katã de ta agu, eye wosubɔ Mawu.
that you shall say, 'It is the sacrifice of the LORD's Passover, because he passed over the houses of the children of Israel in Egypt, when he struck the Egyptians but spared our houses.'" And the people bowed down and worshiped.
28 Israel wɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose kple Aron ene.
Then the children of Israel went away and did as the LORD had commanded Moses and Aaron, so they did.
29 Le zã ma me, le zãtitina tututu la, Yehowa wu ŋutsuvi gbãtɔwo le Egiptenyigba la dzi, tso Farao ƒe viŋutsuvi gbãtɔ si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gaxɔmenɔla ƒe viŋutsuvi gbãtɔ dzi. Ewu lãwo ƒe vi siwo nye atsu la ƒe gbãtɔwo hã.
And it came to pass at midnight that the LORD killed all the firstborn in the land of Egypt, from the firstborn of Pharaoh who sat on his throne to the firstborn of the prisoner who was in the prison, and all the firstborn of livestock.
30 Farao kple eƒe aɖaŋudelawo kple Egiptetɔwo katã fɔ le zã ma me. Avifafa nɔ Egiptenyigba blibo la dzi, elabena aƒe aɖeke menɔ anyi esi me ame meku le o.
And Pharaoh got up during the night, he, and all his servants, and all Egypt, and there was loud wailing in Egypt, for there was not a house where there was not someone dead.
31 Farao yɔ Mose kple Aron le zã ma me, eye wògblɔ be, “Netsɔ, midzo le mía gbɔ, míeɖe kuku, mi katã midzo! Mia ŋutɔwo kple Israelviwo; miyi miasubɔ Yehowa abe ale si miebia ene.
Then he summoned for Moses and Aaron during the night, and said, "Get up, get out from among my people, both you and the children of Israel; and go, serve the LORD, as you have requested.
32 Mikplɔ miaƒe alẽwo kple nyiwo, eye miadzo. Miyram eye miadzo.”
Take your flocks and your herds, as you have requested, and be gone, but bless me also."
33 Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kaba, abe ale si woate ŋui ene, elabena wogblɔ be, “Ne menye nenema o la, mí katã míele kuku ge.”
The Egyptians were urgent with the people to send them out of the land quickly, for they said, "We will all be dead."
34 Israelviwo tsɔ woƒe amɔ maʋamaʋã ɖe asi. Wobla woƒe amɔkpakuwo ɖe woƒe avɔ mamlɛawo me heda ɖe abɔta.
So the people took their dough before it was leavened, with their kneading bowls wrapped in their clothing on their shoulders.
35 Israelviwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene. Woɣe klosalonuwo kple sikanuwo kple awuwo le Egiptetɔwo si.
Now the children of Israel did according to what Moses told them, for they had asked the Egyptians for articles of silver and articles of gold and clothing.
36 Yehowa na Egiptetɔwo nyo dɔ me na Israelviwo ale gbegbe be wotsɔ nu sia nu si Israelviwo bia wo la na wo. Ale Egiptetɔwo ƒe nu sia nu kloe yi Israelviwo gbɔ!
And the LORD gave the people favor in the sight of the Egyptians, and they gave them whatever they wanted. And so they plundered Egypt.
37 Israelviwo dzo le Rameses le zã ma me heɖo ta Sukɔt. Ŋutsu akpe alafa ade kple nyɔnuwo kple ɖeviwo dze mɔ kple afɔ.
And the children of Israel traveled from Rameses to Succoth, about six hundred thousand men on foot, besides their dependents.
38 Amedzro geɖewo hã dze mɔ kpli wo. Woho kple alẽha kple nyiha gã aɖewo.
And a mixed crowd also went up with them, and a huge number of livestock, both flocks and herds.
39 Ne wotɔ hena nuɖuɖu la, wowɔa abolo kple amɔ maʋamaʋã si wotsɔ ɖe asi la ŋu dɔ. Amɔ la meʋã o, elabena ɖe wonya wo le Egipte, eye womekpɔ ɣeyiɣi aɖeke ana woƒe amɔ naʋã woatsɔ ɖe asi na mɔzɔzɔ la o.
And they baked unleavened loaves using the dough that they had brought out of Egypt; for it wasn't leavened, because they were thrust out of Egypt, and couldn't wait, nor had they prepared any provisions for themselves.
40 Israelviwo nɔ Egipte ƒe alafa ene blaetɔ̃.
Now the time that the children of Israel lived in Egypt was four hundred and thirty years.
41 Le ƒe alafa ene blaetɔ̃ lia ƒe nuwuwu, le ŋkeke ma dzi tututu la, Yehowa ƒe amewo katã ʋu le Egipte.
And it came to pass at the end of four hundred thirty years, to the day, it came to pass that all the regiments of the LORD went out from the land of Egypt.
42 Yehowa tia zã sia be yeaɖe yeƒe amewo tso Egiptenyigba dzi, eya ta wòna zã sia zu gbe si gbe Israelviwo katã aɖu ale si Yehowa ɖe woe la ƒe ŋkekenyui ƒe sia ƒe.
It was a night when the LORD kept vigil to bring them out from the land of Egypt. So on this night all the children of Israel must keep a vigil to the LORD throughout their generations.
43 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Esiawoe nye se siwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ŋuti. “Amedzro aɖeke maɖu alẽvi la ƒe lã o,
And the LORD said to Moses and Aaron, "This is the ordinance of the Passover. No foreigner may eat of it,
44 gake kluvi si mieƒle hetso aʋa na la ate ŋu aɖui.
but every man's servant who is bought for money, after you have circumcised him, may he eat of it.
45 Agbatedɔwɔla alo amedzro si le mia gbɔ la, mekpɔ mɔ aɖui o.
A foreigner and a hired servant must not eat of it.
46 Mi ame siwo katã aɖu alẽvi ɖeka la, miaɖui le aƒe ɖeka me: miatsɔ ɖeke ado goe o, eye miagbã ƒu aɖeke hã o.
It is to be eaten in one house. You must not take any of the meat outside the house, and you are not to break any of its bones.
47 Israelviwo katã aɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖeka dzi.
All the congregation of Israel is to keep it.
48 “Ne amedzro siwo le mia gbɔ di be yewoaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kpli mi la, mina woƒe ŋutsuwo katã natso aʋa, ekema woate ŋu aɖui kpli mi. Ekema woazu abe ɖe wodzi wo ɖe mia dome ene. Ke bolotɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖu ŋutitotolẽvi la o.
If a foreigner lives with you and wants to keep the Passover to the LORD, all his males must be circumcised, and then he may take part and observe it, and he will be like one who is born in the land. But no uncircumcised person may eat of it.
49 Se ɖeka ma kee akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome.”
The same law will apply to the native-born and to the foreigner who lives among you."
50 Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na wo to Mose kple Aron dzi la dzi.
So all the children of Israel did as the LORD commanded Moses and Aaron, so they did.
51 Gbe ma gbe kee Yehowa kplɔ Israelviwo do goe tso Egiptenyigba dzi, le woƒe to vovovoawo me.
And it happened on this very day that the LORD brought the children of Israel out of the land of Egypt by their regiments.

< Mose 2 12 >