< Mose 2 11 >

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Magaɖo fuwɔame ɖeka pɛ ko ɖe Farao kple eƒe anyigba la dzi. Le esia megbe la, Farao aɖe asi le mia ŋu miadzo. Le nyateƒe me la, atsi dzi be miadzo ale gbegbe be wòanya mi le eƒe anyigba la dzi.
آنگاه خداوند به موسی فرمود: «یک بلای دیگر بر پادشاه مصر و قومش نازل می‌کنم تا شما را رها سازد. این بار او خود از شما خواهد خواست تا مصر را ترک گویید.
2 Gblɔ na Israel ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woadzra ɖo hena sikanuwo kple klosalonuwo ɣeɣe le wo xɔlɔ̃ siwo nye Egiptetɔwo la si.”
به تمام مردان و زنان قوم اسرائیل بگو که پیش از رفتن باید از همسایگان مصری خود اجناس طلا و نقره بخواهند.»
3 Elabena Yehowa na Egiptetɔwo lɔ̃ Israelviwo, eye Mose nye amegã aɖe le Egiptenyigba dzi; Farao ŋumewo kple Egiptetɔ bubuawo siaa bunɛ.
(خداوند قوم اسرائیل را در نظر مصری‌ها محترم ساخته بود و درباریان و تمام مردم مصر موسی را مردی بزرگ می‌دانستند.)
4 Azɔ la, Mose na nyanya Farao be, “Yehowa be, ‘Mato Egiptenyigba la katã dzi le zãtitina.
پس موسی به فرعون گفت: «خداوند می‌فرماید: حدود نیمه‌شب از میان مصر عبور خواهم کرد.
5 Ŋutsuvi tsitsiwo katã aku le ƒome ɖe sia ɖe me le Egipte, tso Farao ƒe viŋutsu tsitsitɔ, ame si aɖu fia ɖe eteƒe la dzi va se ɖe eƒe kluvi gblɔetɔ kekeake ƒe viŋutsu tsitsitɔ dzi. Gawu la, lãwo gɔ̃ hã ƒe ŋgɔgbeviwo hã aku.
همهٔ پسران نخست‌زادۀ خانواده‌های مصری خواهند مرد از پسر فرعون که جانشین اوست گرفته، تا پسر کنیزی که کارش دستاس کردن گندم است. حتی تمام نخست‌زاده‌های چارپایان مصر نیز نابود خواهند شد.
6 Konyifaɣli aɖi to Egiptenyigba blibo la dzi. Konyifafa sia tɔgbi menɔ anyi kpɔ o, eye etɔgbi magadzɔ akpɔ o.
چنان گریه و شیونی در سراسر مصر خواهد بود که نظیر آن تا به حال شنیده نشده و نخواهد شد.
7 “‘Ke avu aɖeke mawó gɔ̃ hã ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu o, eye woƒe lã aɖeke hã maku o.’ Ekema mianya be Yehowa de vovototo Egiptetɔwo kple Israelviwo dome!
اما از میان قوم اسرائیل و حیواناتشان حتی یک سگ هم پارس نخواهد کرد. آنگاه خواهی دانست که خداوند میان قوم اسرائیل و قوم تو تفاوت قائل است.
8 Wò aɖaŋudela siawo katã aƒu du ava tum, woade ta agu, eye woaƒo koko be, ‘Míeɖe kuku, midzo enumake, eye mikplɔ miaƒe amewo katã dzoe.’ Nya sia koe adzɔ hafi madzo!” Mose do dɔmedzoe, eye wòdzo le fiasã la me.
تمام درباریان تو در برابر من تعظیم کرده، التماس خواهند کرد تا هر چه زودتر بنی‌اسرائیل را از مصر بیرون ببرم. آنگاه من مصر را ترک خواهم گفت.» سپس موسی با عصبانیت از کاخ فرعون بیرون رفت.
9 Yehowa gblɔ na Mose do ŋgɔ be, “Farao maɖo to wò o. Nu sia ana mɔnukpɔkpɔm be mawɔ nukunu gãwo atsɔ aɖe nye ŋusẽ afia le Egipte.”
خداوند به موسی فرموده بود: «فرعون به حرفهای تو اعتنا نخواهد کرد و این به من فرصتی خواهد داد تا معجزات بیشتری در سرزمین مصر انجام دهم.»
10 Ale togbɔ be Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo le Farao ŋutɔ ƒe ŋkuta gɔ̃ hã la, Yehowa gana Farao gasẽ dzi me kokoko, ale be mena Israelviwo dzo le anyigba la dzi o.
با اینکه موسی و هارون در حضور فرعون آن همه معجزه انجام دادند، اما او بنی‌اسرائیل را رها نساخت تا از مصر خارج شوند، زیرا خداوند دل فرعون را سخت ساخته بود.

< Mose 2 11 >