< Mose 2 10 >
1 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgatsɔ wò biabia la ɖo eŋkume. Ke mana eya kple eƒe aɖaŋudelawo ƒe dzi me nagasẽ kokoko ale be mate ŋu awɔ nukunu bubuwo, eye maɖe nye ŋusẽ afia.
爰にヱホバ、モーセにいひたまひけるはパロの所に入れ我かれの心とその臣下の心を剛硬にせり是はわが此等の徴を彼等の中に示さんため
2 Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.”
又なんぢをして吾がエジプトにて行ひし事等すなはち吾がエジプトの中にてなしたる徴をなんぢの子となんぢの子の子の耳に語らしめんためなり斯して汝等わがヱホバなるを知べし
3 Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm.
モーセとアロン、パロの所にいりて彼にいひけるはヘブル人の神ヱホバかく言たまふ何時まで汝は我に降ることを拒むや我民をさらしめて我に事ふることをえせしめよ
4 Ne ègbe asiɖeɖe le ameawo ŋu la, mahe ʋetsuviwo va wò anyigba la dzi etsɔ.
汝もしわが民を去しむることを拒まば明日我蝗をなんぢの境に入しめん
5 Woatsyɔ anyigba la dzi ale gbegbe be anyigba la magadze o. Woaɖu numiemie sue siwo susɔ le kpetsi la megbe kple ati ɖe sia ɖe si le tsitsim le agble dzi.
蝗地の面を蔽て人地を見るあたはざるべし蝗かの免かれてなんぢに遺れる者すなはち雹に打のこされたる者を食ひ野に汝らのために生る諸の樹をくらはん
6 Woayɔ wò aƒewo me, wò dumegãwo ƒe aƒewo me kple Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo me, nu si mia fofowo loo alo mia tɔgbuiwo mekpɔ kpɔ, tso gbe si gbe wova anyigba sia dzi va se ɖe fifia o.’” Ale Mose trɔ dzo le Farao ŋkume.
又なんぢの家となんぢの臣下の家々および凡のエジプト人の家に滿べし是はなんぢの父となんぢの父の父が世にいでしより今日にいたるまで未だ嘗て見ざるものなりと斯て彼身をめぐらしてパロの所よりいでたり
7 Farao ƒe aɖaŋudelawo va Farao gbɔ azɔ, eye wobiae be, “Ɖe nèdi be yeatsrɔ̃ mí gbidigbidia? Ɖe mènya be fifia gɔ̃ hã la, nu sia nu gblẽ le Egipte oa? Ɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.”
時にパロの臣下パロにいひけるは何時まで此人われらの羂となるや人々を去しめてその神ヱホバに事ふることをえせしめよ汝なほエジプトの滅ぶるを知ざるやと
8 Wokplɔ Mose kple Aron va Fia Farao gbɔ. Farao gblɔ na wo azɔ be, “Enyo, miyi miasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la. Ke ame kawoe miedi be woayi kpli mi?”
是をもてモーセとアロンふたたび召れてパロの許にいたるにパロかれらにいふ往てなんぢらの神ヱホバに事よ但し往く者は誰と誰なるや
9 Mose ɖo eŋu be, “Míayi kple mía viŋutsuwo, mía vinyɔnuwo kple míaƒe lãwo, elabena ŋkekenyui ɖu ge míeyina na Yehowa.”
モーセいひけるは我等は幼者をも老者をも子息をも息女をも挈へて往き羊をも牛をもたづさへて往くべし其は我らヱホバの祭禮をなさんとすればなり
10 Farao yi edzi be, “Yehowa naɖi na mi, nyemaɖe asi le mia kple mia viwo ŋu miayi o. Eme kɔ ƒãa be nu gbegblẽ aɖee mieɖo ɖe ta me.
パロかれらにいひけるは我汝等となんぢらの子等を去しむる時はヱホバなんぢらと偕に在れ愼めよ惡き事なんぢらの面のまへにあり
11 Mi ŋutsuwo ɖeɖe ko, miyi miasubɔ Yehowa, elabena eyae nye nu si miebia.” Ale wonya wo ɖa le Farao ŋkume.
そは宜からず汝ら男子のみ往てヱホバに事よ是なんぢらが求むるところなりと彼等つひにパロの前より逐いださる
12 Yehowa gblɔ na Mose be, “Keke wò asiwo ɖe Egiptenyigba la dzi, ne ʋetsuviwo nado, woaxɔ anyigba blibo la dzi, eye woaɖu nu sia nu si kpetsi la gblẽ ɖi.”
爰にヱホバ、モーセにいひたまひけるは汝の手をエジプトの地のうへに舒て蝗をエジプトの國にのぞませて彼の雹が打殘したる地の諸の蔬を悉く食しめよ
13 Mose do eƒe atikplɔ ɖe dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya aɖe ƒo le ŋkeke kple zã blibo la me. Esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la he ʋetsuviwo vɛ.
モーセすなはちエジプトの地の上に其杖をのべければヱホバ東風をおこしてその一日一夜地にふかしめたまひしが東風朝におよびて蝗を吹きたりて
14 Ʋetsuviawo xɔ anyigba la dzi tso liƒo dzi yi liƒo dzi. Esiae nye ʋetsuviwo ƒe vava vɔ̃ɖitɔ le Egipte ƒe ŋutinya blibo la me, eye etɔgbi magava akpɔ o,
蝗エジプト全國にのぞみエジプトの四方の境に居て害をなすこと太甚し是より先には斯のごとき蝗なかりし是より後にもあらざるべし
15 elabena ʋetsuviawo xe anyigba la ƒe ŋkume, eye woxe ɣe hã ƒe ŋkume; ale viviti do ɖe anyigba la dzi. Gawu la, woɖu ati kple gbe ɖe sia ɖe si kpetsi la gblẽ ɖi, ale be nu mumu si nye ati alo gbe la ƒe ɖeke kura meganɔ Egiptenyigba blibo la dzi o.
蝗全國の上を蔽ひければ國暗くなりぬ而して蝗地の諸の蔬および雹の打殘せし樹の菓を食ひたればエジプト全國に於て樹にも田圃の蔬にも靑き者とてはのこらざりき
16 Farao ɖo du sesẽ aɖe ɖe Mose kple Aron enumake, eye wògblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu kple miawo ŋutɔ hã ŋu.
是をもてパロ急ぎモーセとアロンを召て言ふ 我なんちらの神ヱホバと汝等とにむかひて罪ををかせり
17 Migatsɔ nye nu vɔ̃ kem zi mamlɛtɔ sia ko, eye miaɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la be wòaɖe fukpekpe vɔ̃ɖi sia ɖa le dzinye.”
然ば請ふ今一次のみ吾罪を宥してなんぢらの神ヱホバに願ひ唯此死を我より取はなさしめよと
18 Le esia ta Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa,
彼すなはちパロの所より出てヱホバにねがひければ
19 eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o!
ヱホバはなはだ強き西風を吹めぐらせて蝗を吹はらはしめ之を紅海に驅いれたまひてエジプトの四方の境に蝗ひとつも遺らざるにいたれり
20 Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, eye meɖe asi le Israelviwo ŋu o.
然れどもヱホバ、パロの心を剛愎にしたまひたればイスラエルの子孫をさらしめざりき
21 Yehowa gblɔ na Mose be, “Do wò asi ɖe dziƒo ekema viviti tsiɖitsiɖi ado ɖe Egiptenyigba la dzi.”
ヱホバまたモーセにいひたまひけるは天にむかひて汝の手を舒べエジプトの國に黑暗を起すべし其暗黑は摸るべきなりと
22 Mose wɔ alea, eye blukɔ tsiɖitsiɖi aɖe do ɖe Egiptenyigba blibo la dzi ŋkeke etɔ̃.
モーセすなはち天にむかひて手を舒ければ稠密黑暗三日のあひだエジプト全國にありて
23 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Egiptetɔwo megatea ŋu ʋãna o, le esime kekeli nɔ Israelviwo gbɔ abe tsã ene.
三日の間は人々たがひに相見るあたはず又おのれの處より起ものなかりき然どイスラエルの子孫の居處には皆光ありき
24 Farao yɔ Mose, eye wògblɔ nɛ be, “Miyi miasubɔ Yehowa, gake miagblẽ miaƒe lãwo ɖe afi sia. Miate ŋu akplɔ mia viwo gɔ̃ hã ayii.”
是に於てパロ、モーセを呼ていひけるは汝等ゆきてヱホバに事よ唯なんぢらの羊と牛を留めおくべし汝らの子女も亦なんぢらとともに往べし
25 Mose ɖo eŋu be, “Kpao, ele be míakplɔ míaƒe lãwo hã ayi hena vɔsa kple numevɔsa na Yehowa, míaƒe Mawu la.
モーセいひけるは汝また我等の神ヱホバに献ぐべき犠牲と燔祭の物をも我儕に與ふべきなり
26 Míagblẽ lã aɖeke ɖi o, eye lã aɖeke ƒe afɔkli gɔ̃ hã matsi anyi o, elabena ele be míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la, eye míate ŋu anya lã siwo wòatia o, va se ɖe esime míaɖo afi ma.”
われらの家畜もわれらとともに往べし一蹄も後にのこすべからず其は我等その中を取てわれらの神ヱホバに事べきが故なりまたわれら彼處にいたるまでは何をもてヱホバに事ふべきかを知ざればなりと
27 Ale Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ, eye meɖe asi le ameawo ŋu o.
然れどもヱホバ、パロの心を剛愎にしたまひたればパロかれらをさらしむることを肯ぜざりき
28 Farao blu ɖe Mose ta be, “Bu le afi sia kaba! Mègana makpɔ wò mo azɔ gbeɖegbeɖe o. Gbe si gbe nàgado ɖe nye ŋkume la, ku kee nàku.”
すなはちパロ、モーセに言ふ我をはなれて去よ自ら愼め重てわが面を見るなかれ汝わが面を見る日には死べし
29 Mose ɖo eŋu be, “Enyo; mesee. Nyemagado ɖe wò ŋkume azɔ o.”
モーセいひけるは汝の言ふところは善し我重て復なんぢの面を見ざるべし