< Ester 1 >

1 Fia Ahasuerus nye fia ɖe Media kple Persianyigbawo dzi. Eɖu fia ɖe dukɔ alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre dzi, tso India yi keke Kus.
アハシユエロスすなはち印度よりエテオピヤまで百二十七州を治めたるアハシユエロスの世
2 Le ɣe ma ɣi me la, Fia Ahasuerus nɔ eƒe fiazikpui dzi le Susa mɔ gã la me.
アハシユエロス王シユシヤンの城にてその國の祚に坐しをりける当時
3 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo kplɔ̃ gã aɖe ɖe Susa fiasã la me. Ekpe bubumewo, fiaŋumewo kple aʋakplɔlawo kple ame ŋkutawo tso Media kple Persia ƒe nutowo katã me.
その治世の第三年にその牧伯等および臣僕等のために酒宴を設けたり ペルシヤとメデアの武士および貴族と讃州の牧伯等その前にありき
4 Woɖu ŋkekenyui sia ŋkeke alafa ɖeka kple blaenyi sɔŋ, eye wòɖe dziɖuɖu ƒe kesinɔnuwo kple bubu fia.
時に王その盛なる國の富有とその大なる威の榮を示して衆多の日をわたり百八十日に及びぬ
5 Esi wowu ŋkekenyui gã sia ɖuɖu nu la, Fia la ɖo kplɔ̃ tɔxɛ na fiasã la me nɔlawo, amegãwo kple subɔlawo siaa, ŋkeke adre le xɔxɔnu si le abɔ la ŋgɔ le Susa mɔ gã la me.
これらの日のをはりし時 王また王の宮の園の庭にてシユシヤンに居る大小のすべての民のために七日の間酒宴を設けたり
6 Wotsi avɔ, ɣitɔ kple blɔtɔ siwo ŋu wosa aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe kawo ɖo la ɖe klosalosigɛ siwo wowɔ ɖe sɔti siwo wotu kple kpe xɔasiwo me la ŋu. Sikazikpuiwo kple klosalozikpuiwo nɔ gbadzaƒe si wowɔ kple kpe xɔasi yibɔtɔwo, dzĩtɔwo, ɣitɔwo kple aŋgbaɖiɖitɔwo.
白緑青の帳幔ありて細布と紫色の紐にて銀の環および蝋石の柱に繋がるまた牀榻は金銀にして赤白黄黒の蝋石の上に居らる
7 Wona wain ameawo ɖe sikakplu siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la me. Wain si fia la na amewo la sɔ gbɔ ŋutɔ.
金の酒盃にて酒を賜ふその酒盃は此と彼おのおの異なり王の用ゐる酒をたまふこと夥だし王の富有に適へり
8 Le fia la ƒe sedede nu la, ame sia ame ano wain agbɔsɔsɔ si eya ŋutɔ di be yeano la. Fia la ɖo na eƒe ahakulawo be woaɖe asi le ame sia ame ŋu wòawɔ nu si dze eŋu.
その飮むことは法にかなひて誰も強ることを爲ず 其は王人として各々おのれの好むごとく爲しむべしとその宮内のすべての有司に命じたればなり
9 Fianyɔnu Vasti hã ɖo kplɔ̃ gã aɖe na nyɔnu siwo nɔ Fia Ahasuerus ƒe fiasã la me ɣe ma ɣi tututu.
后ワシテもまたアハシユエロス王に属する王宮の内にて婦女のために酒宴をまうけたり
10 Le ŋkeke adrea gbe esime wain na be Fia Ahasuerus mu aha afã kple afã, eye wònɔ dzidzɔ kpɔm la, eyɔ ŋutsusubɔla adre siwo wotia be woanɔ esubɔm la va eɖokui gbɔe. Ame siawoe nye Mehuman, Bizta, Harbona, Bigta, Abagta, Zetar kple Karkas.
第七日にアハシユエロス王酒のために心樂み王の前に事ふる七人の侍從メホマン、ビスタ、ハルボナ、ビグタ、アバグタ、セタルおよびカルカスに命じ
11 Fia la ɖe gbe na wo be woakplɔ Fianyɔnu Vasti vɛ, wòaɖɔ eƒe fiakuku, ale be ameawo katã nakpɔ eƒe tugbedzedze. Nyateƒe, Fianyɔnu Vasti dze tugbe ŋutɔŋutɔ.
后ワシテをして后の冠冕をかぶりて王の前に來らしめよと言り 是は彼観に美しければその美麗を民等と牧伯等に見さんとてなりき
12 Ke esi dɔlawo gblɔ nɛ be fia la be wòava la, egbe meyi o. Fia la do dɔmedzoe ŋutɔ.
しかるに后ワシテ侍從が傅へし王の命に從ひて來ることを肯はざりしかば王おほいに憤ほりて震怒その衷に燃ゆ
13 Ke asi wònye woƒe kɔnu be fia la naxɔ aɖaŋu le se kple afiatsotso ƒe nyawo me le ame siwo nya se nyuie gbɔ la, eƒo nu kple nunyala siwo se ɣeyiɣiawo gɔme nyuie.
是において王時を知る智者にむかひて言ふ(王はすべて法律と審理に明かなる者にむかひて是の如くするを常とせり
14 Fiaŋume siwo fia la ƒo nu kplii la woe nye, Karsena, Setar, Admata, Tarsis, Meres, Marsena kple Memukan. Ame adre siawoe nye Persia kple Media bubumewo, wonye ame siwo tena ɖe fia la ŋu kpokploe, eye wonye ame siwo si ɖoƒe kɔkɔtɔwo kekeake le le fiaɖuƒe la me.
時に彼の次になりし者はペルシヤおよびメデアの七人の牧伯カルシナ、セタル、アデマタ、タルシシ、メレス、マルセナ、メムカンなりき 是みな王の面を見る者にして國の第一に位せり)
15 Fia la bia wo be, “Le sea nu ɖe, nu ka wòle be woawɔ Fianyɔnu Vasti? Mewɔ ɖe gbe si Fia Ahasuerus ɖo ɖee to ŋutsu tatawo dzi la dzi o.”
后ワシテ、アハシユエロス王が侍從をもて傅へし命を爲されば法律にしたがひて如何に彼になすべきや
16 Memukan ƒo nu ɖe bubumeawo nu gblɔ be, “Fianyɔnu Vasti da vo, menye ɖe fia la ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe fiaŋume ɖe sia ɖe kple ame sia ame si le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒea me la ŋu.
メムカン王と牧伯たちの前に答へて曰ふ 后ワシテは唯王にむかひて惡き事をなしたる而已ならず一切の牧伯たちおよびアハシユエロス王の各州のもろもろの民にむかひてもまた之を爲るなり
17 Ne Persia kple Media nyɔnu ɖe sia ɖe se nu si Fianyɔnu Vasti wɔ ɖe fia la ŋu la, woade asi aglãdzedze me ɖe wo srɔ̃wo ŋu, eye wòagblɔ be Fia Ahasuerus ɖe gbe be woakplɔ Fianyɔnu Vasti va ye ŋkume, gake egbe vava.
后のこの事あまねく一切の婦女に聞えて彼らつひにその夫を藐め観て言ん アハシユエロス王后ワシテに已のまへに來れと命じたりしに來らざりしと
18 Hafi zã nado la, mí, wò aɖaŋuɖolawo katã srɔ̃wo ase nu si fiasrɔ̃ la wɔ, eye woade asi nuƒoƒo me na mí bubumewo, wo srɔ̃wo hã nenema tututu, ekema vlodoame kple dɔmedzoe koe anɔ wò fiaɖuƒe blibo la me. Nuwuwu manɔ anyi na amemabumabu kple tɔtɔ sia o,
而して后の此所行を聞るペルシヤとメデアの諸夫人もまた今日王のすべての牧伯等に是のごとく言ん然すれば必らず藐視と忿怒多く起るべし
19 eya ta míele edom ɖa be, ne fia la lɔ̃ la, ekema nàde se tɔxɛ aɖe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo, se si womate ŋu atrɔ gbeɖegbeɖe o la, be Fianyɔnu Vasti magado ɖe Fia Ahasuerus ŋkume gbeɖegbeɖe o, eye nàtia fianyɔnu bubu si nyo wu Vasti.
王もし之を善としたまはばワシテは此後ふたたびアハシユエロス王の前に來るべからずといふ王命を下し之をペルシヤとメデアの律法の中に書いれて更ること無らしめ而してその后の位を彼に勝れる他の者に與へたまへ
20 Ne wode se sia le wò fiaɖuƒe gã la me la, nyɔnuwo ade bubu wo srɔ̃ŋutsuwo ŋu tso tsitsiawo dzi va se ɖe ɖeviawo dzi.”
王の下したまはん御詔この大なる御國に徧ねく聞えわたる時は妻たる者ことごとくその夫を大小となく共に敬まふべしと
21 Fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kpɔ ŋudzedze le Memukan ƒe aɖaŋuɖoɖo la ŋu, ale fia la wɔ ɖe Memukan ƒe susu la dzi.
王と牧伯等この言を善としければ王メムカンの言のごとく爲たり
22 Woɖo agbalẽwo ɖe nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe la me le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me, eye wote gbe ɖe edzi le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me be ŋutsu ɖe sia ɖe naɖu eƒe aƒe dzi, eye wòana ame sia ame nade bubu eŋu abe aƒea ƒe tatɔ ene.
かくて王の諸州に徧ねく書をおくりもろもろの州にその文字にしたがひて書おくりもろもろの民にその言語にしたがひて書おくり凡て男子たる者はその家の主となるべくまたおのれの民の言を用ひてものいふべしと諭しぬ

< Ester 1 >