< Ester 9 >

1 Le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, wowɔ ɖe se si fia la de la dzi. Le ŋkeke sia dzi la, Yudatɔwo ƒe futɔwo kpɔ mɔ be yewoaɖu wo dzi, gake azɔ la, nuwo trɔ bubui, eye Yudatɔwo ƒe alɔ yi dzi ɖe ame siwo lé fu wo la ŋu.
Now in the twelfth month (that is the month of Adar), on the thirteenth day, when the king’s command and his decree was about to put into execution, on the day that the enemies of the Jews hoped to gain the mastery over them, then the tables were turned so that the Jews had the mastery over those who hated them.
2 Yudatɔwo ƒo ƒu ɖe du vovovo siwo me wonɔ la me le nuto siwo katã nɔ Fia Ahasuerus ƒe dziɖuɖu te la me be woawɔ avu kple ame siwo katã nɔ woƒe gbegblẽ dim. Ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o, elabena ame siwo tso gbegbɔgblɔ bubuwo me la nɔ vɔvɔ̃m na wo.
The Jews gathered together in the cities throughout all the provinces of King Ahasuerus, to attack anyone who tried to harm them. No one could withstand them, for the fear of them had fallen on all the peoples.
3 Bubume siwo katã nɔ nutoawo me, dumegãwo, mɔmefiawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, elabena Mordekai ƒe ŋɔdzi lé wo katã.
All the princes of the provinces and the satraps and the governors and they who attended to the king’s business, helped the Jews, because the fear of Mordecai had fallen on them.
4 Mordekai nye ame ŋkuta aɖe le fiasã la me, eƒe ŋkɔ ɖi de fiaɖuƒe la ƒe akpa sia akpa, eye eƒe ŋusẽ ganɔ dzi dem ɖe edzi ɣe sia ɣi.
For Mordecai was great in the king’s palace, and as his power increased his fame spread throughout all the provinces.
5 Yudatɔwo ƒo woƒe futɔwo katã ƒu anyi, eye wowu wo kple yi hetsrɔ̃ wo. Ale wowɔ nu si dze wo ŋu la na woƒe futɔwo.
The Jews put all their enemies to the sword and, with slaughter and destruction, they did what they wanted to those who hated them.
6 Le Susa mɔ gã la me la, Yudatɔwo wu, eye wotsrɔ̃ ŋutsu alafa atɔ̃.
In Susa the capital the Jews killed five hundred people.
7 Wowu Parsandata, Dalfon, Aspata,
They killed Parshandatha, Dalphon, Aspatha,
8 Porata, Adalia, Aridata,
Poratha, Adalia, Aridatha,
9 Parmasta, Arisai, Aridai kple Vaizata,
Parmashta, Arisia, Aridai, and Vaizatha,
10 ame siwo nye Hamedata ƒe viwo, Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe viŋutsu ewoawo, gake womeha woƒe afunyinu aɖeke o.
the ten sons of Haman the son of Hammedatha, the Jews’ enemy; but they did not take any plunder.
11 Gbe ma gbe fiẽ la, wogblɔ ame siwo wowu le Susa mɔ gã la me ƒe xexlẽme na Fia Ahasuerus.
On that day the number of those who were slain in Susa was brought before the king,
12 Fia la gblɔ na Fianyɔnu Ester be, “Yudatɔwo wu ame alafa atɔ̃ sɔŋ le Susa mɔ gã la me, ame siwo dome Haman ƒe viŋutsu ewoawo hã le. Ne miewɔ alea le afi sia la, mekpɔ nu si miewɔ le nye fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo ɖa! Ke azɔ la, nu bubu ka dim nègale? Mawɔe na wò, gblɔe nam ko, ekema mawɔe.”
and the king said to Queen Esther, “The Jews have slain five hundred people in Susa, and the ten sons of Haman. What then have they done in the rest of the king’s provinces! Now what is your petition? It will be granted to you. What is your request? It will be done.”
13 Ale Ester gblɔ be, “Ne edze ŋuwò la, ekema nàɖe mɔ be Yudatɔ siwo le Susa le afii la, nagawɔ nu si wowɔ egbe la etsɔ hã, eye nàna woatsi Haman ƒe viŋutsuwo ƒe kukuawo ɖe kadeveti la ŋu.”
“If it please the king,” Esther said, “let it be granted to the Jews who are in Susa to do tomorrow also according to this day’s decree. Let the bodies of Haman’s ten sons be hanged on the gallows.”
14 Fia la lɔ̃, woɖe gbeƒã se si ɖe mɔ le nu sia ŋu la le Susa. Ale wotsi Haman ƒe viŋutsu ewoawo ƒe kukuawo ɖe kadeveti la ŋu.
And the king commanded it to be done. A decree was given out in Susa and they hung the bodies of Haman’s ten sons on the gallows.
15 Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuienea gbe, eye wogawu ame alafa etɔ̃. Ke womeha ame kukuawo ƒe nuwo o.
The Jews who were in Susa gathered themselves together again on the fourteenth day of the month of Adar. They killed three hundred people in Susa. But they did not take any plunder.
16 Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔ siwo nɔ fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo la ƒo ƒu, eye wotsrɔ̃ woƒe futɔwo katã. Wowu woƒe futɔ akpe blaadre-vɔ-atɔ̃, gake womeha woƒe nuwo o.
And the other Jews who were in the king’s provinces gathered themselves together and fought for their lives and overcame their enemies. They killed seventy-five thousand who hated them. But they did not take any plunder.
17 Wowɔ nu sia le nutoawo me le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi. Le ŋkeke wuienea gbe la, wodzudzɔ wo ɖokuiwo, eye wowɔe wònye nuɖuɖu kple nunono kpakple dzidzɔkpɔgbe.
This was on the thirteenth day of Adar. On the fourteenth day of the month Adar the Jews rested and made it a day of feasting and rejoicing.
18 Ke Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti la ƒe ŋkeke wuietɔ̃a kple wuienea gbe, eye wodzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke wuiatɔ̃a gbe hewɔe wònye nuɖuɖu kple nunono kpakple dzidzɔkpɔgbe.
(But the Jews in Susa gathered on both the thirteenth and fourteenth day – and rested on the fifteenth day of the same month and made it a day of feasting and rejoicing.)
19 Esia tae Yudatɔ siwo le kɔƒewo me la, ɖoa ŋku Ada alo ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke wuienelia dzi heɖunɛ le dzidzɔkpɔkpɔ kple nuɖuɖu kple nunono me. Wonaa nunana wo nɔewo hã le ŋkeke ma dzi.
This is why the Jews who live in the country villages keep the fourteenth day of the month of Adar as a day of rejoicing and feasting and a holiday, and a day in which they send gifts of food to each other.
20 Mordekai ŋlɔ nu tso nya siawo katã ŋuti, eye wòɖo agbalẽ la ɖe Yudatɔwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me.
Mordecai had these things recorded. He sent letters to all the Jews who were in all the provinces of the King Ahasuerus, both near and far.
21 Edo ŋusẽ wo be woaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia dzi.
He told them to keep the fourteenth day of the month of Adar and also the fifteenth day every year,
22 Woaɖu ŋkeke la abe ŋkeke si dzi woɖe Yudatɔwo tso woƒe futɔwo ƒe asi me ene, woagaɖui abe ɣleti si me woƒe vevesese trɔ zu dzidzɔkpɔkpɔ, eye woƒe konyifagbe zu aseyetsogbe la ene. Eŋlɔ na wo be woaɖu ŋkekeawo abe nuɖugbe, nunogbe kple dzidzɔkpɔgbe ene, woana nuɖuɖu wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo hã.
as the days on which the Jews had rest from their enemies, and the month which was turned from sorrow to gladness and from mourning into a feast day. They should make them days of feasting and gladness and of sending gifts of food to each other and of gifts to the poor.
23 Ale Yudatɔwo lɔ̃ heɖua ŋkeke la abe ale si wodze egɔmee ene ɖe nu si Mordekai ŋlɔ na wo la nu.
So what the Jews had begun to do they adopted as a custom, just as Mordecai had written to them.
24 Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ, Yudatɔwo ƒe futɔ, ɖo nugbe ɖe Yudatɔwo ŋu be yeatsrɔ̃ wo, eye woka nu kple pur be yeagblẽ wo dome, atsrɔ̃ wo,
For Haman the son of Hammedatha, the Agagite, the enemy of all the Jews, had plotted to destroy them. He had cast ‘Pur’, that is the lot, intending to consume them and to destroy them.
25 gake esi nugbeɖoɖo la dze go to Ester dzi na fia la, ena woŋlɔ agbalẽ, ɖe gbe be nu vɔ̃ɖi si Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la, neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye be eya kple viawo la, woade ka ve na wo,
But when the matter came before the king, he gave written orders that his wicked plot, which he had planned against the Jews, should come upon his own head, and that he and his sons should be hanged on the gallows.
26 eya ta wona ŋkɔ ŋkekenyui sia be Purim, elabena woyɔa nukaka le Persiagbe me be pur. Le nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple nu si wokpɔ kple nu si va dzɔ ɖe wo dzi ta la,
This is why these days are called Purim, after the word Pur. Therefore because of all the words of this letter, as well as all they had seen, and all they had experienced,
27 Yudatɔ siwo katã nɔ fiaɖuƒe la me la lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze kɔnu sia wɔwɔ gɔme, eye yewoatsɔe ade asi na yewoƒe dzidzimeviwo kple ame siwo katã azu Yudatɔwo. Woɖo be yewomagbe ŋkekenyui sia ɖuɖu le ŋkeke eve siawo dzi le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi ƒe sia ƒe o.
the Jews established and made it a custom for them, for their descendants, and for all who should join them, so that it might not be repealed, that they should continue to observe these two days as feasts each year,
28 Woɖo be wòanye nu si woawɔ ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime, woaɖui le ƒome ɖe sia ɖe me, le kɔƒewo kple du gãwo siaa me le fiaɖuƒe la me, ale be ŋkuɖoɖo nya si dzɔ dzi la mabu le Yudatɔwo dome alo le woƒe dzidzimeviwo dome o.
and that these days should be remembered and kept throughout every generation, every family, every province, and every city. And these days of Purim should not pass away from among the Jews nor the remembrance of them disappear among their descendants.
29 Fianyɔnu Ester, Abihail ƒe vi hã ŋlɔ agbalẽ helɔ̃ ɖe agbalẽ si Mordekai ŋlɔ tso Purim ŋuti la dzi.
Queen Esther, the daughter of Abihail, gave Mordecai the Jew all authority in writing to confirm this second letter of Purim.
30 Kpe ɖe esia ŋu la, wogaŋlɔ agbalẽ na Yudatɔwo katã, eye woɖoe ɖe nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adreawo katã me le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me, hedi nyui kple ŋutifafa na ame sia ame.
He sent letters to all the Jews, to the hundred and twenty-seven provinces of the kingdom of Ahasuerus, wishing them peace and security,
31 Wodi tomefafa kple dedinɔnɔ na wo, eye woɖo na wo kple woƒe dzidzimeviwo be woaɖu Purim ŋkekenyui la le eɖuɣi tututu abe ale si wowɔa se siwo ku ɖe nutsitsidɔ kple konyifaɣiwo ŋu la dzi ene. Mordekai kple Fianyɔnu Ester siaae de se sia.
to confirm these days of Purim in their proper times, to be observed as Mordecai the Jew and Queen Esther had directed and as the Jews had proscribed for themselves and their descendants, in the matter of the fastings and their cry of lamentation.
32 Ale Ester ƒe sedede ɖo kpe ŋkeke sia dzi, eye woŋlɔe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ la me.
And the commands of Esther confirmed these matters of Purim; and it was written in the records.

< Ester 9 >