< Ester 6 >

1 Fia Ahasuerus mete ŋu dɔ alɔ̃ le gbe ma gbe ƒe zã me o, eya ta wòna wotsɔ fiasã la ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, si ku ɖe eƒe dziɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti vɛ be woaxlẽ nɛ.
那一夜,君王因失眠,便命人取大事錄,即年鑑來,在他面前誦讀。
2 Woke ɖe eŋu le agbalẽ la me be, Bigtan kple Teres, fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo kple agbonudzɔla eve wowɔ ɖoɖo ɖe Fia Zerzes wuwu ŋuti, eye Mordekai na fia la nya.
書上這樣記載:摩爾德開如何告發了君王的兩個守門太監彼革堂和特勒士,企圖殺害薛西斯王的事。
3 Fia la bia eƒe aɖaŋudelawo be, “Nu ka tututue míena Mordekai le nyanyanana sia ta?” Eƒe aɖaŋudelawo ɖo eŋu be, “Womena nanekee o!”
王問說:「摩爾德開為這事得到什尊榮和地位﹖」服侍他的僕答說:「他什麼也沒有得到。」
4 Fia la bia be, “Ame kae le xɔxɔnu afi ma?” Eva eme be Haman va ɖo afi ma teti be yeabia fia la be wòaɖe mɔ na ye yeade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti si tum yenɔ la ŋu.
正當君王探聽摩爾德開的賢德時,恰巧哈曼在庭院裏,於是王問說:「是誰在庭院裏﹖」原來哈曼正走到了王宮的外庭,要請求君王把摩爾德開懸在他豎起的刑架上。
5 Aɖaŋudelawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame si le afi ma lae nye Haman.” Fia la ɖe gbe be, “Miyɔe ɖa.”
王的僕役答應說:「是哈曼站在庭院裏。」王說:「叫他進來! 」
6 Ale Haman yi fia la gbɔ, eye fia la biae be, “Nu ka woawɔ atsɔ ade bubu ame aɖe si ŋu mekpɔ ŋudzedze tɔxɛ le la?” Tete Haman bu le eƒe ta me be, “Ame ka gɔ̃ ŋu fia la ade bubui ne menye nye ko oa?”
哈曼進來,王對他說:「假如君王要顯耀一個人,應該怎樣對待他﹖」哈曼心想:除我以外,君王還能顯耀誰呢﹖
7 Ale wòɖo eŋu na fia la be, “Hena ame si ƒe nu do dzidzɔ na fia la, eye wòdi be yeade bubu eŋu la,
於是哈曼對君王說:「大王對願顯耀的人,
8 fia la nana woatsɔ fiawu ado nɛ, wòana wòado fia la ƒe sɔ, woaɖɔ fia la ƒe fiakuku nɛ.
應拿出大王穿的龍袍和大王騎的頭戴「御馬冠」的駿馬;
9 Ekema fia la nana woatsɔ fiawu la kple fia la ƒe sɔ la ade asi na fia la ƒe bubume ɖeka. Fia la nana wodoa fiawu la na ame si ƒe nu do dzidzɔ nɛ wòbe yeade bubu eŋu, ekema bubume la anɔ sɔ la ŋgɔ, woato dua ƒe ablɔwo dzi, eye bubume la nanɔ gbeƒã ɖem le eŋgɔ be, ‘Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu.’”
將龍袍和駿馬交給大王的一個大臣,叫他給大王所要顯耀的人穿上,領他騎著御馬在城中的廣場遊行,還要有人走在他前面喊道:看,凡皇上願意顯耀的人,就是這樣的待他。」
10 Fia la gblɔ na Haman be, “Enyo ŋutɔ! Ɖe abla nàtsɔ fiawu la kple nye sɔ la, eye nàwɔ nu si nègblɔ la tututu na Mordekai, Yudatɔ, ame si nɔa agboa nu. Wɔ nu sia abe ale si nègblɔe ene la pɛpɛpɛ!”
王對哈曼說:「趕快拿龍袍和駿馬來,就照你所說的,去對待坐在御門旁的那猶太人摩爾德開罷! 凡你所說的,一點也不可忽略! 」
11 Ale Haman tsɔ fiawu la do na Mordekai, ena wòdo fia la ŋutɔ ƒe sɔ, eye wòkplɔe to dua ƒe ablɔwo dzi, nɔ ɣli dom le eŋgɔ be, “Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu!”
哈曼就拿了龍袍和駿馬來,先給摩爾德開穿上龍袍,然後扶他騎上駿馬,領他在市內的廣場遊行,還走在他前面喊道:「凡皇上願意顯耀的人,就是這樣的待他。」
12 Le esia megbe la, Mordekai trɔ yi eƒe dɔwɔƒe, ke Haman ɖe abla yi aƒe me kple nuxaxa blibo.
事後,摩爾德開回到御門,哈曼卻趕快回了家,蒙著頭飲泣。
13 Egblɔ nu siwo katã va dzɔ ɖe edzi la na srɔ̃a, Zeres kple exɔlɔ̃wo. Eƒe aɖaŋuɖolawo kple srɔ̃a wogblɔ nɛ be, “Zi ale si Mordekai, ame si dzi wò anyidzedze dze egɔme tsoe nye Yudatɔ la, màte ŋu anɔ te ɖe enu o; vavã àtsrɔ̃ godoo!”
哈曼將所遭遇的,都給他的愛妻則勒士和朋友述說了。他的謀士和愛妻則勒士對他說:「在摩爾德開前,你既開始失敗,如果他真是猶太人,你決不能得勝他,終必敗於他前。」
14 Esime woganɔ ŋugble dem tso nya sia ŋu kplii la, fia la ƒe ame dɔdɔawo va kplɔ Haman yi Ester ƒe kplɔ̃ si wòɖo la ŋu.
他們正同他談論時,王的太監來催哈曼赴艾斯德爾設的盛宴。

< Ester 6 >