< Ester 3 >

1 Le nu siawo megbe la, Fia Ahasuerus do Haman, ame si nye Hamedata, Agagitɔ ƒe vi la, ɖe ŋgɔ wòzu dukɔkplɔlawo dometɔ gãtɔ. Eyae nye ame si kplɔ fia la ɖo le ŋusẽkpɔkpɔ me le fiaɖuƒe blibo la me.
Après ces événements, le roi Assuérus agrandit Aman, fils de Medatha, l'Agagite, et il l'éleva et plaça son siège au-dessus de tous les Grands de son entourage.
2 Azɔ la, ame sia ame si le fiasã la ƒe agbo nu la bɔbɔna, dea ta agu na Haman ne eva yina, le Fia Ahasuerus ƒe sedede nu. Mordekai ya gbe, mebɔbɔna dea ta agu na Haman o.
Et tous les serviteurs du roi qui se tenaient à la porte du roi, se courbaient et se prosternaient devant Aman, car tel était l'ordre du roi à son égard. Mais Mardochée ne se courbait, ni ne se prosternait.
3 Esia ta, dɔnunɔla siwo nɔ fia la ƒe agbo nu la bia Mordekai be, “Nu ka ta nèle fia la ƒe se dzi dam ɖo?”
Alors les serviteurs du roi qui se tenaient à la porte du roi, dirent à Mardochée: Pourquoi contreviens-tu à l'ordre du roi?
4 Azɔ gbe sia gbe woƒonɛ ɖe enu, gake egbe be yemawɔe o. Ale wogblɔ nya la na Haman ne woakpɔe ɖa be, Mordekai ƒe wɔnawo ado dzidzɔ nɛ hã, elabena Mordekai na wonya be Yudatɔe yenye.
Et comme ils le lui disaient chaque jour, et qu'il ne les écoutait point, ils informèrent Aman pour voir si les discours de Mardochée tiendraient. Car il leur avait découvert qu'il était Juif.
5 Esi Haman kpɔ be Mordekai mele klalo be yeade ta agu na ye alo ade bubu ye ŋu o la, dzi kui vevie ŋutɔ.
Et Aman voyant que Mardochée ne se courbait ni ne se prosternait devant lui, il fut rempli de fureur.
6 Ke esi wònya Mordekai kple eƒe amewo ta la, susu be woawu eya ɖeka la nye nu sue aɖe ko nɛ, eya ta Haman di mɔ nyuitɔ si dzi wòato atsrɔ̃ Yudatɔwo katã, ame siwo nye Mordekai ƒe amewo le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la katã me.
Mais Aman trouvait indigne de lui de mettre la main sur Mardochée seul; car on lui avait découvert quel était le peuple de Mardochée, et Aman chercha à exterminer tous les Juifs qui se trouvaient dans tout l'empire d'Assuérus, le peuple de Mardochée.
7 Le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me le ɣleti gbãtɔ, Nisan me la, woda akɔ si woyɔna be, pur la le Haman ŋkume be woatia ɣleti aɖe kple eƒe ŋkeke aɖe. Wotia ɣleti wuievelia si nye Adar.
Au premier mois, qui est le mois de Nisan, la douzième année du roi Assuérus, on consulta le Pur, c'est-à-dire le sort, devant Aman pour tous les jours et pour tous les mois jusqu'au douzième mois qui est le mois d'Adar.
8 Tete Haman te ɖe Fia Ahasuerus ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dukɔ tɔxɛ aɖe me tɔwo kaka ɖe wò fiaɖuƒe la ƒe nutowo katã me. Woƒe sewo to vovo tso dukɔ ɖe sia ɖe tɔ gbɔ. Gawu la, womewɔa fia la ƒe sewo dzi o, eya ta mede fia la dzi ne wòaɖe asi le wo ŋu be woanɔ agbe o.
Et Aman dit au roi Assuérus: Il est un peuple séparé, et disséminé parmi les peuples dans toutes les provinces de ton empire, dont les lois diffèrent de celles de tous les peuples, et il ne pratique point les lois du roi; et il ne convient point au roi de le tolérer.
9 Ne edze fia ŋu la, ekema nàɖe gbe be woatsrɔ̃ wo katã. Mada klosalo tɔn alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ atsɔ ade fia la ƒe gakotoku me ne woatsɔ axe fee na ŋutsu gadzraɖoƒe la dzikpɔla be woatsɔ axe fe na ame siwo awɔ dɔ sia.”
Si le roi le trouve bon, qu'on rédige l'édit de leur destruction; et je paierai dix mille talents d'argent pesant, entre les mains des intendants pour les faire entrer au trésor royal.
10 Fia la lɔ̃ ɖe susu sia dzi. Eɖe eƒe ŋkɔsigɛ le eƒe asibidɛ ŋu hetsɔ na Haman, Hamedata, Agagitɔ la ƒe vi, Yudatɔwo ƒe futɔ la, abe kpeɖoɖo nya sia dzi ƒe dzesi ene.
Alors le roi tira son anneau de son doigt, et le donna à Aman, fils de Medatha, l'Agagite, l'ennemi des Juifs.
11 Fia la gblɔ na Haman be, “Wò ga la nenɔ anyi ko, gake wɔ nu si dze ŋuwò, eye wònyo na wò kple ame siawo la.”
Et le roi dit à Aman: L'argent t'est donné, le peuple aussi, pour que tu en fasses ce que tu voudras.
12 Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, woyɔ agbalẽŋlɔla siwo katã le fiasã me la ƒo ƒu, woŋlɔ agbalẽ ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe si wogblɔna le fiaɖuƒe la me la me. Wowɔe ɖe Haman ƒe sedede nu na fia la ƒe dɔnunɔlawo, mɔmefia siwo le nutowo me dzi kpɔm kple gbegbɔgblɔ vovovowo ƒe ame ŋkutawo. Woŋlɔ lɛta la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ eƒe ŋkɔsigɛ de ete.
Alors furent convoqués les Secrétaires du roi, le premier mois, le treizième jour du mois, et l'on écrivit en tout point dans le sens que prescrivait Aman, aux satrapes du roi et aux gouverneurs de chaque province, et aux chefs de chaque peuple, province par province, dans leur écriture, et peuple par peuple, dans sa langue; c'est au nom du roi Assuérus que l'on écrivit, et on scella avec l'anneau du roi.
13 Wotsɔ agbalẽa na dɔtsɔlawo be woatsɔ ayi nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe blibo la me, ale be woaɖe gbe be woawu Yudatɔwo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyɔnuwo kple vidzĩwo siaa le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo abe afunyinuwo ene.
Et des lettres furent expédiées par courriers dans toutes les provinces du roi, à l'effet d'exterminer, massacrer et faire périr tous les Juifs, de l'adolescent au vieillard, petits enfants et femmes, en un jour, le treizième du douzième mois, c'est-à-dire du mois d'Adar, et de livrer leurs dépouilles au pillage.
14 Wogblɔ kpe ɖe ɖoɖo sia ŋu be, “Miɖe gbeƒã se sia le miaƒe nuto ɖe sia ɖe me, eye miana ame sia ame nanya nu tso eŋu, ale be wòawɔ eƒe dɔdeasi le ŋkeke ɖoɖo la dzi.”
Une copie du rescrit, afin que l'ordre fût donné dans toutes les provinces, fut communiquée à tous les peuples, afin qu'ils se tinssent prêts pour cette journée.
15 Woɖo agbalẽwo ɖa to fia la ƒe dɔtsɔla zazɛ̃tɔwo dzi le gbeƒãɖeɖe le Susa du la me megbe. Fia Ahasuerus kple Haman wonɔ anyi nɔ aha nom esime vɔvɔ̃ lé amewo, eye ʋunyaʋunya dzɔ le du blibo la me.
Les courriers partirent aussitôt sur l'ordre du roi, et l'édit fut promulgué dans Suse, la ville capitale. Et le roi et Aman s'attablèrent et burent; mais toute la ville de Suse était dans la consternation.

< Ester 3 >