< Ester 2 >

1 Esi Fia Ahasuerus ƒe dziku nu fa la, ede asi tamebubu me le ale si Vasti bu ɖee la ŋu. Enya be yemagakpɔe akpɔ o ɖe se si wòde ɖe eŋuti la ta.
After these events, when the fury of king Achashverosh was appeased, he remembered Vashti, and what she had done, and what had been decreed concerning her.
2 Ale eŋumewo gblɔ nɛ be, “Na míayi aɖadi ɖetugbi dzetugbetɔwo le fiaɖuƒe blibo la me akplɔ vɛ na wò.
Thus said the king's young men, his servants, Let there be sought for the king virgins handsome in appearance;
3 Fia la netɔ asi ame siwo anɔ dɔ sia nu le nuto ɖe sia ɖe me la dzi be woakplɔ ɖetugbi dzetugbe siawo ava nyɔnuwo ƒe nɔƒe le Susa fiasã la me. Na woanɔ Hegai, ame si nye fia la ƒe ŋutsu tata la ƒe dzikpɔkpɔ te, elabena eyae kpɔa nyɔnuwo dzi, eye wòanɔ atike ʋeʋĩ siwo nana nyɔnu dzea tugbe la sim na wo,
And let the king appoint officers in all the provinces of his kingdom, that they may gather together all the young virgins, handsome in appearance, unto Shushan the capital, into the house of the women, under the custody of Hege the king's chamberlain, the keeper of the women; and let them give them their customary anointings;
4 eye le esia megbe la, ɖetugbi si adze ŋuwò wu la, azu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.” Aɖaŋuɖoɖo la dze fia la ŋu, eya ta wòwɔ ɖe edzi.
And let the maiden who may be pleasing in the eyes of the king become queen instead of Vashti: and the speech was pleasing in the eyes of the king, and he did so.
5 Yudatɔ aɖe nɔ Susa fiasã la me, eŋkɔe nye Mordekai. Fofoae nye Yair, ame si fofoe nye Simei, ame si nye Kis, Benyamintɔ la ƒe vi.
There was a certain Jew in Shushan the capital, whose name was Mordecai, the son of Yair, the son of Shim'i, the son of Kish, a Benjamite;
6 Wolée esime Nebukadnezar gbã Yerusalem, eye wòɖe aboyoe kpe ɖe Yuda fia Yehoyatsin kple ame bubu geɖewo ŋu va Babilonia.
Who had been carried away into exile from Jerusalem with the exiles who had been exiled with Jeconyah, the king of Judah, whom Nebuchadnezzar the king of Babylon had carried into exile.
7 Vinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Mordekai tɔɖia si. Eŋkɔe nye Hadasa, gake wogayɔnɛ be Ester. Fofoa kple dadaa ku, eya ta Mordekai xɔe, eye wònyii abe eya ŋutɔ ƒe vinyɔnu ene.
And he had brought up Hadassah, that is Esther, the daughter of his uncle; for she had neither father nor mother, and the maiden was beautiful in form and handsome in appearance; and when her father and mother were dead, Mordecai had taken her to himself as a daughter.
8 Ale le fia la ƒe sedede nu la, wokplɔ ɖetugbi geɖewo yi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la le Susa fiasã la me, eye wotsɔ wo de Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te. Wokplɔ Ester hã va fiasã la me, eye wotsɔ eya hã de nyɔnuwo dzi kpɔla, Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te.
And it came to pass, when the king's order and his decree were heard, and when many maidens were brought together unto Shushan the capital, under the custody of Hegai, that Esther also was brought unto the king's house, under the custody of Hegai, the keeper of the women.
9 Hegai, fiasrɔ̃wo dzikpɔla la kpɔ ŋudzedze blibo le Ester ŋu, eye wòwɔ nu sia nu si ana wòakpɔ dzidzɔ la nɛ. Ena woɖaa nu tɔxɛwo nɛ, eye wosiaa tugbedzetikewo nɛ. Etsɔ nyɔnuvi adre nɛ tso fiasã la me be woanye eƒe subɔlawo. Hegai tsɔ teƒe nyuitɔ wu le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la nɛ.
And the maiden was pleasing in his eyes, and she obtained favor before him; and he made haste to give her her anointings, with her presents, and the seven maidens, who were selected to be given her, out of the king's house: and he preferred her and her maidens with the best things in the house of the women.
10 Ke Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔ yenye o, elabena Mordekai de se nɛ.
Esther told nothing of her people or of her descent; for Mordecai had charged her that she should not tell.
11 Hegai vaa nyɔnuwo ƒe nɔƒe la va biaa Ester ƒe agbe ta se.
And day by day did Mordecai walk before the court of the house of women, to ascertain the well-being of Esther, and what would be done with her.
12 Hafi wòaɖo ɖetugbi aɖe dzi woakplɔe ayi ɖe Fia Ahasuerus ŋkumee la, ele be wòato tugbedzetike ʋeʋĩwo sisi me ɣleti wuieve abe ale si woɖoe na nyɔnuwoe ene. Woasi mir nyui nɛ ɣleti ade, eye woasi ami ʋeʋĩ kple atike bubuwo hã nɛ ɣleti ade.
And when the turn of every maiden was come to go in unto king Achashverosh, at the expiration [of the time] that she had been treated according to the custom of the women, twelve months; for so were the days of their anointings accomplished, six months with the oil of myrrh, and six months with sweet odors, and with other ointments of the women;
13 Ale si wòawɔ hafi ayi ɖe fia la gbɔe nye esi: Nu sia nu si ɖetugbi la bia la, woatsɔe nɛ le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la be wòatsɔ ayi ɖe fiasã la mee.
And thus came the maiden unto the king; [and] whatsoever she asked for was given her to go with her out of the house of the women as far as the house of the king.
14 Le fiẽ me la, ayi ɖe fia la gbɔ, atrɔ gbɔ le ŋdi, ayi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la ƒe akpa bubu si le ŋutsu tata Saasgaz ƒe dzikpɔkpɔ te, ame si kpɔa fia la ƒe ahiãviwo dzi. Ɖetugbi la magatrɔ ayi ɖe fia la gbɔ o, negbe eƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòna woyɔe nɛ hafi.
In the evening she went, and in the morning she returned unto the second house of the women, to the custody of Sha'ashgas, the king's chamberlain, the keeper of the concubines: she used not to come again unto the king, except the king desired for her, and she was called by name.
15 Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe.
And when the turn of Esther, the daughter of Abichayil, the uncle of Mordecai, who had taken her to himself as a daughter, was come to go in unto the king, she required nothing but what Hegai the king's chamberlain, the keeper of the women, said: and Esther obtained grace in the eyes of all those that beheld her.
16 Ale wokplɔ Ester yi na Fia Ahasuerus le ɣleti ewolia si woyɔna be Tebet la me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me.
And Esther was taken unto king Achashverosh, unto his royal house, in the tenth month, which is the month Tebeth, in the seventh year of his reign.
17 Fia la lɔ̃ Ester wu ɖetugbiawo dometɔ ɖe sia ɖe. Ekpɔ dzidzɔ le eŋu ale gbegbe be wòɖɔ fiakuku la nɛ, eye wòna wòzu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.
And the king loved Esther above all the women, and she obtained grace and favor before him more than all the virgins; and he placed the royal crown upon her head, and made her queen instead of Vashti.
18 Fia la gaɖo kplɔ̃ gã aɖe na Ester kple eƒe bubumewo kple dɔnunɔlawo. Etsɔ nunana na ame sia ame, eye wòna ga eƒe nutowo tso adzɔ siwo wodzɔna nɛ la me.
And the king made a great feast unto all his princes and his servants, the feast of Esther; and he made a release of taxes to the provinces, and gave presents, according to the ability of the king.
19 Le esia megbe la, hafi woakplɔ Ester kple ɖetugbi bubuawo ayi fiasrɔ̃wo ƒe nɔƒe zi evelia la, Mordekai zu fiaŋumewo dometɔ ɖeka, eye wònɔ fia la ƒe agbo nu.
And when virgins were gathered together the second time, then was Mordecai sitting in the king's gate.
20 Va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔe yenye o, elabena egalé Mordekai ƒe sewo me ɖe asi abe ale si wòwɔ le Mordekai ƒe aƒe me ene.
[But] Esther had not yet told of her descent nor her people; as Mordecai had charged her; and Esther did [fulfill] the order of Mordecai, equally as when she was under his guardianship.
21 Gbe ɖeka la, esime Mordekai nɔ dɔ wɔm le fiasã la me la, ŋutsu eve siwo nye fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo, Bigtan kple Teres, ame siwo nɔ fiasã la ƒe agboa nu dzɔm la do dɔmedzoe ɖe fia la ŋu, eye woɖo be yewoawu Fia Ahasuerus.
In those days, while Mordecai was sitting in the king's gate, Bigthan and Theresh, two chamberlains of the king, of those who kept the door, became wroth, and sought to lay [their] hand on king Achashverosh.
22 Mordekai se woƒe ɖoɖo la, eye wòfi tofi na Fianyɔnu Ester tso eŋu. Ester hã ka nya la ta na fia la, eye wòna fia la nya be Mordekai ye fi tofi la na ye.
And the thing became known to Mordecai, and he told it unto Esther the queen; and Esther said it to the king in the name of Mordecai.
23 Woto nya la me, tso kufia na ame eveawo, eye wode ka ve na wo. Woŋlɔ nyadzɔdzɔ sia ɖe Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya me.
And the thing was inquired into and found true; and they were both of them hanged on a gallows; and it was written in the book of chronicles before the king.

< Ester 2 >