< Ester 10 >
1 Fia Ahasuerus ɖo nudzɔdzɔ ame siwo le anyigba la ŋutɔ kple ame siwo le ƒukpowo gɔ̃ hã dzi la siaa dzi.
And King Ahasuerus put a tax on the land and on the islands of the sea.
2 Woŋlɔ Fia Ahasuerus ƒe nu gã siwo wòwɔ kple Mordekai ƒe gãnyenye kple bubu siwo fia la de eŋu la ɖe Media fiawo kple Persia fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me.
And all his acts of power and his great strength and the full story of the high place which the king gave Mordecai, are they not recorded in the book of the history of the kings of Media and Persia?
3 Mordekai, Yudatɔ la nye amegã si kplɔ Fia Ahasuerus ɖo. Exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome. Wo katã wobunɛ, elabena ewɔ nu si wòate ŋui la na Yudatɔwo ƒe nyonyo kple woƒe dzidzimeviwo ƒe dedinɔnɔ.
For Mordecai the Jew was second only to King Ahasuerus, and great among the Jews and respected by the body of his countrymen; working for the good of his people, and saying words of peace to all his seed.