< Efesotɔwo 6 >

1 Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe.
Children, obey your parents in the Lord, for this is right.
2 “Bu fofowò kple dawò,” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo,
“Honor yoʋr father and mother” (which is the first commandment with a promise),
3 “be wòadze edzi na wò nyuie, eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi.”
“that it may be well with yoʋ and yoʋ may live long on the earth.”
4 Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.
Fathers, do not provoke your children to anger, but bring them up in the training and admonition of the Lord.
5 Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe aƒetɔ siwo le anyigba dzi, mide bubu wo ŋu le vɔvɔ̃ me. Misubɔ wo le anukware blibo me abe ale si miasubɔ Kristo ene.
Slaves, obey your earthly masters with fear and trembling, and with sincerity of heart, just as you would obey Christ.
6 Miɖo to wo, menye ɖe esi woakpɔ ŋudzedze le mia ŋu ta o, ke boŋ abe Kristo ƒe kluvi siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm tso miaƒe dzime ke ene.
Do not try to please them only when they are watching you, but act like slaves of Christ, doing the will of God from your heart.
7 Misubɔ tso dzi blibo me ke abe Aƒetɔ la subɔm miele ene, ke menye amegbetɔ o,
Serve with a good attitude, as serving the Lord and not men,
8 elabena mienya be Aƒetɔ la ana fetu ame sia ame ɖe eƒe dɔ nyui wɔwɔ ta, eɖanye kluvi alo ablɔɖevi o.
knowing that whatever good anyone does he will receive back from the Lord, whether he is a slave or free.
9 Mi aƒetɔwo la, miwɔ nu dzɔdzɔewo ɖe miaƒe kluviwo ŋuti abe ale si megblɔ na wo be woawɔ na mi ene. Migado ŋɔdzi na wo o, miɖo ŋku edzi be ame sia nye mi katã ƒe Aƒetɔ le dziƒo, eye Aƒetɔ sia mekpɔa ame aɖeke ƒe ŋkume o.
Masters, do the same for your slaves and stop threatening them, because you know that your own Master is in heaven, and there is no partiality with him.
10 Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la.
Finally, my brothers, be strong in the Lord and in the power of his might.
11 Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu.
Put on the full armor of God so that you may be able to stand against the schemes of the devil.
12 Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me. (aiōn g165)
For we wrestle not against flesh and blood, but against the rulers, against the authorities, against the cosmic powers of the darkness of this age, and against the spiritual forces of evil in the heavenly places. (aiōn g165)
13 Eya ta mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be ne ŋkeke vɔ̃ la ɖo la, miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu, eye ne miewɔ aʋa la vɔ la, miaganɔ te sesĩe.
Therefore take up the full armor of God so that you may be able to resist the enemy on the day of evil, and after you have done everything, to stand firm.
14 Minɔ te sesĩe, mitsɔ nyateƒe la bla ali dzi, eye miatsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtablanu la atsyɔ akɔta,
Stand firm therefore by fastening the belt of truth around your waist, putting on the breastplate of righteousness,
15 eye mido afɔkpa siwo ana mianɔ klalo na gbeƒãɖeɖe ŋutifafanyanyui la.
and shodding your feet with the readiness of the gospel of peace.
16 Kpe ɖe esiawo katã ŋu la, milé xɔse ƒe akpoxɔnu la ɖe asi, elabena eyae miatsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene lae.
Above all, take up the shield of faith, with which you will be able to extinguish all the flaming arrows of the evil one.
17 Mitsɔ xɔxɔkpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene, eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi.
Take the helmet of salvation and the sword of the Spirit, which is the word of God.
18 Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta.
Pray in the Spirit at all times, with every prayer and supplication, and to this end, stay alert and be persistent in praying for all the saints.
19 Mido gbe ɖa ɖe nye hã tanye be ne mele nu ƒom la, Mawu nade nya nu nam, be maƒo nu dzideƒotɔe ne mele gbeƒã ɖem nyanyui la ƒe nya ɣaɣlawo,
Pray also for me, so that when I open my mouth to speak, a message may be given to me to make known with boldness the mystery of the gospel,
20 nu si ta menye ame dɔdɔ si le game ɖo. Mido gbe ɖa be magblɔ nyanyui la vɔvɔ̃manɔmee, ale si mate ŋui.
for which I am an ambassador in chains. Pray that I may declare it boldly, as I should.
21 Tikiko, ame si nye nɔvi lɔlɔ̃a kple dɔla nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me la agblɔ nya sia nya na mi, be miawo hã mianya nu tso ŋunye kple nu si wɔm mele.
Tychicus, the beloved brother and faithful servant in the Lord, will give you a full report about how I am doing so that you may be informed.
22 Susu sia dzaa ta ko mele edɔm ɖo ɖe mia gbɔ be mianya ale si míele, eye be wòade dzi ƒo na mi.
I have sent him to you for this very purpose, that you may know how we are doing and that he may encourage your hearts.
23 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nenɔ anyi kpli mi.
Peace be with the brothers, and love with faith, from God the Father and the Lord Jesus Christ.
24 Mawu ƒe amenuveve kple yayra nanɔ ame siwo katã ɖe lɔlɔ̃ makumaku fia míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo la.
Grace be with all who love our Lord Jesus Christ with an undying love. Amen.

< Efesotɔwo 6 >